Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 1

Gbedeasi Eve Siwo Tso Mawu Gbɔ

Gbedeasi Eve Siwo Tso Mawu Gbɔ

LUKA 1:5-33

  • MAWUDƆLA GABRIEL GBLƆ YOHANES AMENYRƆÐETSIMELA DZIDZI ŊU NYA ÐI

  • GABRIEL GBLƆ YESU DZIDZI ŊU NYA ÐI NA MARIA

Míate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be Biblia blibo la nye gbedeasi si tso Mawu gbɔ. Mía Fofo si le dziƒo lae tsɔe na mí hena míaƒe nufiafia. Gake na míalé ŋku ɖe gbedeasi tɔxɛ eve siwo ame aɖewo xɔ ƒe 2,000 kple edzivɔwoe nye esi va yi la ŋu kpɔ. Mawudɔla aɖe si ŋkɔe nye Gabriel, si “nɔa tsitre ɖe Mawu ŋkume” lae tsɔ gbedeasiawo vɛ. (Luka 1:19) Nɔnɔme kawo mee mawudɔlaa va gblɔ gbedeasi vevi mawo le?

Ƒe 3 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me lɔƒoe. Afi kae Gabriel va gblɔ gbedeasi gbãtɔ le? Eva gblɔe na Yehowa ƒe nunɔla aɖe si ŋkɔe nye Zakariya, si nɔ Yudea togbɛwo dzi, ɖewohĩ le afi si medidi boo tso Yerusalem gbɔ o. Eya kple srɔ̃a Elizabet wotsi, gake womedzi vi aɖeke o. Eɖo Zakariya dzi be wòawɔ nunɔladɔ le Mawu ƒe gbedoxɔa me le Yerusalem. Esime Zakariya le gbedoxɔa me la, kasia Gabriel va do ɖe dzudzɔdomlekpuia gbɔ.

Mewɔ nuku o be esia na Zakariya vɔ̃ ŋutɔ. Gake mawudɔlaa na Zakariya ɖe dzi ɖi esi wògblɔ nɛ be: “Zakariya, mègavɔ̃ o, elabena wose wò kokoƒoƒo la, srɔ̃wò Elizabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nàna ŋkɔe be Yohanes.” Gabriel gblɔ kpee be Yohanes “anye gã le Yehowa ŋkume” eye “wòadzra dukɔ la ɖo ɖi wòasu te na Yehowa.”—Luka 1:13-17.

Ewɔ na Zakariya be esia mate ŋu adzɔ o. Nu ka tae? Esi eya kple Elizabet wotsi tae. Eya ta Gabriel gblɔ nɛ be: “Wò aɖe atu, eye màgate ŋu aƒo nu o, va se ɖe gbe si gbe nu siawo va eme, elabena mèxɔ nye [nyawo] dzi se o.”—Luka 1:20.

Le ɣeyiɣi sia me la, ame siwo le gota la wɔ yaa le nu si tae Zakariya tsi gbedoxɔa me nenema gbegbe ɖo la ŋu. Edo go mlɔeba, gake megate ŋu nɔ nu ƒom o. Dzesiwo ko wɔm Zakariya nɔ kple eƒe asiwo. Edze ƒãa be ekpɔ nu dziŋɔ aɖe esime wònɔ gbedoxɔa me.

Esi ɣeyiɣi si Zakariya asubɔ le gbedoxɔa me wu enu la, etrɔ yi aƒe me. Ema megbe kpuie la, Elizabet fɔ fu! Esi wòsusɔ ɣleti atɔ̃ ne Elizabet nadzi vi la, esika eɖokui ɖe aƒe me eye medona ɖe amewo dome o.

Emegbe Gabriel gado ake. Ame kae wòƒo nu na? Ðetugbui aɖe si meɖe srɔ̃ o, si ŋkɔe nye Maria, ame si nɔ Nazaret le Galilea, si le Yerusalem ƒe dziehe gome lae. Nya kae mawudɔlaa gblɔ nɛ? Egblɔ nɛ be: “Mawu ve nuwò.” Gabriel gagblɔ na Maria be: “Kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu.” Egagblɔ kpee be: “Eya anye gã, eye woayɔe be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, eye . . . aɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe la dzi tegbee, eye nuwuwu manɔe na eƒe Fiaɖuƒe la o.”—Luka 1:30-33.

Bu ale si gbegbe Gabriel se le eɖokui me ɖe mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòagblɔ gbedeasi eve mawo la ŋu kpɔ. Ne míele nu geɖe xlẽm tso Yohanes kple Yesu ŋuti la, nu si tae gbedeasi siawo siwo tso dziƒo la le vevie ŋutɔ la me ava kɔ na mí wu.