Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 45

Ekpɔ Ŋusẽ Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃ Geɖewo Dzi

Ekpɔ Ŋusẽ Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃ Geɖewo Dzi

MATEO 8:28-34 MARKO 5:1-20 LUKA 8:26-39

  • ENYA GBƆGBƆ VƆ̃WO ÐO ÐE HAWO ME

Esi nusrɔ̃lawo to nudzɔdzɔ dovoɖiname ma me vɔ heɖi go la, wokpɔ nu ɖivɔvɔ̃ aɖe teƒe. Ŋutsu eve siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le siwo nɔ adã wɔm vevie la ƒu du tso ameɖibɔ si te ɖe afi ma ŋu la me gbɔna Yesu gbɔ! Nuŋlɔɖiawo he susu yi wo dometɔ ɖeka dzi wu, ɖewohĩ le esi eyae nɔ adã wɔm wu eye gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi ɣeyiɣi didi wu ta.

Ŋutsu sia si ƒe nu wɔ nublanui la nɔa yiyim amama. Zã kple keli la, enɔa “yɔdowo me kple towo dzi henɔa ɣli dom, eye wòtsɔa kpewo nɔa eɖokui sim.” (Marko 5:5) Ewɔa adã ale gbegbe be dzi menɔa amewo ƒo be woato mɔ ma o. Ame aɖewo dze agbagba be yewoablae, gake ɖeko wòtsoa kɔsɔkɔsɔawo heŋea kunyowu siwo wodea afɔ nɛ. Ame aɖeke mete ŋu kpe edzi o.

Esi ŋutsua gogo Yesu eye wòdze klo ɖe eƒe afɔnu la, gbɔgbɔ vɔ̃ siwo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi la na wòdo ɣli be: “Nya kae le nye kpli wò dome, Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi? Tà Mawu nam be màwɔ fum o.” Yesu ɖee fia be yekpɔ ŋusẽ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi esi wòblu ɖe gbɔgbɔa ta be: “Wò, gbɔgbɔ makɔmakɔ, do go le amea me.”—Marko 5:7, 8.

Le nyateƒe me la, gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewoe le ŋutsua me. Esi Yesu biae be, “Ŋkɔwò ɖe?” hã la, eɖo eŋu be: “Ŋkɔnyee nye Aʋakɔ, elabena míesɔ gbɔ.” (Marko 5:9) Ɣemaɣi la, asrafo akpe geɖe ye nɔa Romatɔwo ƒe aʋakɔ me; eya ta esia fia be gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewoe nɔ fu wɔm ŋutsu sia henɔ dzidzɔ kpɔm ɖe fu si fiam wolee la ŋu. Woɖe kuku na Yesu be “meganya yewo ɖo ɖe aʋli la me o.” Edze ƒãa be wonya nu si ava dzɔ ɖe woawo ŋutɔwo kple woƒe ŋgɔnɔla Satana dzi.—Luka 8:31.

Ha gbogbo aɖewo siwo ade 2,000 la nɔ nu ɖum le afi si te ɖe afi ma ŋu. Le Sea nu la, hawo nye lã makɔmakɔ siwo mele be Yudatɔwo nanyi gɔ̃ hã o. Eya ta gbɔgbɔ vɔ̃awo gblɔ be: “Nya mí ɖo ɖe haawo me be míage ɖe wo me.” (Marko 5:12) Yesu gblɔ na wo be woayi haawo me, eye woge ɖe wo me. Enumake ha 2,000 la katã ƒu du kplikplikpli tso to la ƒe abu nu ge dze ƒu la me doo heno tsi ku.

Esi ame siwo le haawo kplɔm la kpɔe la, woƒu du yi ɖagblɔe le dua me kple kɔƒewo me. Ale ameawo va be yewoakpɔ nu si dzɔ ɖa. Esi wova la, wokpɔe be ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le la li nyuie eye eƒe mo kɔ. Edo awu azɔ hebɔbɔ nɔ anyi ɖe Yesu ƒe afɔnu!

Esi ame siwo se nya sia alo kpɔ ŋutsua menya nu si agate ŋu ava dzɔ o ta la, vɔvɔ̃ ɖo wo. Eya ta woɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewoƒe nutoa me. Esi Yesu nɔ tɔdziʋu ɖom be yeadzo la, ŋutsu si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ tsã la ɖe kuku nɛ be wòana yeayi kplii. Gake Yesu gblɔ na ŋutsua be: “Yi aƒe me le ƒowòmetɔwo gbɔ, eye nàgblɔ nu siwo katã Yehowa wɔ na wò kple ale si wòkpɔ nublanui na wòe la na wo.”—Marko 5:19.

Zi geɖe la, Yesu gblɔna na ame siwo ŋu wòda gbe le la be womegagblɔe na ame aɖeke o, elabena medi be amewo nanɔ te ɖe nya siwo ŋu woɖe ami ɖo dzi aƒo nya ta o. Le go sia me la, ame si me gbɔgbɔ vɔ̃a nɔ tsã la ƒe anyinɔnɔ nye kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ be ŋusẽ le Yesu si, eya ta ate ŋu aɖi ɖase na ame siwo gbɔ Yesu ŋutɔ mate ŋu aɖo o. Azɔ hã, ate ŋu ato eƒe ɖaseɖiɖi dzi aʋli Yesu ta ne amewo le nya manyomanyowo gblɔm tso haawo ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu. Eya ta ŋutsua dzo yi ɖanɔ gbeƒã ɖem tso nu si Yesu wɔ nɛ la ŋu le Dekapoli nutoa katã me.