Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 35

Todzimawunya Xɔŋkɔ La

Todzimawunya Xɔŋkɔ La

Ðeɖi anya te Yesu ŋu esi wòdo gbe ɖa zã bliboa katã vɔ megbe hetia ame 12 le eƒe nusrɔ̃lawo dome be woanye apostolowo. Ŋu ke azɔ, ke hã ŋusẽ kple didia gale eme be wòakpe ɖe amewo ŋu. Ewɔ esia le to aɖe ŋu le Galilea, ɖewohĩ le afi si gogo Kapernaum, si nye du si me wònɔ hewɔ dɔ geɖe le la.

Amehawo tso didiƒewo va egbɔ. Wo dometɔ aɖewo tso Yerusalem kple Yudea ƒe teƒeteƒewo le anyiehe ɖaa. Ame bubuwo tso ƒutadu siwo nye Tiro kple Sidon le dzieheɣetoɖoƒe godzi. Nu ka tae wova le Yesu dim? Wova “be yewoaɖo toe eye wòada yewoƒe dɔwo na yewo.” Eye nu ma tututue Yesu wɔ—‘eda gbe le wo katã ŋu.’ Bu eŋu kpɔ ko! Dɔnɔawo katã ƒe lãme sẽ. Yesu yɔ dɔ ame siwo “gbɔgbɔ makɔmakɔwo le fu ɖem na la gɔ̃ hã.” Wonye ame siwo Satana ƒe dɔla vɔ̃ɖiwo le fu ɖem na.—Luka 6:17-19.

Azɔ Yesu va ɖo gbadzaƒe aɖe le toa ŋu eye amehawo va ƒo ƒu ɖe eŋu. Eƒe nusrɔ̃lawo le eŋu, eye ɖewohĩ apostolo 12-awoe te ɖe eŋu wu. Ameawo katã di vevie be yewoase nufiala si tea ŋu wɔa nukunu siawo gbegbe la ƒe nyawo. Yesu ƒo nuƒo aɖe si aɖe vi na eƒe nyaselawo godoo. Nuƒo ma me nyawo gale vi ɖem na ame gbogbowo va de asi na egbea. Ate ŋu aɖe vi na míawo hã, elabena eɖe gbɔgbɔmenya goglowo me le mɔ si le bɔbɔe si me kɔ nyuie la nu. Yesu he susu yi nu siwo dzɔna gbe sia gbe kple nu siwo ŋu amewo nya nu le la dzi. Esia na ame siwo katã di be yewoanɔ agbe si ɖɔ ʋu wu, si dzea Mawu ŋu la te ŋu se eƒe nufiafiawo gɔme bɔbɔe. Yesu ƒe nuƒoa me nya vevi siwo na asixɔxɔ le eŋu nenema gbegbe la dometɔ aɖewo ɖe?

AME KAWOE NYE DZIDZƆTƆWO ŊUTƆŊUTƆ?

Ame sia ame dina be yeakpɔ dzidzɔ. Esi Yesu nya esia ta la, eƒo nu tso nu si ana ame nakpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ la ŋu tsɔ dze eƒe nuƒoa gɔme. Bu ale si gbegbe esia ana eƒe nyaselawo ƒe susu nanɔ eŋu la ŋu kpɔ. Gake eƒe nyaa ƒe akpa aɖewo anya wɔ nuku na wo.

Egblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo, elabena woawo tɔe nye Dziƒofiaɖuƒe la. Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le nu xam, elabena woafa akɔ na wo. . . . Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum, elabena woaɖi ƒo na wo. . . . Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ta, elabena wo tɔe nye Dziƒofiaɖuƒe la. Dzidzɔtɔwoe mianye ne amewo doa vlo mi, [eye wotia] mia yome . . . le tanye. Mitso aseye, eye migli kple dzidzɔ.”—Mateo 5:3-12.

‘Dzidzɔ’ ka ƒomevi ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe? Dzidzɔ si wòwɔnɛ la menye aseyetsotso alo nukoko hahaha, abe esi yia edzi ne amewo le aglo tum ene o. Dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ yi ŋgɔ wu ema. Enye dzidzɔ ememetɔ kple sese le ame ɖokui me be yeƒe dzi dze eme eye yeɖo yeƒe taɖodzinu gbɔ le agbe me.

Yesu gblɔ be ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo, ame siwo xaa nu le woƒe nu vɔ̃ me nyenye ta, kple ame siwo va nya Mawu hesubɔnɛ lae kpɔa dzidzɔ vavãtɔ. Ne wolé fu wo alo ti wo yome le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ta gɔ̃ hã la, wokpɔa dzidzɔ, elabena wonyae be yewoƒe nu dzea eŋu eye atsɔ agbe mavɔ aɖo eteƒe na yewo.

