Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 46

Ehaya Esi Wòka Asi Yesu Ƒe Awu Ŋu

Ehaya Esi Wòka Asi Yesu Ƒe Awu Ŋu

MATEO 9:18-22 MARKO 5:21-34 LUKA 8:40-48

  • NYƆNU AÐE HAYA ESI WÒKA ASI YESU ƑE AWU ŊU

Yudatɔ siwo le Galilea-ƒua ƒe dzieheɣetoɖoƒe la se nu tso Yesu ƒe tɔtrɔgbɔ tso Dekapoli la ŋu. Anɔ eme be ame geɖe se be esi ahom tu nyitsɔ laa la, Yesu tsi yaƒoƒo kple tsi dzeagbo la nu, eye wo dometɔ aɖewo hã anya se be eda gbe le ŋutsu siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ la ŋu. Eya ta “ameha gã” aɖe va ƒo ƒu ɖe ƒua nu, ɖewohĩ le Kapernaum nutoa me be yewoado ɖoaƒe na Yesu. (Marko 5:21) Esi wòɖi go ko la, wonɔ mɔkpɔkpɔ me vevie na nu si wòava wɔ.

Ame siwo tsi dzi vevie be yewoakpɔ Yesu la dometɔ ɖekae nye Yairo. Enye ƒuƒoƒedzikpɔla, ɖewohĩ le Kapernaum. Edze klo ɖe Yesu ƒe afɔnu eye wòɖe kuku nɛ zi geɖe be: “Vinyenyɔnuvi dze dɔ vevie. Meɖe kuku, va da asi ɖe edzi bena eƒe lãme nasẽ ne wòatsi agbe.” (Marko 5:23) Esi Yairo le kukuɖeɖe dzi na Yesu vevie be wòakpe ɖe ye vinyɔnuvi ɖekɛ si xɔ ƒe 12, si gbɔ melɔ̃a nu le o la ŋu alea ɖe, nu kae Yesu awɔ?—Luka 8:42.

Esi Yesu nɔ mɔ dzi yina Yairo ƒe me la, edo go nɔnɔme wɔdɔɖeamedzi bubu aɖe. Dzi nɔ ame siwo kplɔ Yesu ɖo la dometɔ geɖe dzɔm eye wodi be yewoakpɔe ɖa be ɖe wògale nukunu bubu aɖe wɔ ge yewoakpɔ hã. Gake nyɔnu aɖe si le amehaa dome la ƒe susu katã nɔ eya ŋutɔ ƒe lãmesẽkuxi sesẽ aɖe ŋu.

Ʋusisidɔ le Yuda nyɔnu sia ŋu ƒe 12 sɔŋ. Eyi atikewɔla vovovowo gbɔ eye wògblẽ eƒe ga katã ɖe atikewɔwɔ ŋu. Gake dɔa meka ɖe eme nɛ o. Le nyateƒe me la, ɖe eƒe kuxia ‘ganyra ɖe edzi’ boŋ.—Marko 5:26.

Abe ale si nàkpɔe ene la, hekpe ɖe ale si dɔléle sia nana ame gbɔdzɔnae ŋu la, ekpea ŋu na ame heɖia gbɔ ame hã. Amewo meƒoa nu tso dɔléle sia tɔgbi ŋu le hadome o. Gawu la, le Mose ƒe Sea nu la, nyɔnu si ŋu ʋusisidɔ le la ŋu mekɔ o. Ele be ame sia ame si aka asi eya alo eƒe awu si me ʋu le ŋu la nale tsi, eye eŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.—3 Mose 15:25-27.

Nyɔnu sia ‘se Yesu ŋkɔ’ eye wòdi eyome mɔ. Esi eŋu mekɔ o ta la, ezɔ to amehawo dome hewɔ dzadzadza ale si wòate ŋui be womagakpɔ ye o, eye wògblɔ le eɖokui me be: “Ne meka asi eƒe awudziwui teti ŋu la, mahaya.” Esi wòka asi eƒe awu toga la, ede dzesii enumake be yeƒe ʋusisi la nu tso! Eƒe “dɔléle vɔ̃ɖi la vɔ” nɛ.—Marko 5:27-29.

Yesu bia be: “Ame kae ka asi ŋunye?” Aleke nèsusu be nyɔnua ase le eɖokui me esi wòse nya ma? Petro ɖo eŋu kple nya siwo ɖi mokaname be: “Ameha la ƒo xlã wò hemimi wò ɖoe.” Ke nu ka tae Yesu bia be, “Ame kae ka asi ŋunye?” Yesu gblɔ be: “Ame aɖe ka asi ŋunye, elabena mede dzesii be ŋusẽ do le menye.” (Luka 8:45, 46) Ɛ̃, nyɔnua ƒe hayahaya na ŋusẽ do le Yesu me.

Esi nyɔnua kpɔ be wode dzesi nu si yewɔ ta la, eva dze klo ɖe Yesu ƒe afɔnu eye vɔvɔ̃ ɖoe wònɔ dzodzom nyanyanya. Egblɔ eƒe dɔlélea ŋuti nya la katã kple ale si wòhayae la le ameha la ŋkume. Yesu fa akɔ nɛ tufafatɔe be: “Vinyenyɔnu, wò xɔse na nèhaya. Heyi le ŋutifafa me, eye nàhaya tso wò dɔléle vɔ̃ɖi la si me.”—Marko 5:34.

Eme kɔ ƒãa be Ame si Mawu tia be wòaɖu anyigba dzi la nye dɔmenyotɔ si ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu, eye menye ɖeko wòtsɔa ɖe le eme na ame ko o, ke ŋusẽ le esi be wòakpe ɖe amewo ŋu hã!