Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 65

Efia Nu Esime Wozɔ Mɔ Yina Yerusalem

Efia Nu Esime Wozɔ Mɔ Yina Yerusalem

MATEO 8:19-22 LUKA 9:51-62 YOHANES 7:2-10

  • YESU NƆVIŊUTSUWO MEXƆ EDZI SE O

  • ALEKE GBEGBEE FIAÐUƑEA ƑE DƆWO LE VEVIE?

Ɣeyiɣi aɖee nye esia Yesu le subɔsubɔdɔa wɔm le Galilea koŋ, afi si amewo xɔ nyaa le nyuie wu Yudea. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esime wònɔ Yerusalem eye wòda gbe le ŋutsu aɖe ŋu le Sabat ŋkekea dzi la, “Yudatɔwo gadi vevie wu be yewoawui.”—Yohanes 5:18; 7:1.

Ƒe 32 K.Ŋ. ƒe kele mee, eye Agbadɔŋkekenyuia ɖuɣi gogo. Azã sia ɖuɖu xɔa ŋkeke adre, eye ŋkeke enyilia nyea takpegbe tɔxɛ. Woɖua azã sia le agbledeɣia ƒe nuwuwu, eye wònyea aseyetsotso gã kple akpedada ƒe ɣeyiɣi.

Yesu dadavi siwo nye Yakobo, Simon, Yosef kple Yuda gblɔ nɛ be: “Dzo le afi sia nàyi Yudea.” Yerusalem ye nye dukɔa ƒe tadeaguƒe vevitɔ. Ne azã etɔ̃ siwo woɖuna ƒe sia ƒe la ɖo edzi la, amewo sɔa gbɔ ɖe dugã la me. Yesu nɔviawo gblɔ nɛ be: “Ame si di be amewo nanya ye la, mewɔa nu le bebeme o. Ne èwɔa nu siawo la, ekema ɖe ɖokuiwò fia xexea.”—Yohanes 7:3, 4.

Le nyateƒe me la, nɔviaŋutsu ene siawo “mexɔ edzi se” be eyae nye Mesia la o. Ke hã, wodi be Yesu nawɔ nukudɔ aɖewo be ame siwo va azãa ɖuƒe la nakpɔ. Esi Yesu nya afɔku si le afi ma yiyi me ta la, egblɔ na wo be: “Susu aɖeke meli si ta xexea alé fu mi ɖo o, ke eléa fu nye ya, elabena meɖia ɖase le eŋu be eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi. Miawo miyi ŋkekenyuia ɖuƒe; nye ya nyemele ŋkekenyui sia ɖuƒe yi ge fifia o, elabena nye ɣeyiɣi mede haɖe o.”—Yohanes 7:5-8.

Yesu nɔviŋutsuwo zɔ mɔa kple ame hahooawo, eye le ŋkeke aɖewo megbe la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo hã zɔ mɔa le adzame be amewo nagakpɔ yewo o. Wozɔ mɔ si to Samaria, si le tẽe wu la, ke menye mɔ si ame geɖe tona si te ɖe Yordan-tɔsisia ŋu la o. Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ahiã na dzeƒe le Samaria, eya ta edɔ amewo ɖo ɖe eŋgɔ be woaɖadi dzeƒe ada ɖi. Kɔƒe aɖe me tɔwo gbe be yewomaxɔ wo alo awɔ amedzro na wo o, elabena Yesu ɖo ta Yerusalem hena Yudatɔwo ƒe azãa ɖuɖu. Yakobo kple Yohanes gblɔ kple dziku be: “Aƒetɔ, èlɔ̃ be míana dzo nage tso dziƒo ava tsrɔ̃ woa?” (Luka 9:54) Yesu ka mo na wo ɖe nya ma gbɔgblɔ ta, eye woyi mɔzɔzɔa dzi.

Esi wole mɔa dzi la, agbalẽfiala aɖe gblɔ na Yesu be: “Nufiala, madze yowòme ayi afi sia afi si nàyi.” Yesu gblɔ nɛ be: “Do le abeiwo si, eye atɔ le dziƒoxewo si, ke teƒe aɖeke mele Amegbetɔvi la ya si wòaziɔ ta ɖo o.” (Mateo 8:19, 20) Yesu nɔ gbɔgblɔm na agbalẽfialaa be ato nɔnɔme sesẽwo me ne eva zu ye yomedzela. Eye edze abe dada le agbalẽfiala la me akpa be wòalɔ̃ anɔ agbe ma tɔgbi. Eya ta míate ŋu abia mía ɖokuiwo be, ‘Nu ka gbegbee malɔ̃ faa atsɔ asa vɔe ɖe Yesu yome dzedze ta?’

Yesu gblɔ na ame bubu be: “Dze yonyeme.” Amea ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, ɖe mɔ nam mayi aɖaɖi fofonye gbɔ.” Esi Yesu nya nɔnɔme si me amea le ta la, egblɔ be: “Na ame kukuwo naɖi woƒe ame kukuwo, ke wò la, yi nàɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe la.” (Luka 9:59, 60) Edze ƒãa be fofoa meku haɖe o. Anɔ eme be ne ɖe fofoa ku la, via manɔ afi sia anɔ nu ƒom kple Yesu o. Ŋutsu sia menɔ didim be yeatsɔ Mawu Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ le yeƒe agbe me o.

Esi woganɔ mɔa dzi yina Yerusalem la, ame bubu gblɔ na Yesu be: “Aƒetɔ, madze yowòme; gake na mayi aɖaklã nye aƒemetɔwo gbã.” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ame si tsɔ eƒe asi ɖo kodzi dzi, eye wògale nu siwo le megbe kpɔm la, medze na Mawu Fiaɖuƒe la o.”—Luka 9:61, 62.

Ele be ame siwo di be yewoanye Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo la nana Fiaɖuƒea ƒe dɔwo nanye nu vevitɔ na wo. Ne agbledela mele ŋgɔ kpɔm tẽe o la, fli si nu wòle anyigba dzobom ɖo la aglɔ̃. Ne eɖe asi le kodzia ŋu hele megbe kpɔm la, dɔa matsɔ afɔ o. Nenema kee ame sia ame si le megbe kpɔm be yeakpɔ nu siwo le nuɖoanyi xoxo sia me la ate ŋu akli nu ahatra le mɔ si ɖo ta agbe mavɔ me la dzi.