Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 6

Vi Si Ƒe Ŋugbe Wodo La

Vi Si Ƒe Ŋugbe Wodo La

LUKA 2:21-39

  • WOTSO AƲA NA YESU EYE EMEGBE WOKƆE VA GBEDOXƆA ME

Le esi Yosef kple Maria natrɔ ayi Nazaret teƒe la, wotsi Betlehem. Esi Yesu xɔ ŋkeke enyi la, wotso aʋa nɛ abe ale si Se si Mawu de na Israel-viwo la bia ene. (3 Mose 12:2, 3) Ɣemaɣi la, ŋkeke ma ke dzie wotsɔa ŋkɔ na ŋutsuvi. Wotsɔ ŋkɔ na wo vi la be Yesu, abe ale si mawudɔla Gabriel gblɔ na wo do ŋgɔ ene.

Ɣleti ɖeka kple edzivɔ va yi, eye Yesu xɔ ŋkeke 40. Afi kae edzilawo kɔe yi fifia? Wokɔe yi gbedoxɔa me le Yerusalem si le dzigbe gome, si didi tso afi si wole la gbɔ agbadroƒe ʋɛ aɖewo ko. Sea bia tso vidada si be wòasa ŋutikɔklɔvɔ le gbedoxɔa me ne edzi ŋutsuvi wòxɔ ŋkeke 40.—3 Mose 12:4-8

Nu mae Maria wɔ. Xevi sue evee wòtsɔ vɛ be yeatsɔ asa vɔ lae. Esia ɖe nane fia ku ɖe Yosef kple Maria ƒe ganyawo ŋu. Sea bia be woatsɔ alẽtsui ɖeka kple xevi ɖeka asa vɔe. Gake ne vidadaa mate ŋu ana esia o la, ate ŋu ana akpakpa eve alo ahɔnɛ eve. Nu siawoe Maria tsɔ sa vɔe le eƒe nɔnɔmea ta.

Le gbedoxɔa me la, amegãɖeɖi aɖe te ɖe Yosef kple Maria ŋu. Eŋkɔe nye Simeon. Mawu ɖee fiae be akpɔ Kristo, alo Mesia si ŋugbe Yehowa do la hafi aku. Le ŋkeke sia dzi la, gbɔgbɔ kɔkɔea na Simeon yi gbedoxɔa me, afi si wòkpɔ Yosef kple Maria kpakple ɖevi si wolé ɖe asi la le. Simeon xɔ vidzĩ la.

Esi Simeon xɔ Yesu ɖe asi la, eda akpe na Mawu gblɔ be: “Azɔ Aƒetɔ Dziɖulagã, èɖe mɔ na wò kluvi la be wòaku le ŋutifafa me abe ale si nègblɔe ene, elabena nye ŋkuwo kpɔ wò xɔxɔ si nèdzra ɖo le dukɔwo katã ŋkume la, kekeli si aɖe nu si tsyɔ ŋkume na dukɔwo la ɖa, eye wònye wò dukɔ Israel ƒe ŋutikɔkɔe.”—Luka 2:29-32.

Esi Yosef kple Maria se nya sia la, ewɔ moyaa na wo. Simeon yra wo eye wògblɔ na Maria be “woɖo [via] anyi hena ame geɖewo ƒe anyidzedze kple ame geɖewo ƒe dodoɖedzi le Israel,” eye nuxaxa aƒo ɖe Maria abe yi ɖaɖɛ ene.—Luka 2:34.

Ame bubu aɖe hã nɔ eteƒe gbe ma gbe. Eyae nye Hana, nyɔnu nyagblɔɖila si xɔ ƒe 84. Le nyateƒe me la, medzona le gbedoxɔa me o. Le gaƒoƒo ma tututu me la, ete ɖe Yosef, Maria kple Yesu, vidzĩ la ŋu. Hana te akpedada na Mawu kple nuƒoƒo tso Yesu ŋu na ame siwo katã aɖo toe.

Kpɔ ale si gbegbe dzi adzɔ Yosef kple Maria le gbedoxɔ me nudzɔdzɔ siawo ta ɖa! Esiawo katã ɖo kpe edzi na wo be ɖevi lae nye Ame Si Ŋugbe Mawu Do vavã.