Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 61

Yesu Da Gbe Le Ŋutsuvi Si Me Gbɔgbɔ Vɔ̃ Le Ŋu

Yesu Da Gbe Le Ŋutsuvi Si Me Gbɔgbɔ Vɔ̃ Le Ŋu

MATEO 17:14-20 MARKO 9:14-29 LUKA 9:37-43

  • EBIA XƆSE SẼŊU BE WOADA GBE LE ŊUTSUVI SI ME GBƆGBƆ VƆ̃ LE ŊU

Esi Yesu, Petro, Yakobo kple Yohanes ɖi tso toa dzi la, wokpɔ ameha gã aɖe. Nane menɔ edzi yim nyuie o. Agbalẽfialawo ƒo ƒu ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hele nya ʋlim kpli wo. Ewɔ nuku na ameawo be yewokpɔ Yesu, eye woƒu du yi egbɔ ɖado gbe nɛ. Ebia wo be: “Nya ka hem miele kpli wo?”—Marko 9:16.

Ŋutsu aɖe si le ameha la dome va dze klo ɖe Yesu ŋkume hegblɔ nɛ be: “Nufiala, mekplɔ vinyeŋutsuvi va gbɔwò, elabena gbɔgbɔ aɖe le eme si na meƒoa nu o. Afi sia afi si wòdze edzi le la, etsɔnɛ xlãna ɖe anyi, eye futukpɔ dona le enu, eɖua aɖukli, eye ŋusẽ vɔna le eŋu. Megblɔ na wò nusrɔ̃lawo be woanyae ado goe, ke womete ŋui o.”—Marko 9:17, 18.

Edze ƒãa be agbalẽfialawo nɔ nu ƒom tsi tre ɖe nusrɔ̃lawo ŋu le esi womete ŋu da gbe le ŋutsuvia ŋu o ta, eye ɖewohĩ wonɔ alɔme ɖem le wo ŋu. Le esi Yesu naƒo nu na ŋutsuvia fofo si tɔtɔ teƒe la, egblɔ na ameha la be: “Oo, dzidzime maxɔse totro kpaɖikpaɖi, ɣeyiɣi didi kae manɔ mia gbɔ ase ɖo? Ɣeyiɣi didi kae mado dzi atsɔ miaƒe nuwɔnawo ase ɖo?” Ðikeke mele eme o be agbalẽfiala siwo nɔ fu ɖem na eƒe nusrɔ̃lawo esime menɔ wo gbɔ o lae wònɔ mo kam na. Azɔ Yesu trɔ ɖe ŋutsuvia fofo si tsi dzi vevie la ŋu hegblɔ be: “Mikplɔe va gbɔnye afii.”—Mateo 17:17.

Esi ŋutsuvia nɔ Yesu gogom la, gbɔgbɔ vɔ̃ si le eme la xlãe ɖe anyi hena wòƒo tititi ŋutɔ. Ŋutsuvia nɔ mimlim le anyigba eye futukpɔ nɔ dodom le enu. Yesu bia ɖevia fofo be: “Ɣeyiɣi didi kae nye esia nu sia dzɔna ɖe edzi?” Eɖo eŋu be: “Tso eƒe ɖevime ke, eye wòtsɔnɛ xlãna ɖe dzo kple tsi me enuenu be yeawui.” Ŋutsua ɖe kuku gblɔ be: “Ne àte ŋu awɔ nane la, kpɔ nublanui na mí, eye nàkpe ɖe mía ŋu.”—Marko 9:21, 22.

Ðevia fofo xaxa le eɖokui me ŋutɔ, elabena Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gɔ̃ hã mete ŋu kpe ɖe eŋu o. Esi ŋutsu sia si tɔtɔ la ɖe kuku vevie alea vɔ la, Yesu de dzi ƒo nɛ gblɔ be: “Ðe nèbe, ‘Ne àte ŋuia’? Nyae be ame si si xɔse le la ate ŋu awɔ nu sia nu.” Enumake ɖevia fofo do ɣli gblɔ be: “Xɔse le asinye! Gake kpe ɖe ŋunye le afi si mehiã xɔse le!”—Marko 9:23, 24.

Yesu kpɔ be ameha la le du ƒum gbɔna ye gbɔ. Le ameawo katã ŋkume la, Yesu ka mo na gbɔgbɔ vɔ̃a be: “Wò, gbɔgbɔ si nana wozua mumu kple tokunɔ, meɖe gbe na wò be, do go le eme, eye mègage ɖe eme azɔ o!” Esi gbɔgbɔ vɔ̃a nɔ dodom le ɖevia me la, ena wòdo ɣli sesĩe heƒo tititi ŋutɔ. Azɔ ŋutsuvia mlɔ anyi ɖe anyigba maʋamaʋãe. Esi ameawo kpɔ esia la, wo dometɔ geɖe gblɔ be: “Eku!” (Marko 9:25, 26) Gake esi Yesu lé ŋutsuvia ƒe alɔnu la, etso eye eƒe “lãme sẽ enumake.” (Mateo 17:18) Ɛ̃, ameha la ƒe nu ku le nu si Yesu wɔ la ta.

Do ŋgɔ na esia esime Yesu dɔ nusrɔ̃lawo be woaɖaɖe gbeƒã la, wote ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe. Eya ta esi woawo ɖeɖe le aƒe aɖe me la, wobia Yesu be: “Aleke wɔ míawo ya míete ŋu nyae do goe o?” Yesu ɖe eme be woƒe xɔse ʋɛ la tae esi wògblɔ be: “Esia tɔgbi ya gbedodoɖa dzi koe woate ŋu ato anyae ado goe.” (Marko 9:28, 29) Xɔse si nu sẽ kple gbedodoɖa abia Mawu ƒe ŋusẽdoame hiã hafi woate ŋu anya gbɔgbɔ vɔ̃ triakɔ sia ado goe.

Yesu ƒo nyaa ta be: “Vavã mele egblɔm na mi be: Ne xɔse le mia si de sinapi-ku ƒe lolome nu la, ekema miagblɔ na to sia be: ‘Ho le afi sia nàyi aɖadze afi mɛ!’ eye wòaho ayi, eye naneke mate ŋu awu wɔwɔ na mi o.” (Mateo 17:20) Ŋusẽ ka gbegbee nye esi le xɔse ŋu!

Mɔxenu kple kuxi siwo doa kplamatsɛ míaƒe Yehowa subɔsubɔ la ate ŋu adze abe nu siwo dzi womate ŋu aɖu alo aɖe ɖa o, abe to ŋutɔŋutɔ ene. Gake ne míetu xɔse ɖo la, míate ŋu aɖu mɔxenu kple kuxi mawo siwo le abe towo ene la dzi.