Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 48

Ewɔ Nukunuwo, Gake Wogbee Le Nazaret Gɔ̃ Hã

Ewɔ Nukunuwo, Gake Wogbee Le Nazaret Gɔ̃ Hã

MATEO 9:27-34; 13:54-58 MARKO 6:1-6

  • YESU DA GBE LE ŊKUAGBÃTƆWO KPLE AÐETUTUTƆ AÐE ŊU

  • NAZARETETƆWO GBEE

Vovo mele Yesu ŋu le ŋkekea me kura o. Esi wòtso ƒu tso Dekapoli nutoa me va ɖi go megbe la, eda gbe le nyɔnu si nɔ ʋusisidɔ lém la ŋu, eye wòfɔ Yairo vinyɔnuvia ɖe tsitre. Gake ŋkekea mewu enu haɖe o. Esi Yesu dzo le Yairo ƒe aƒe me yina la, ŋkuagbãtɔ eve dze eyome nɔ ɣli dom be: “David Vi, kpɔ nublanui na mí.”—Mateo 9:27.

Ale si ŋutsu siawo yɔ Yesu be “David Vi” la fia be woxɔe se be Yesu ye nye David ƒe fiazikpuia ƒe domenyila, eye eyae nye Mesia la. Gake edze abe ɖe Yesu mede nu eme na wo o ene. Ðewohĩ edi be yeakpɔe ɖa be womana ta bɔbɔe o hã, eye womena ta hã o. Esi Yesu ge ɖe aƒe aɖe me la, ŋutsu eveawo hã kplɔe ɖo yi aƒea me. Yesu bia wo be: “Miexɔe se be mate ŋu awɔ nu sia?” Woɖo eŋu kple kakaɖedzi be: “Ɛ̃, Aƒetɔ.” Azɔ Yesu ka asi woƒe ŋkuwo ŋu hegblɔ be: “Neva eme na mi le miaƒe xɔse la nu.”—Mateo 9:28, 29.

Enumake wokpɔ nu! Abe ale si Yesu de se na ame aɖewo va yi ene la, egblɔ na woawo hã be woagakaka nu si yewɔ la o. Gake le dzidzɔ gã si wokpɔ ta la, woyi ɖagblɔ eŋu nya le afi sia afi.

Esi ŋutsu eve siawo nɔ dzodzom la, amewo kplɔ ŋutsu aɖe si mete ŋu le nu ƒom o, le esi gbɔgbɔ vɔ̃ le eme ta la vɛ. Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe eye enumake ŋutsua dze nuƒoƒo gɔme. Esia wɔ nuku na amehaa eye wogblɔ be: “Míekpɔ nu sia tɔgbi le Israel kpɔ o.” Farisitɔwo hã nɔ afi ma. Esi womate ŋu asẽ nu le nukunuawo ŋu o ta la, wogagblɔ nu si wogblɔ va yi tso afi si Yesu kpɔ ŋusẽa tsoe ŋu be: “Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia dzie wòtona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo.”—Mateo 9:33, 34.

Le nudzɔdzɔ siawo megbe kpuie la, Yesu trɔ yi wo de Nazaret eye fifia eƒe nusrɔ̃lawo yi kplii. Anɔ abe ƒe ɖeka ene do ŋgɔ la, efia nu le ƒuƒoƒe si le afi ma. Nu siwo wògblɔ la wɔ moyaa na ameawo gbã, gake emegbe eƒe nufiafia ku dzi na wo eye wote kpɔ be yewoawui. Fifia Yesu gadi be yeakpe ɖe ame siwo yenɔ teƒe ɖeka kplii tsã la ŋu.

Le Sabat dzi la, egayi ƒuƒoƒea hefia nu. Ame geɖe ƒe mo wɔ yaa eye wobia gɔ̃ hã be: “Afi kae ame sia kpɔ nunya sia kple ŋusẽ tsoe tsɔ le ŋusẽdɔ siawo gbegbe wɔm?” Wogblɔ be: “Menye atikpala la ƒe vie nye esia oa? Menye dadaa ye woyɔna be Maria, eye nɔviaŋutsuwoe nye Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda oa? Eye ɖe nɔvianyɔnuwo katã mele mía dome oa? Ekema afi kae wòkpɔ nu siawo katã tsoe?”—Mateo 13:54-56.

Wose le wo ɖokuiwo me be yewo dometɔ ɖeka koe Yesu hã nye. Woƒe susue nye be, ‘Míedze sii tso eƒe ɖevime ke, eya ta aleke wòate ŋu anye Mesia la?’ Le esia ta togbɔ be kpeɖodziawo katã, siwo dome Yesu ƒe nunya gã la kple nukunuwo le, ɖee fia be eyae nye Mesia hã la, wogbee. Esi eƒe ƒometɔwo dze sii nyuie ta la, ezu nukikli na woawo gɔ̃ hã, eye esia na Yesu gblɔ be: “Wodea bubu nyagblɔɖila ŋu le afi sia afi negbe le wo de kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me ko womebunɛ le o.”—Mateo 13:57.

Xɔse si menɔ wo si o la wɔ nuku na Yesu ŋutɔ. Eya ta mewɔ nukunu aɖeke le afi ma o, “negbe dɔnɔ ʋɛ aɖewo dzi ko wòda asi ɖo heda gbe le wo ŋu.”—Marko 6:5, 6.