Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 56

Nu Kae Ƒoa Ði Ame Ŋutɔŋutɔ?

Nu Kae Ƒoa Ði Ame Ŋutɔŋutɔ?

MATEO 15:1-20 MARKO 7:1-23 YOHANES 7:1

  • YESU KLO NU LE AMEGBETƆWO ƑE KƆNYINYIWO DZI

Esi ƒe 32 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia nɔ aƒe tum la, Yesu nɔ eƒe nufiafiadɔa dzi vevie le Galilea. Emegbe anɔ eme be eɖo ta Yerusalem hena Ŋutitotoa ɖuɖu, abe ale si Mawu ƒe Sea bia ene. Gake ewɔ esia ŋuɖɔɖotɔe, elabena Yudatɔwo nɔ didim be yewoawui. (Yohanes 7:1) Esia megbe la, egatrɔ yi Galilea.

Anye Kapernaum ye Yesu nɔ esime Farisitɔwo kple agbalẽfiala siwo tso Yerusalem la va egbɔ. Nu ka tae wova egbɔ? Wonɔ nu si dzi woanɔ te ɖo abu fɔ Yesu be eda vo le subɔsubɔnyawo gome la dim. Wobiae be: “Nu ka tae wò nusrɔ̃lawo daa blematɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi? Le kpɔɖeŋu me, womeklɔa asi hafi ɖua nu o.” (Mateo 15:2) Mawu mede se na eƒe amewo ɣeaɖekeɣi kpɔ be ‘woaklɔ asi va se ɖe abɔklugui o.’ (Marko 7:3) Ke hã, Farisitɔwo bui agɔdzedze gãe ne womewɔ esia o.

Le esi Yesu naɖo woƒe nutsotsoa ŋu na wo tẽe teƒe la, ehe susu yi ale si woɖonɛ koŋ dana le Mawu ƒe Sea dzi la dzi. Ebia wo be: “Nu ka tae miawo hã miedaa Mawu ƒe se la dzi le miaƒe kɔnyinyiwo ta? Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ be: ‘Bu fofowò kple dawò,’ eye be: ‘Woawu ame si dzua fofoa alo dadaa la.’ Ke miawo ya miegblɔna be: ‘Ame sia ame si gblɔ na fofoa alo dadaa be: “Nu sia nu si le asinye, si aɖe vi na wò la, nye nunana si metsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu” la, mele be wòabu fofoa kura o.’”—Mateo 15:3-6; 2 Mose 20:12; 21:17.

Farisitɔwo gblɔna be ga, nunɔamesi alo nu sia nu si wotsɔ ɖe adzɔgbe be enye nunana na Mawu la nye gbedoxɔa tɔ, eya ta womagate ŋu azãe na nu bubu aɖeke o. Evɔ le nyateƒe me la, nu si wotsɔ ɖe adzɔgbee la tsia ame si tsɔe ɖe adzɔgbe la si. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe ƒe vi ate ŋu agblɔ be yeƒe ga alo nunɔamesi nye “korban,” si fia nunana si yetsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu alo gbedoxɔa, abe ɖe nunanaa va zu gbedoxɔa tɔ koŋ ene. Ga alo nunɔamesia gakpɔtɔ nyea ɖevia tɔ be wòazã, gake egblɔna be yemate ŋu atsɔe akpe ɖe ye dzila tsitsi siwo ɖo hiã me la ŋu o. Etoa esia dzi sina le agba si le edzi be wòakpe ɖe wo ŋu la nu.—Marko 7:11.

Esɔ be dzi ku Yesu ɖe ale si wotro Mawu ƒe Sea alea ta, eye wògblɔ be: “Miena Mawu ƒe nya la zu dzodzro le miaƒe kɔnyinyiwo ta. Mi alakpanuwɔlawo, Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti be: ‘Dukɔ sia le buyem kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye. Dzodzroe wole subɔyem, elabena amegbetɔwo ƒe sededewoe wofiana.’” Farisitɔwo mekpɔ nya aɖeke tsɔ ɖo Yesu ƒe mokanamea ŋu o. Azɔ eyɔ ameha la va eɖokui gbɔ eye wògblɔ be: “Miɖo to, ne miase egɔme: Menye nu si yia ame ƒe nu mee ƒoa ɖii o, ke boŋ nu si doa go tso ame ƒe nu me lae ƒoa ɖii.”—Mateo 15:6-11; Yesaya 29:13.

Emegbe esi wonɔ aƒe aɖe me la, eƒe nusrɔ̃lawo biae be: “Ènya be esi Farisitɔwo se nya si nègblɔ la, eɖia wo nua?” Eɖo eŋu be: “Ati sia ati si Fofonye si le dziƒo medo o la, woahoe. Miɖe asi le wo ŋu. Mɔfiala ŋkuagbãtɔwoe wonye. Ke ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo ame eve la siaa woage dze do me.”—Mateo 15:12-14.

Edze abe ewɔ moyaa na Yesu be Petro bia ɖe nusrɔ̃lawo nu be wòaɖe nu si ƒoa ɖi ame la me ene. Yesu ɖo eŋu be: “Ðe mienyae be nu sia nu si yia nu me la toa dɔkaviwo me, eye wodenɛ oa? Ke nu siwo doa go tso nu me la tsoa dzi la me, eye nu mawoe ƒoa ɖi ame. Elabena dzi mee susu vɔ̃wo, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, matrewɔwɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo kple busunyagbɔgblɔwo doa go tso. Nu siawoe ƒoa ɖi ame, ke menye nuɖuɖu asimaklɔmaklɔe ƒoa ɖi ame o.”—Mateo 15:17-20.

Menye ɖe Yesu le nu ƒom tsi tre ɖe dzadzɛnyenye ŋu o, eye mele gbɔgblɔm hã be mele be woaklɔ asi hafi aɖa nu alo aɖu nu o. Ke boŋ enɔ fɔ bum subɔsubɔhakplɔla alakpanuwɔla siwo dzea agbagba be yewoade axa na Mawu ƒe se dzɔdzɔeawo le amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo ta. Nya lae nye be, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ siwo tsoa dzia me lae ƒoa ɖi ame..