Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 3

Subɔsubɔdɔ Gã Si Yesu Wɔ Le Galilea

‘Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me be:“Fiaɖuƒe la gogo.”’​—Mateo 4:17

Subɔsubɔdɔ Gã Si Yesu Wɔ Le Galilea

LE AKPA SIA

TA 20

Eƒe Nukunu Evelia Esime Wòle Kana

Yesu da gbe le ŋutsuvi si le didiƒe tso egbɔ anɔ kilometa 26 la ŋu.

TA 21

Eyi Ƒuƒoƒea Le Nazaret

Nya kae Yesu gblɔ si na wo detɔwo di be yewoawui?

TA 22

Nusrɔ̃la Ene Ava Nye Ameɖelawo

Emia asi wo be woaɖe asi le lãɖeɖedɔ ƒomevi aɖe ŋu ava dze bubu gɔme.

TA 23

Yesu Wɔ Nukudɔwo Le Kapernaum

Ne Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me la, meɖea mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃awo be woagblɔ na amewo be Mawu ƒe Vie yenye o. Nu ka tae?

TA 24

Yesu Dzi Eƒe Subɔsubɔdɔa Ðe Edzi Le Galilea

Amewo va Yesu gbɔ be wòada dɔ na yewo, gake Yesu ɖe eme na wo be taɖodzinu si le vevie wu lae le yeƒe subɔsubɔdɔa ŋu.

TA 25

Anyidɔléla Aɖe Ƒe Nu Wɔ Nublanui Na Yesu Wòda Dɔ Nɛ

Yesu gblɔ nya kpui wɔdɔɖeamedzi aɖe si ɖe ale si gbegbe wòtsɔ ɖe le eme na ame siwo ŋu wòda gbe le la fia.

TA 26

“Wotsɔ Wò Nu Vɔ̃wo Ke Wò”

Aleke Yesu ɖee fia be ƒomedodo le nu vɔ̃ kple dɔléle dome?

TA 27

Yesu Yɔ Mateo

Nu ka tae Yesu ɖu nu kple ame siwo amewo nya nyuie be wonye nu vɔ̃ wɔlawo?

TA 28

Nu Ka Tae Yesu Ƒe Nusrɔ̃lawo Metsi Nu Dɔ O?

Yesu tsɔ lãgbalẽgolo wɔ kpɔɖeŋui tsɔ ɖo nyaa ŋu.

TA 29

Ðe Woate Ŋu Awɔ Dɔ Nyuiwo Le Sabat Dzia?

Nu ka tae Yudatɔwo ti Yesu yome be eda gbe le ŋutsu aɖe si le dɔ lém ƒe 38 sɔŋ la ŋu?

TA 30

Ƒomedodo Si Le Yesu Kple Fofoa Dome

Yudatɔwo susui be Yesu tsɔ eɖokui le sɔsɔm kple Mawu, gake Yesu na eme kɔ ƒãa be Mawu lolo wu ye.

TA 31

Nukuwo Ŋeŋe Le Sabat Dzi

Nu ka tae Yesu gblɔ be yenye ‘Sabat la ƒe Aƒetɔ’ ɖo?

TA 32

Nu Ka Ŋue Se Ðe Mɔ Ðo Le Sabat Dzi?

Zadukitɔwo kple Farisitɔwo siwo menyina o la va wɔ ɖeka le susu aɖe ta.

TA 33

Ena Yesaya Ƒe Nyagblɔɖia Va Eme

Nu ka tae Yesu de se na ame siwo wòda dɔ na la be woagana amewo nadze si ye alo woagblɔ nu si yewɔ la o?

TA 34

Yesu Tia Apostolo Wuieve

Vovototo kae le apostolo kple nusrɔ̃la dome?

TA 35

Todzimawunya Xɔŋkɔ La

Xlẽ nu tso Yesu ƒe nuƒoa me nya vevi aɖewo me ɖeɖe ŋu.

TA 36

Asrafomegã Aɖe Ðe Xɔse Sẽŋu Fia

Nu kae asrafomegã sia wɔ si wɔ nuku na Yesu?

TA 37

Yesu Fɔ Ahosi Aɖe Viŋutsu Ðe Tsitre

Ame siwo kpɔ nukunu sia teƒe la de dzesi gɔmesese vevi si le eŋu.

TA 38

Yohanes Di Be Yease Nya Aɖe Tso Yesu Gbɔ

Nu ka tae Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa bia nenye be Yesue nye Mesia la? Ði kemee Yohanes lea?

TA 39

Yesu Do Baba Na Dzidzime Sẽdzime Aɖe

Yesu gblɔ be le Ʋɔnudrɔ̃gbea la, anɔ bɔbɔe na Sodom-nyigba la wu Kapernaum, si nye du si me wònɔ hewɔ dɔ geɖe le la.

TA 40

Tsɔtsɔke Ŋuti Nufiame Aɖe

Esi Yesu gblɔ na nyɔnu aɖe si anya nye gbolo la be wotsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee la, ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be megblẽ naneke be ame nada le Mawu ƒe se dzi oa?

TA 41

Ame Ka Ƒe Ŋusẽ Mee Wòwɔ Nukunuwo Le?

Yesu nɔviŋutsuwo susui be eƒe tagbɔ le gbegblẽm.

TA 42

Yesu Ka Mo Na Farisitɔwo

Nu kae nye “nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la”?

TA 43

Fiaɖuƒea Ŋuti Lododowo

Yesu do lo enyi tsɔ ɖe Dziƒofiaɖuƒea me.

