Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 31

Nukuwo Ŋeŋe Le Sabat Dzi

Nukuwo Ŋeŋe Le Sabat Dzi

MATEO 12:1-8 MARKO 2:23-28 LUKA 6:1-5

  • NUSRƆ̃LAWO ŊE NUKUWO LE SABAT DZI

  • YESU NYE ‘SABAT LA ƑE AƑETƆ’

Azɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ mɔ yina Galilea, si le dziehe gome. Ɣemaɣi nye adame, eye lu ʋã ɖe agblewo dzi. Esi dɔ nɔ nusrɔ̃lawo wum ta la, woŋe nukuawo ƒe ɖe nɔ ɖuɖum. Gake ŋkeke ma nye Sabat, eye Farisitɔwo kpɔ nu si wɔm wonɔ.

Àɖo ŋku edzi be ɣeyiɣi kpui aɖee nye esi va yi la, Yudatɔ aɖewo siwo le Yerusalem la di be yewoawu Yesu esi wotso enu be eda le Sabat la dzi. Fifia Farisitɔwo le Yesu nu tsom le eƒe nusrɔ̃lawo ƒe nuwɔna ta. Wogblɔ be: “Kpɔ ɖa! Wò nusrɔ̃lawo le nu si mele se nu be woawɔ le Sabat dzi o la wɔm.”—Mateo 12:2.

Farisitɔwo gblɔ be nukuŋeŋe kple etugutugu le asiƒome nye nukuxaxa kple eƒoƒo. (2 Mose 34:21) Nu suesuesue siwo wogblɔna be enye dɔwɔwɔ le Sabat dzi la wɔe be Sabat la zu agba, evɔ ɖe woɖoe le gɔmedzedzea me be wòanye dzidzɔŋkeke si atu ame ɖo le gbɔgbɔ me hafi. Be Yesu naɖɔ woƒe susu totroa ɖo la, ewɔ kpɔɖeŋuwo tsɔ fia be Yehowa Mawu meɖoe gbeɖe be Yeƒe Sabat se la nanɔ kpaɖii nenema o.

Kpɔɖeŋu siwo Yesu wɔ la dometɔ ɖeka ku ɖe David kple eƒe amewo ŋu. Esi dɔ nɔ wo wum la, wova afi si avɔgbadɔa le eye woɖu ŋkumeɖobolowo. Le ɖoɖoa nu la, abolo mawo siwo woɖe le Yehowa ŋkume xoxo hetsɔ yeyewo ɖo wo teƒe la nye nunɔlawo ƒe nuɖuɖu. Gake le nɔnɔme si me David kple eƒe amewo va ɖo ta la, womebu fɔ wo ɖe eɖuɖu ta o.—3 Mose 24:5-9; 1 Samuel 21:1-6.

Le kpɔɖeŋu evelia me la, Yesu gblɔ be: “Ðe miexlẽ le Se la me kpɔ be, le Sabat ŋkeke dzi la, nunɔla siwo subɔna le gbedoxɔa me la wɔa dɔ, gake womebua fɔ wo oa?” Nya si gblɔm wònɔe nye be le Sabat dzi gɔ̃ hã la, nunɔlawo wua vɔsalãwo hewɔa dɔ bubuwo le gbedoxɔa me. Yesu gblɔ be: “Ke mele egblɔm na mi be ame si lolo wu gbedoxɔa la le afii.”—Mateo 12:5, 6; 4 Mose 28:9.

Yesu gahe susu yi Ŋɔŋlɔawo dzi tsɔ ɖo kpe eƒe nyawo dzi ale: “Ne ɖe miese nya si nye, ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o’ gɔme la, anye ne miebu fɔ ame maɖifɔwo o.” Azɔ eƒo nya ta be: “Elabena Sabat ƒe Aƒetɔe Amegbetɔvi la nye.” Nu si ŋu Yesu le nu ƒom tsoe ye nye eƒe ƒe akpe ɖeka Dziɖuɖu si me ŋutifafa anɔ si gbɔna la.—Mateo 12:7, 8; Hosea 6:6.

Ɣeyiɣi didi aɖee nye esia si ameƒomea le fu kpem vevie le kluvinyenye na Satana me, eye ŋutasesẽ kple aʋawɔwɔ bɔ. Gake gbɔdzɔe ka gbegbee nye esi Kristo ƒe Sabat dziɖuɖu gã la anye! Ɣemaɣi la, ana gbɔɖemeɣi si hiã mí eye wòle mía dzrom ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la mí.