Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 34

Yesu Tia Apostolo Wuieve

Yesu Tia Apostolo Wuieve

MARKO 3:13-19 LUKA 6:12-16

  • APOSTOLO WUIEVEAWO

Anɔ abe ƒe ɖeka kple afãe nye esia si Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa ɖe Yesu fia be eyae nye Mawu ƒe Alẽvi la. Esi Yesu dze eƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa gɔme la, dzianukwaretɔ geɖe va zu eƒe nusrɔ̃lawo. Wo dometɔ aɖewoe nye Andrea, Simon Petro, Yohanes, ɖewohĩ Yakobo (si nye Yohanes nɔviŋutsu), Filipo kple Bartolomeo (si wogayɔna be Nataniel). Emegbe ame bubu geɖewo hã va zu Kristo yomedzelawo.—Yohanes 1:45-47.

Ɣeyiɣia de azɔ be Yesu natia eƒe apostolowo. Ame siawo anye eƒe zɔhɛ kplikplikpli siwo wòana hehe tɔxɛe. Gake hafi Yesu natia wo la, eyi to aɖe si anya te ɖe Galilea-ƒua ŋu si medidi tso Kapernaum o la dzi. Edo gbe ɖa zã bliboa katã, eye anɔ eme be enɔ nunya kple Mawu ƒe yayra biam. Le ŋufɔke la, eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo vɛ eye wòtia ame 12 le wo dome be woanye yeƒe apostolowo.

Yesu tia ame ade siwo ƒe ŋkɔ míeyɔ va yi la kple Mateo, ame si wòyɔ tso adzɔxɔƒe la. Ame atɔ̃ susɔea siwo wòtiae nye Yuda (si wogayɔna be Tadeo alo “Yakobo vi”), Simon Veviedola la, Toma, Yakobo si nye Alfeo vi kple Yuda Iskariot.—Mateo 10:2-4; Luka 6:16.

Ame 12 siawo zɔ mɔ kple Yesu va yi eye enya wo nyuie. Wo dometɔ aɖewo hã nye eƒe ƒometɔwo. Edze ƒãa be Yakobo kpakple nɔvia Yohanes kple Yesu wonye nɔgãnɔɖiviwo. Eye abe ale si ame aɖewo bunɛ ene la, ne Alfeo nye Yosef, si xɔ Yesu abe via ene la nɔviŋutsu la, ke Alfeo vi apostolo Yakobo hã kple Yesu anye tɔgãtɔɖiviwo.

Ðikeke mele eme o be mesesẽ na Yesu be wòaɖo ŋku eƒe apostoloawo ƒe ŋkɔwo dzi o. Gake àte ŋu aɖo ŋku wo dzia? Nu si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ye nye be wo dometɔ eve ŋkɔe nye Simon, woyɔ ame eve be Yakobo, eye woyɔ ame eve be Yuda. Simon (Petro) nɔviŋutsu ŋkɔe nye Andrea, eye Yakobo (Zebedeo vi) nɔviŋutsue nye Yohanes. Esia akpe ɖe ŋuwò nàɖo ŋku apostolo enyi ƒe ŋkɔwo dzi. Ene susɔeawo dometɔ ɖeka nye adzɔxɔla (Mateo), ɖeka ke ɖi emegbe (Toma), woyɔ wo dometɔ ɖeka le ati aɖe te (Nataniel), kpakple Nataniel xɔlɔ̃ (Filipo).

Apostoloawo dometɔ 11 tso Galilea, si nye nuto si me Yesu tso. Nataniel tso Kana. Betsaida ye Filipo kple Petro kpakple Andrea tso. Emegbe Petro kple Andrea ʋu va Kapernaum, eye anɔ eme be afi mae Mateo hã nɔ. Yakobo kple Yohanes nɔ Kapernaum alo afi si gogo afi ma, eye wonye tɔƒodelawo le nutoa me. Edze abe Yuda Iskariot, si fia Yesu yomemɔ emegbe la koe nye apostolo si tso Yudea ene.