TA 44

Yesu Tsi Ahom Nu Le Ƒu Dzi

Ale si Yesu na yaƒoƒo kple ƒu dzeagbo la dze akɔ anyi la fia nu vevi aɖe mí ku ɖe ale si agbea anɔ le eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua te la ŋu.

TA 45

Ekpɔ Ŋusẽ Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃ Geɖewo Dzi

Ðe gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewo ate ŋu anɔ ame ɖeka mea?

TA 46

Ehaya Esi Wòka Asi Yesu Ƒe Awu Ŋu

Yesu ɖe eƒe ŋusẽ kple dɔmetɔtrɔ fia le nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi sia me.

TA 47

Nyɔnuvi Dzaa Aɖe Gbɔ Agbe!

Esi Yesu gblɔ be alɔ̃ ko dɔm nyɔnuvi aɖe si ku la le la, amewo koe. Nu kae Yesu nya si woawo ya menya o?

TA 48

Ewɔ Nukunuwo, Gake Wogbee Le Nazaret Gɔ̃ Hã

Nazaretetɔwo gbe Yesu, menye le eƒe nufiafia kple eƒe nukunuwo ta o, ke boŋ ɖe susu bubu aɖe ta.

TA 49

Gbeƒãɖeɖe Le Galilea Kple Hehenana Apostoloawo

Nu kae nya ‘Dziƒofiaɖuƒe la gogo’ fia ŋutɔŋutɔ?

TA 50

Wosu Te Aɖe Gbeƒã Le Yometitiwo Gɔ̃ Hã Me

Esi Yesu gblɔ na apostoloawo be womegavɔ̃ ku o ɖe, ke nu ka tae wògblɔ be ne woti wo yome la woasi?

TA 51

Amewuwu Le Dzigbezã Aɖe Ðuɣi

Salome ƒe ɣeɖuɖu dzɔ dzi na Herodes ale gbegbe be wòka atam be yeatsɔ nu sia nu si wòabia la anɛ. Nu dziŋɔ kae wòbia?

TA 52

Yesu Tsɔ Abolo Kple Tɔmelã Ʋɛ Aɖewo Nyi Ame Akpe Geɖe

Yesu ƒe nukunu sia ɖe dzesi ale gbegbe be Nyanyuigbalẽ eneawo katã ƒo nu tso eŋu.

TA 53

Dziɖula Si Kpɔ Ŋusẽ Ðe Dzɔdzɔmenuwo Dzi

Nu kae apostoloawo srɔ̃ tso ale si Yesu zɔ tsi dzi eye wòtsi ahom nu la me?

TA 54

Yesu—“Agbebolo La”

Nu ka tae Yesu ka mo na amewo togbɔ be wodze agbagba geɖe hafi te ŋu va egbɔ?

TA 55

Yesu Ƒe Nyawo Ðia Ame Geɖe Nu

Yesu ƒe nufiafia aɖe ɖia amewo nu ale gbegbe be eƒe nusrɔ̃la geɖe trɔ le eyome.

TA 56

Nu Kae Ƒoa Ði Ame Ŋutɔŋutɔ?

Nu si yia eƒe nu mee loo alo nu si doa go tsoa emee?

TA 57

Yesu Da Gbe Le Nyɔnuvi Aɖe Kple Tokunɔ Aɖe Ŋu

Esi Yesu tsɔ dukɔ si me nyɔnu aɖe tso la me tɔwo sɔ kple avuviwo la, nu ka tae dzi meku nyɔnua o?

TA 58

Ena Abolo Dzi Ðe Edzi Eye Wòxlɔ̃ Nu Tso Amɔwɔʋãnu Ŋu

Yesu ƒe nusrɔ̃lawo se amɔwɔʋãnu si ŋu nya gblɔm wòle la gɔme mlɔeba.

TA 60

Nɔnɔmetɔtrɔ La—Enye Kristo Ƒe Ŋutikɔkɔe Ƒe Ðeɖefia

Nu kae nye nɔnɔmetɔtrɔ la? Nu kae wòfia?

TA 61

Yesu Da Gbe Le Ŋutsuvi Si Me Gbɔgbɔ Vɔ̃ Le Ŋu

Yesu gblɔ be xɔse ʋɛ gbɔe wòtso be womete ŋu da gbe le ɖevia ŋu o, gake ame ka ƒe xɔsee nɔ ʋɛ? Ðeviae loo, fofoae loo, alo Yesu ƒe nusrɔ̃lawoe?

TA 62

Ðokuibɔbɔ Ƒe Nufiame Vevi Aɖe

Ŋutsu tsitsiwo srɔ̃ nu vevi aɖe tso ɖevi sue aɖe gbɔ.

TA 63

Yesu Xlɔ̃ Nu Tso Nukiklizuzu Na Ame Kple Nu Vɔ̃ Ŋu

Eƒo nu tso afɔ etɔ̃ siwo wòle be woaɖe atsɔ akpɔ ŋkubiãnyawo gbɔe le nɔviwo dome ŋu.

TA 64

Ale Si Wòhiã Be Woatsɔ Ake

Yesu zã kpɔɖeŋu si ku ɖe kluvi makpɔnublanuia ŋu tsɔ ɖee fia be le Mawu gbɔ la, ele vevie ŋutɔ be míalɔ̃ faa atsɔe ake ame bubuwo.

TA 65

Efia Nu Esime Wozɔ Mɔ Yina Yerusalem

Le dzeɖoɖo kpui etɔ̃ aɖewo me la, Yesu ƒo nu tso nɔnɔme siwo ate ŋu axe mɔ na ame be madze ye yome o la ŋu.