Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 22

Nusrɔ̃la Ene Ava Nye Ameɖelawo

Nusrɔ̃la Ene Ava Nye Ameɖelawo

MATEO 4:13-22 MARKO 1:16-20 LUKA 5:1-11

  • YESU YƆ NUSRƆ̃LA SIWO ANYE EYOMEDZELAWO KOŊ

  • LÃÐELAWO VA ZU AMEÐELAWO

Esi Nazaretetɔwo te kpɔ be yewoawu Yesu vɔ megbe la, edzo yi du si nye Kapernaum, si gogo Galilea-ƒua, si wogayɔna be “Genezaret-ta” la me. (Luka 5:1) Esia na nyagblɔɖi si le Yesaya ƒe agbalẽa me si gblɔ be Galileatɔ siwo le ƒuta la akpɔ kekeli gã aɖe la va eme.—Yesaya 9:1, 2.

Ɛ̃, le Galilea afi sia la, Yesu yi edzi le gbeƒã ɖem be “Dziƒofiaɖuƒe la gogo.” (Mateo 4:17) Yesu va ke ɖe eƒe nusrɔ̃la ene ŋu. Ame siawo zɔ mɔ kplii kpɔ do ŋgɔ, gake esi wo kple Yesu wotrɔ tso Yudea gbɔ la, wogatrɔ ɖe woƒe ɖɔkpɔkplɔdɔa ŋu. (Yohanes 1:35-42) Gake fifia ɣeyiɣia de be woanɔ Yesu ŋu ɣeawokatãɣi, ale be wòate ŋu ana hehe wo be woayi subɔsubɔdɔa dzi le eƒe dzodzo megbe.

Esi Yesu nɔ ƒua ta zɔm la, ekpɔ Simon Petro, nɔvia Andrea kple woƒe zɔhɛ aɖewo wonɔ woƒe ɖɔwo kpalam. Yesu te ɖe wo ŋu, ege ɖe Petro ƒe tɔdziʋua me, eye wògblɔ nɛ be wòakui adzoe le go ŋu. Esi woyi ŋgɔ vie la, Yesu bɔbɔ nɔ anyi hede asi nufiafia ameha siwo le ƒua ta la me tso Fiaɖuƒe ŋuti nyateƒea ŋu.

Emegbe Yesu gblɔ na Petro be: “Ku ʋua yi afi si goglo, ne miaɖi miaƒe ɖɔawo aɖe lã.” Petro ɖo eŋu be: “Nufiala, míeku kutri zã blibo la katã, ke míeɖe naneke o, gake maɖi ɖɔawo le wò nya la nu.”—Luka 5:4, 5.

Woɖi ɖɔawo, eye lã si woɖe la sɔ gbɔ ale gbegbe be ɖɔawo nɔ dzedzem! Ŋutsuawo mia asi wo tɔ aɖewo siwo le ʋu aɖe si te ɖe wo ŋu me kaba be woava kpe asi ɖe yewo ŋu. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi lã yɔ ʋu evea siaa ale gbegbe be wode asi toyiyi me o. Esi Petro kpɔ esia la, edze klo ɖe Yesu ŋkume hegblɔ be: “Aƒetɔ, dzo le gbɔnye, elabena nu vɔ̃ wɔlae menye.” Yesu gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o. Tso fifia dzi la, ànɔ amewo ɖem agbagbee.”—Luka 5:8, 10.

Yesu gblɔ na Petro kple Andrea be: “Miva dze yonyeme, eye mawɔ mi ameɖelawoe.” (Mateo 4:19) Emia asi tɔƒodela eve bubu siwo nye Yakobo kple Yohanes, siwo nye Zebedeo viwo hã. Woawo hã womehe ɖe megbe o. Eya ta ame ene siawo gblẽ woƒe ɖɔkpɔkplɔdɔa ɖi eye wova zu Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo kplɔnɛ ɖo ɣesiaɣi la ƒe gbãtɔwo.