Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 59

Ame Kae Nye Amegbetɔvi La?

Ame Kae Nye Amegbetɔvi La?

MATEO 16:13-27 MARKO 8:22-38 LUKA 9:18-26

  • YESU DA GBE LE ŊKUAGBÃTƆ AÐE ŊU

  • WOATSƆ FIAÐUƑEA ƑE SAFUIWO ANA PETRO

  • YESU GBLƆ EƑE KU KPLE TSITRETSITSI ŊU NYA ÐI

Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Betsaida. Amewo kplɔ ŋutsu aɖe si nye ŋkuagbãtɔ la va egbɔ eye woɖe kuku nɛ be wòaka asi eŋu ayɔ dɔe.

Yesu lé ŋutsua ƒe alɔnu kplɔe do goe le kɔƒea me. Esi wòɖe ta ɖe ŋutsua ƒe ŋku dzi la, ebiae be: “Èle nane kpɔma?” Ŋutsua ɖo eŋu be: “Mele amewo kpɔm, gake wole abe atiwoe le zɔzɔm ene.” (Marko 8:23, 24) Esi Yesu ɖo asi ŋutsua ƒe ŋkuwo dzi la, ekpɔ nu nyuie. Azɔ eɖe asi le eŋu be wòayi aƒe me hegblɔ nɛ be megayi ɖe kɔƒea me o.

Emegbe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ta Kaisarea Filipi nutoa me. Enye todzimɔ si didi abe kilometa 40 sɔŋ ene. Kɔƒea le to aɖe si kɔkɔ meta 350 dzi, eye Hermon To si dzi sno le la le eƒe dzieheɣedzeƒe gome. Mɔzɔzɔ sia anya xɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo.

Le mɔzɔzɔa me la, Yesu ɖe eɖokui ɖe aga yi ɖado gbe ɖa. Ɣleti asieke alo ewo koe susɔ Yesu naku, eye etsi dzi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu. Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ la, ame geɖe trɔ le eyome, eye edze abe ame bubuwo hã tɔtɔ eye dzi ɖe le wo ƒo ene. Anye be womese nu si tae meɖe mɔ be woaɖo ye fia, alo nu si tae mewɔ dzesi si aɖe ame si wònye la afia kɔtɛ ɖikekemanɔmee o la gɔme o.

Esi eƒe nusrɔ̃lawo va afi si wòle gbea dom ɖa le la, Yesu bia wo be: “Ame kae amewo le gbɔgblɔm be Amegbetɔvi la nye?” Woɖo eŋu be: “Ame aɖewo be Yohanes Amenyrɔɖetsimela, bubuwo be Eliya, eye bubuwo hã be Yeremiya alo nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae.” Ɛ̃, amewo susu be Yesu nye ame siawo dometɔ ɖeka si fɔ tso ame kukuwo dome. Be Yesu nanya nusrɔ̃lawo ƒe susu la, ebia wo be: “Ke miawo ya ɖe, ame kae miegblɔna be menye?” Enumake Petro ɖo eŋu be: “Wòe nye Kristo la, Mawu gbagbe la ƒe Vi.”—Mateo 16:13-16.

Yesu gblɔ be dzidzɔtɔe Petro nye le esi Mawu ɖe nu sia fiae ta, eye wògblɔ kpee be: “Mele egblɔm na wò be: Wòe nye Petro, eye agakpe sia dzie matu nye hame la ɖo, eye Tsiẽƒe ƒe agbowo mate ŋu aɖu edzi o.” Yesu nɔ gbɔgblɔm be ye ŋutɔ yeaɖo hame aɖe anyi, eye ne emetɔwo wɔ nuteƒe le anyigba dzi la, Tsiẽƒe gɔ̃ hã mate ŋu akpe wo dzi o. Azɔ edo ŋugbe na Petro be: “Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo ana wò.”—Mateo 16:18, 19.

Menye ɖe Yesu nɔ Petro dom ɖe dzi wu apostolo mamlɛawo o, eye menye ɖe wòtsɔe ɖo hamea ƒe gɔmeɖoanyi hã o. Yesu ŋutɔe nye Agakpe si dzi woatu eƒe hamea ɖo. (1 Korintotɔwo 3:11; Efesotɔwo 2:20) Gake woatsɔ safui etɔ̃ ana Petro. Le gɔmesese aɖe nu la, mɔnukpɔkpɔ asu esi be wòaʋu Dziƒofiaɖuƒea me yiyi ƒe mɔnu ɖi na ame hatsotso vovovowo.

Petro awɔ safui gbãtɔ ŋu dɔ le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi esime wòafia Yudatɔwo kple dukɔ bubu me tɔ siwo trɔ dzi me la nu si wòle be woawɔ be woakpɔ ɖeɖe. Awɔ safui evelia ŋu dɔ atsɔ aʋu Mawu Fiaɖuƒea me yiyi ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na Samariatɔ xɔsetɔwo. Emegbe le ƒe 36 K.Ŋ. la, Petro awɔ safui etɔ̃lia ŋu dɔ atsɔ aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na dukɔwo me tɔ aʋamatsomatsotɔwo, Kornelio kple ame bubuwo.—Dɔwɔwɔwo 2:37, 38; 8:14-17; 10:44-48.

Esi Yesu ƒo nu tso fu siwo wòava kpe kple ale si woawui le Yerusalem kpuie ŋu na eƒe apostoloawo la, ete ɖe wo dzi. Esi womese egɔme be woafɔ Yesu ɖe tsitre wòayi dziƒo o ta la, Petro ɖe kpɔe eye wògbe nya nɛ be: “Aƒetɔ, di nyui na ɖokuiwò; esia madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o.” Ke Yesu trɔ megbe dee heɖo eŋu nɛ be: “Te yi megbenye, Satana! Mɔxenu nènye nam, elabena menye Mawu tɔ susum nèle o, ke boŋ amegbetɔwo tɔ.”—Mateo 16:22, 23.

Azɔ Yesu yɔ ame bubuwo kpe ɖe apostoloawo ŋu heɖe eme be manɔ bɔbɔe be ame nanye ye yomedzela o. Egblɔ be: “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti la, eye wòadze yonyeme ɖaa. Elabena ame sia ame si di be yeaɖe yeƒe agbe la abui, gake ame sia ame si abu eƒe agbe le nye kple nya nyui la ta la aɖee.”—Marko 8:34, 35.

Ɛ̃, hafi Yesu yomedzelawo nadze wòave wo nu la, ebia dzinɔameƒo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ. Yesu gblɔ be: “Ame sia ame si akpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi wɔnuvɔ̃ sia me la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui ne eva le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.” (Marko 8:38) Eye ne Yesu va mlɔeba la, aɖo “eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe nuwɔna nu.”—Mateo 16:27.