Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 55

Yesu Ƒe Nyawo Ðia Ame Geɖe Nu

Yesu Ƒe Nyawo Ðia Ame Geɖe Nu

YOHANES 6:48-71

  • YESU ƑE ŊUTILÃ ÐUÐU KPLE EƑE ƲU NONO

  • EƑE NYAWO ÐIA AME GEÐE NU EYE WOTRƆ LE EYOME

Yesu le nu fiam tso ale si wònye abolo vavã si tso dziƒo la ŋu le ƒuƒoƒe aɖe si le Kapernaum. Edze ƒãa be esia nye nya si wògblɔ na ame siwo trɔ gbɔ tso Galilea-ƒua ƒe ɣedzeƒe gome, siwo ɖu abolo kple tɔmelã si wòna wo le afi ma la dzi yiyi.

Yesu yi eƒe numedzodzroa dzi ale: “Mia tɔgbuiwo ɖu mana le gbea dzi, gake woku.” Azɔ egblɔ tso eɖokui ŋu be: “Nyee nye agbebolo si ɖi tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖua abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbee; eye le nyateƒe me la, abolo si mana ɖe xexea ƒe agbe ta lae nye nye ŋutilã.”—Yohanes 6:48-51.

Le ƒe 30 K.Ŋ. ƒe adame la, Yesu gblɔ na Nikodemo be Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ Via na be wòanye Ðela. Azɔ Yesu le gbe tem ɖe edzi be ele be woaɖu yeƒe ŋutilã to vɔ si yeava sa la dzi xɔxɔ se me. Mɔ sia dzie woato akpɔ agbe mavɔ.

Gake ameawo se Yesu ƒe nyawo gɔme bubui. Wobia be: “Aleke wɔ ame sia atsɔ eƒe ŋutilã ana mí be míaɖu?” (Yohanes 6:52) Yesu di be yeƒe nyaselawo nase egɔme be yeƒe ŋutilã ɖuɖu la anye le kpɔɖeŋumɔ nu. Nya si wògblɔ kpee la ɖe gɔmesese si le eƒe nyaa ŋu la fia. Egblɔ be:

“Ne mieɖu Amegbetɔvi la ƒe ŋutilã, eye mieno eƒe ʋu o la, miakpɔ agbe o. Ame si ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, . . . elabena nye ŋutilã nye nuɖuɖu vavã, eye nye ʋu nye nunono vavã. Ame si ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la wɔa ɖeka kplim.”—Yohanes 6:53-56.

Bu ale si nya sia ave dɔme na Yudatɔ siwo nɔ to ɖomee la ŋu kpɔ! Woanya susu be amelãɖuɖu, alo dada le Mawu ƒe se si ku ɖe ʋu ŋu la ƒe nya gblɔm wòle. (1 Mose 9:4; 3 Mose 17:10, 11) Gake menye amelãɖuɖu alo ʋunono ŋutɔŋutɔ ƒe nya gblɔm Yesu le o. Nya si gblɔm wòle ye nye be ele be ame siwo katã di be yewoakpɔ agbe mavɔ la naxɔ vɔ si yeava sa ne yetsɔ yeƒe amegbetɔ ƒe ŋutilã deblibo la na hekɔ yeƒe ʋu ɖi la dzi ase. Gake eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe gɔ̃ hã mese eƒe nufiafia la gɔme o. Wo dometɔ aɖewo gblɔ be: “Tsoo! Nya sesẽ kae nye esia; ame kae ate ŋu ado dzi anɔ nya sia sem?”—Yohanes 6:60.

Esi Yesu de dzesii be yeƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo le liʋiliʋĩ lĩm la, ebia be: “Ðe nya sia ɖia mia nua? Ekema nu kae miawɔ ne miekpɔ Amegbetɔvi la wòyina dziƒo afi si wònɔ tsã? . . . Nya siwo megblɔ na mi la, gbɔgbɔ kple agbee wonye. Gake mia dometɔ aɖewo mexɔe se o.” Esi wògblɔ nya siawo la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe dzo, eye womegadzea eyome o.—Yohanes 6:61-64.

Eya ta Yesu trɔ ɖe eƒe apostolo 12-awo ŋu hebia wo be: “Ðe miawo hã miedi be yewoadzoa?” Petro ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, ame ka gbɔe míadzo ayi? Agbe mavɔ nyawo le asiwò. Míexɔe se, eye míeva dze sii be wòe nye Mawu ƒe Kɔkɔetɔ la.” (Yohanes 6:67-69) Nya siawo ɖe nuteƒewɔwɔ fia vavã, elabena ɣemaɣi gɔ̃ hã la, Petro kple apostolo bubuawo mese nu si fiam Yesu le la gɔme bliboe o!

Togbɔ be Petro ƒe nyaŋuɖoɖoa dze Yesu ŋu hã la, egblɔ be: “Ðe menye mi ame wuievee metia oa? Gake mia dometɔ ɖeka nye amegɔmezɔla.” (Yohanes 6:70) Yuda Iskariot ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe. Anye be le ɣeyiɣi sia me la, Yesu de dzesii be Yuda le afɔ siwo ava kplɔe ade nu gbegblẽ wɔwɔ me la ɖem.

Ke hã dzi adzɔ Yesu godoo be Petro kple apostolo bubuawo meɖe mɔ be naneke nahe wo ɖa le ye yome dzedze kple gomekpɔkpɔ le agbeɖeɖedɔ si wɔm yele la ŋu o.