Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 1

Do Ŋgɔ Na Yesu Ƒe Subɔsubɔdɔa Gɔmedzedze

“Eya anye gã.”—Luka 1:32

Do Ŋgɔ Na Yesu Ƒe Subɔsubɔdɔa Gɔmedzedze

LE AKPA SIA

TA 1

Gbedeasi Eve Siwo Tso Mawu Gbɔ

Mawudɔla Gabriel va gblɔ gbedeasi siwo dzi xɔxɔ se sesẽ.

TA 2

Wode Bubu Yesu Ŋu Hafi Wodzii

Aleke Elizabet kple via si le dɔ me nɛ la siaa de bubu Yesu ŋui?

TA 3

Wodzi Ame Si Ava Dzra Mɔ Dzi Ðo

Esi Zakariya gate nuƒoƒo nukutɔe teti ko la, egblɔ nya vevi aɖe ɖi.

TA 4

Maria Fɔ Fu Evɔ Meɖe Srɔ̃ O

Esi Maria gblɔ na Yosef be menye ŋutsu aɖekee do fu ye o, ke boŋ to gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ mee yefɔ fu le la, ɖe Yosef xɔ edzi sea?

TA 5

Yesu Dzidzi—Afi Kae Eye Ɣekaɣie?

Aleke míewɔ nya be womedzi Yesu le December 25 lia dzi o?

TA 6

Vi Si Ƒe Ŋugbe Wodo La

Esi Yosef kple Maria kɔ Yesu, vidzĩ la va gbedoxɔa me la, ŋutsu kple nyɔnu nyagblɔɖila tsitsi eve gblɔ nya ɖi ku ɖe Yesu ƒe etsɔme ŋu.

TA 7

Ɣletivimefakalawo Va Kpɔ Yesu Ða

Nu ka tae ɣletivi si wokpɔ le Ɣedzeƒe la mekplɔ wo yi Yesu gbɔ gbã o, ke boŋ wòkplɔ wo yi Fia Herodes, amewula la gbɔ?

TA 8

Wosi Le Dziɖula Vɔ̃ɖi Aɖe Nu

Biblia me nyagblɔɖi etɔ̃ siwo ku ɖe Mesia ŋu la va eme le Yesu ƒe ɖevime.

TA 9

Yesu Ƒe Agbenɔnɔ Le Nazaret

Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu nenie nɔ Yesu si?

TA 10

Yesu Ƒe Ƒomea Zɔ Mɔ Yi Yerusalem

Yosef kple Maria tsi dzi vevie esime womenɔ Yesu kpɔm o, eye ewɔ nuku na Yesu hã be womenya afi si woadi ye le enumake o.

TA 11

Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa Dzra Mɔ Dzi Ðo

Esi Farisitɔwo kple Zadukitɔ aɖewo va Yohanes gbɔ la, eka mo na wo vevie. Nu ka tae?