Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 33

Ena Yesaya Ƒe Nyagblɔɖia Va Eme

Ena Yesaya Ƒe Nyagblɔɖia Va Eme

MATEO 12:15-21 MARKO 3:7-12

  • AMEHAWO MIMI YESU ÐO

  • ENA YESAYA ƑE NYAGBLƆÐIA VA EME

Esi Yesu se be Farisitɔwo kple Herodes ƒe dunyahehabɔbɔa me tɔwo de adaŋu be yewoawu ye la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Galilea-ƒua to. Ameha gãwo tso teƒeteƒewo va egbɔ—wotso Galilea, ƒutadu siwo nye Tiro kple Sidon, Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒenutowo me, Yerusalem kpakple Idumea, si le anyiehe ɖaa. Yesu da gbe le ame geɖe ŋu. Eye esia na ame siwo ŋu dɔléle sesẽwo le la nɔ zi nyèm ɖe edzi. Womelala be wòaka asi yewo ŋu o, woawo boŋ ʋli vevie be yewoaka asi eŋu.—Marko 3:9, 10.

Amehawo sɔ gbɔ ale gbegbe be Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woadzra tɔdziʋu sue aɖe ɖo ale be yeate ayi tsia dzi vie ne amehawo nagamimi ye ɖo o. Azɔ hã, ate ŋu anɔ ʋua me afia nu wo alo akui ayi go bubu dzi be wòakpe ɖe ame geɖe ŋu.

Nusrɔ̃la Mateo ŋlɔe ɖi be dɔ si Yesu wɔ la na ‘nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Yesaya dzi la va eme.’ (Mateo 12:17) Nyagblɔɖi kae Yesu na wòva eme?

“Kpɔ ɖa! Nye subɔla si metia, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dze ŋunye! Matsɔ nye gbɔgbɔ la ada ɖe edzi, eye ana dukɔwo nase nu si dzɔdzɔenyenye fia la gɔme. Mawɔ dzre o, mado ɣli o, eye ame aɖeke mase eƒe gbe le ablɔwo dzi hã o. Maɖe aƒla si ŋe vɔ kloe la ɖa le enu o, eye matsi ɖovu bibi si le tsitsim la o, va se ɖe esime wòna dzɔdzɔenyenye ɖu dzi. Vavãe, eƒe ŋkɔ ana mɔkpɔkpɔ dukɔwo.”—Mateo 12:18-21; Yesaya 42:1-4.

Nyateƒee, Yesu ye nye Mawu ƒe subɔla si gbɔ melɔ̃a nu le o si ƒe nu dzea eŋu. Yesu na dzɔdzɔenyenye vavãtɔ si dzi alakpasubɔsubɔha ƒe kɔnyinyiwo tsyɔ nui la dze ƒãa. Esi Farisitɔwo ɖea Mawu ƒe Sea gɔme ɖe mɔ madzɔmadzɔ nu ale si woawo ŋutɔwo dii ta la, womekpena ɖe dɔnɔwo gɔ̃ hã ŋu le Sabat dzi o! Esi Yesu na Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dze ƒãa, eye wòɖee fia be Mawu ƒe gbɔgbɔ le ye dzi ta la, eɖe kɔnyinyi madzɔmadzɔwo ƒe agba kpekpe la ɖa le ameawo dzi. Esia tae subɔsubɔhakplɔlawo di be yewoawu Yesu ɖo. Ewɔ nublanui loo!

Nya si nye “mawɔ dzre o, mado ɣli o, eye ame aɖeke mase eƒe gbe le ablɔwo dzi hã o” la gɔme ɖe? Ne Yesu da gbe le amewo ŋu la, melɔ̃na be ameawo, alo gbɔgbɔ vɔ̃awo nana “woadze si ye o.” (Marko 3:12) Medi be amewo nato gbeƒã si woɖe hoo le ablɔwo dzi alo nya siwo ŋu woɖe ami ɖo si amewo anɔ gbɔgblɔm na wo nɔewo la dzi ase ye ŋkɔ o.

Yesu tsɔ eƒe akɔfanamegbedeasia yi na ame siwo le abe aƒla si woŋe heƒo ƒu anyi ene, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Wole abe ɖovu bibi si le tsitsim si ŋu wɔna vɔ le kloe la ene. Yesu meɖe aƒla ŋeŋe la le enu alo tsi ɖovu bibi si le tsitsim, si le dzudzɔ tum la o. Ke boŋ etsɔ tufafa kple lɔlɔ̃ fɔ ame fafawo ɖe te aɖaŋutɔe. Ɛ̃, Yesu ye nye ame si dzi dukɔwo ada woƒe mɔkpɔkpɔ ɖo vavã!