Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 32

Nu Ka Ŋue Se Ðe Mɔ Ðo Le Sabat Dzi?

Nu Ka Ŋue Se Ðe Mɔ Ðo Le Sabat Dzi?

MATEO 12:9-14 MARKO 3:1-6 LUKA 6:6-11

  • EYƆ DƆ ŊUTSU AÐE ƑE ASI LE SABAT DZI

Le Sabat bubu dzi la, Yesu yi ƒuƒoƒe aɖe si anya nɔ Galilea. Ekpɔ ŋutsu aɖe si ƒe nuɖusi titi lé la le afi ma. (Luka 6:6) Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo le ŋku lém ɖe Yesu ŋu tututu. Nu ka tae? Nu si nɔ susu me na wo la dze ƒãa esi wobiae be: “Ðe se ɖe mɔ be woada dɔ le Sabat dzia?”—Mateo 12:10.

Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo xɔe se be ne ame ƒe agbe ɖo afɔku me ko hafi wòle se nu be woada gbe le eŋu le Sabat dzi. Eya ta le kpɔɖeŋu me, se meɖe mɔ be ne ame ŋe la, woablae nɛ alo ne wòɖɔ li la, woahee nɛ le Sabat dzi o, elabena eƒe agbe meɖo afɔku me o. Eme kɔ ƒãa be menye ɖe agbalẽfialawo kple Farisitɔwo le gbe biam Yesu le esi wotsɔ ɖe le eme na ŋutsu nublanuitɔ sia si le fu kpem la ta o. Mɔnu ko dim wole le Yesu ŋu be yewoabu fɔe.

Gake Yesu nya susu totro si le wo si. Enya be woƒe susu ku ɖe nu si Sabat ƒe sea bia, si nye be womegawɔ dɔ le ŋkeke ma dzi o ŋu la gbɔ eme eye mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o. (2 Mose 20:8-10) Woƒo nu tsi tre ɖe eƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu madzemadzee alea kpɔ va yi. Azɔ le ameawo katã ŋkume la, Yesu wɔ nu si aku dzi na Farisitɔwo esi wògblɔ na ŋutsu si ƒe asi titi lé la be: “Tso nàva titina.”—Marko 3:3.

Yesu trɔ ɖe agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ŋu hegblɔ be: “Ne alẽ ɖeka le mia dometɔ aɖe si eye wòge ɖe do me le Sabat dzi la, mado asi ɖa aɖee ado goe oa?” (Mateo 12:11) Esi alẽ nye nu si me wokpɔa ga le ta la, womagblẽe ɖe doa me ŋu nake ɖe edzi o; ɖewohĩ kaka ŋu nake la, aku eye esia agblẽ nu le wo ŋu. Azɔ hã, Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe léa be na eƒe aƒemelãwo.”—Lododowo 12:10.

Azɔ Yesu wɔ nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo si me susu le ŋu dɔ esi wògblɔ be: “Azɔ ɖe amegbetɔ mexɔ asi sãsãsã wu alẽ oa? Eya ta se ɖe mɔ be woawɔ nu nyui le Sabat dzi.” (Mateo 12:12) Ekema ne Yesu da gbe le ŋutsua ŋu la, manye Sabat la dzi dada o. Subɔsubɔhakplɔlawo mete ŋu kpɔ nya aɖeke tsɔ ɖo eƒe nya sia si me susu le si ɖe veveseseɖeamenu fia la ŋu o. Ðeko wozi ɖoɖoe.

Yesu tsa ŋku le wo dzi godoo kple dziku hexa nu le woƒe nuŋububu totroa ta. Azɔ egblɔ na ŋutsua be: “Mlo asi.” (Mateo 12:13) Esi ŋutsua mlo eƒe asi si titia lé la, asia ɖɔ ɖo. Dzi dzɔ ŋutsua, gake aleke ame siwo nɔ agbagba dzem be yewoatre mɔ̃ na Yesu la wɔ nui?

Le esi teƒe be Farisitɔ siawo nakpɔ dzidzɔ be amea ƒe asi ɖɔ ɖo la, wodo go enumake eye “wo kple Herodes habɔbɔ me nɔlawo wode adaŋu ɖe [Yesu ŋu], ne woawui.” (Marko 3:6) Edze ƒãa be subɔsubɔha si woyɔna be Zadukitɔwo hã le dunyahehabɔbɔ sia me. Zadukitɔwo kple Farisitɔwo menyina hafi o, gake fifia ya wova wɔ ɖeka tsi tsitre ɖe Yesu ŋu.