Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 62

Ðokuibɔbɔ Ƒe Nufiame Vevi Aɖe

Ðokuibɔbɔ Ƒe Nufiame Vevi Aɖe

MATEO 17:22–18:5 MARKO 9:30-37 LUKA 9:43-48

  • YESU GAGBLƆ EƑE KU ŊU NYA ÐI

  • ETSƆ GAKU SI WOÐE LE TƆMELÃ ƑE NU ME XE ADZƆE

  • AME KAE ANYE GÃTƆ LE FIAÐUƑE LA ME?

Esi Yesu ƒe nɔnɔme trɔ le toa dzi eye emegbe wòda gbe le ŋutsuvi si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ la ŋu le Kaisarea Filipi megbe la, eɖo ta Kapernaum. Esi medi be amehawo “nanya” nu tso yeƒe mɔzɔzɔa ŋu o ta la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖee zɔ mɔa. (Marko 9:30) Esia gana mɔnukpɔkpɔe be wòadzra eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ɖe eƒe ku kple dɔ si woava wɔ la ŋu. Egblɔ na wo be: “Wole Amegbetɔvi la de ge asi na amewo, eye woawui, ke woafɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃a gbe.”—Mateo 17:22, 23.

Menye nya yeyee nya mawo nye na eƒe nusrɔ̃lawo o. Do ŋgɔ la, Yesu ƒo nu tso ale si woava wui ŋu, togbɔ be Petro medi be yeaxɔe ase be esia adzɔ o hã. (Mateo 16:21, 22) Azɔ hã, apostolo etɔ̃ kpɔ Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔa hese dzeɖoɖo si ku ɖe eƒe “dzodzo” la ŋu. (Luka 9:31) Yesu yomedzelawo ‘xa nu vevie’ le eƒe nya sia ta, togbɔ be womese egɔme bliboe o hã. (Mateo 17:23) Ke hã wonɔ vɔvɔ̃m be yewoagabia nyae tso eŋu.

Emegbe wova Kapernaum, afi si Yesu dzena zi geɖe le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi eye wònye apostoloawo dometɔ geɖewo de. Le afi ma la, ame siwo xɔa gbedoxɔmenudzɔdzɔa va Petro gbɔ. Ðewohĩ esi wonɔ didim be yewoatso Yesu nu be mexea adzɔ o ta la, wobia be: “Ðe miaƒe nufiala ya medzɔa drakma eve [gbedoxɔmenudzɔdzɔ] la oa?”—Mateo 17:24.

Petro ɖo eŋu be: “Edzɔnɛ.” Kaka wòaɖo aƒea me la, Yesu ya nya nu si dzɔ xoxo. Eya ta hafi Petro nado nyaa ɖa la, Yesu do ŋgɔ biae be: “Simon, nu kae nèsusu? Ame kawo sie anyigbadzifiawo xɔa adzɔ alo nudzɔdzɔ le? Wo viwo si loo alo ame bubuwo sia?” Petro ɖo eŋu be: “Le ame bubuwo si.” Eyome Yesu gblɔ be: “Ekema mehiã be viwo naxe adzɔ o ɖe!”—Mateo 17:25, 26.

Yesu Fofoe nye xexea me katã ƒe Fia kple Ame si wodea ta agu na le gbedoxɔa me. Eya ta se mebia tso Mawu ƒe Vi la si be wòaxe gbedoxɔmenudzɔdzɔa o. Ke hã Yesu gblɔ be: “Be míagaɖia wo nu o la, yi ƒuta, nàda ƒu, eye lã gbãtɔ si nàɖe la, lée, eye ne èke eƒe nu me la, àkpɔ klosalogaku [stata-gaku, alo drakma ene gaku]. Tsɔe yi ɖana wo ɖe nye kpli wò nu.”—Mateo 17:27.

Esia megbe kpuie la, nusrɔ̃lawo va ƒo ƒu, eye wobia nya Yesu ku ɖe ame si anye gãtɔ le Dziƒofiaɖuƒea me ŋu. Ame siawo kee nɔ vɔvɔ̃m be yewoabia nya Yesu ku ɖe eƒe kua ŋu, gake womevɔ̃ be yewoabia nyae tso yewoƒe etsɔme ya ŋu o. Yesu nya nu si susum wole. Nya aɖe si ʋlim wonɔ esime wonɔ eyome trɔ gbɔna Kapernaum lae hee vɛ. Eya ta ebia wo be: “Nya ka ʋlimee mienɔ le mɔa dzi?” (Marko 9:33) Esi ŋu kpe nusrɔ̃lawo ta la, wozi kpi, elabena wonɔ nya ʋlim le wo nɔewo dome tso ame si nye gãtɔ ŋu. Mlɔeba apostoloawo tsɔ biabia si ŋu wonɔ nya ʋlim le la ɖo Yesu ŋkume. Eyae nye be: “Ame ka tututue nye gãtɔ le Dziƒofiaɖuƒe la me?”—Mateo 18:1.

Ðewohĩ awɔ nuku na mí be nyaʋiʋli ma tɔgbi aɖo nusrɔ̃lawo dome, elabena wokpɔ nu siwo Yesu wɔ hese eƒe nyawo ƒe etɔ̃ kloe nye ema. Ke hã ame madeblibowo koe woawo hã wonye. Azɔ hã, le subɔsubɔha si me wonɔ tsi me la, amewo tea gbe ɖe nɔƒe gã didi kple ɖoƒe dzi. Gawu la, ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ la, Yesu do ŋugbe na Petro be yeatsɔ Fiaɖuƒea ƒe “safuiwo” anɛ. Ðe esia na wòsusui be yee nye gãtɔa? Yakobo kple Yohanes hã anya susu nu ma ke le esi wokpɔ Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ la ta.

Aleke kee nyaa ɖale o, Yesu wɔ nane tsɔ ɖɔ woƒe susua ɖo. Eyɔ ɖevi aɖe eye wòtsɔe ɖo wo titina hegblɔ na nusrɔ̃lawo be: “Ne mietrɔ hezu abe ɖevi suewo ene o la, miele yiyi ge ɖe Dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o. Eya ta ame sia ame si abɔbɔ eɖokui abe ɖevi sia ene la, eyae anye gãtɔ le Dziƒofiaɖuƒe la me; eye ame sia ame si xɔa nenem ɖevi siawo tɔgbi ɖeka le nye ŋkɔ ta la, exɔa nye hã.”—Mateo 18:3-5.

Nufiafia ƒe mɔnu nyui kae nye esi! Yesu medo dziku ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ be wonye ŋuklẽlawo alo nu gã dilawo o. Ke boŋ etsɔ ɖevi aɖe wɔ kpɔɖeŋui na wo. Ðevi suewo metsia dzi ɖe ɖoƒe kɔkɔ alo ŋkɔxɔxɔ ŋu o. Eya ta Yesu le eƒe nusrɔ̃lawo fiam be woatu nɔnɔme sia ke ɖo. Azɔ Yesu ƒo eƒe nyaa ta na eyomedzelawo ale: “Ame si wɔa eɖokui suetɔ le mi katã mia dome lae nye gãtɔ.”—Luka 9:48.