Ke hã, ame geɖe susuna be gakpɔkpɔ kple dzidzɔdonamenuwo yome titi ye ana ame nakpɔ dzidzɔ. Yesu gblɔ be nu bubu gbɔe dzidzɔ tsona. Ezã nu siwo to vovo na wo nɔewo le mɔ si ana eƒe nyasela geɖe nabu tame la nu, esi wògblɔ be: “Baba na mi kesinɔtɔwo, elabena miele miaƒe akɔfafa katã kpɔm xoxo. Baba na mi ame siwo ɖi ƒo fifia, elabena dɔ ava wu mi. Baba na mi ame siwo le nu kom fifia, elabena miava fa konyi ahafa avi. Baba na mi, ne amewo katã ƒoa nu nyui le mia ŋu, elabena nu siawoe wo tɔgbuiwo wɔ na aʋatsonyagblɔɖilawo.”—Luka 6:24-26.

Nu ka tae woado baba na ame ɖe kesinɔnukpɔkpɔ, nukoko kple amewo ƒe kafukafu ta? Elabena ne nu siawo le ame si eye woawo ŋue wòdea asixɔxɔe la, ate ŋu ana wòaŋe aɖaba aƒu Mawu subɔsubɔ dzi, si ana be dzidzɔ vavãtɔ nato eŋu. Yesu mele gbɔgblɔm be ahedada, dɔwuame kple nuxaxa gbɔe dzidzɔkpɔkpɔ tsona o. Gake zi geɖe la, ame siwo dzi nu mede o lae ɖoa to Yesu ƒe nufiafiawo, eye esia nana wokpɔa yayra si nye dzidzɔ vavãtɔ.

Azɔ esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒe nu le susu me nɛ la, egblɔ be: “Miawoe nye anyigba la ƒe dze.” (Mateo 5:13) Eme kɔ ƒãa be menye dze ŋutɔŋutɔe wonye o. Ke boŋ dze nye nu si nana nu megblẽna o. Dze gbogbo aɖe nɔ Mawu ƒe gbedoxɔa me le vɔsamlekpuia gbɔ, eye wodenɛ vɔsawo. Azɔ hã, egatsia tsitre ɖi na nu si ŋu nu vɔ̃ mele o alo nu si megblẽ o. (3 Mose 2:13; Ezekiel 43:23, 24) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nye “anyigba la ƒe dze” le gɔmesesea nu be, woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi kpɔa amewo ta tso gbegblẽ me, si wɔnɛ be amewo kple Mawu dome nɔna nyuie eye wonɔa agbe nyui. Ɛ̃, woƒe gbedeasia ate ŋu akpɔ ame siwo katã nɔa agbe ɖe enu la ƒe agbe ta.

Yesu gagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miawoe nye xexea ƒe kekeli.” Womesia akaɖi tsɔ dana ɖe kusi te o, ke boŋ akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ. Yesu gblɔ be: “Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ŋkume, ale be woakpɔ miaƒe dɔ nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo si le dziƒo.”—Mateo 5:14-16.

DZIDZENU KƆKƆ NA EYOMEDZELAWO

Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ la, Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo bu Yesu be enye Mawu ƒe Se la dzi dala eye woɖo nugbe be yewoawui. Eya ta Yesu gblɔ tẽe be: “Migasusu be ɖe meva Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo ɖe ge ɖa o. Nyemeva wo ɖe ge ɖa o, ke boŋ be mana woava eme.”—Mateo 5:17.

Ɛ̃, Yesu dea bubu gãtɔ kekeake Mawu ƒe Sea ŋu eye wòdea dzi ƒo na ame bubuwo be woawo hã woawɔ nenema ke. Egblɔ gɔ̃ hã be: “Ame si daa se suetɔ siawo dometɔ ɖeka pɛ dzi, eye wòfiaa amewo be woawɔ nenema la, madze na Dziƒofiaɖuƒea me yiyi o.” Esia fia be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be ame sia ayi ɖe Fiaɖuƒe la me o. Egblɔ kpee be: “Ke ame si wɔna ɖe se siawo dzi, eye wòfiaa wo amewo la, adze na Dziƒofiaɖuƒea me yiyi.”—Mateo 5:19.

Yesu ƒo nu tsi tre ɖe nɔnɔme siwo ate ŋu ana ame nada le Mawu ƒe Sea dzi la gɔ̃ hã ŋu. Esi Yesu he susu yi Se si gblɔ be “Mègawu ame o” dzi vɔ la, egblɔ kpee be: “Ame si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋu la, woabia akɔntae le ʋɔnudrɔ̃ƒe.” (Mateo 5:21, 22) Be ame nanɔ dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋu nye ŋkubiãnya, eye ate ŋu ana wòawu nɔvia gɔ̃ hã. Eya ta Yesu ƒo nu tso agbagba si gbegbe wòle be ame nadze atsɔ awɔ ŋutifafae la ŋu ale: “Ne ètsɔ wò nunana va vɔsamlekpuia gbɔ, eye nèɖo ŋku edzi le afi ma be nya aɖe le nɔviwò si ɖe ŋuwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afi ma le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nàdzo ayi. Wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã, eye ne ètrɔ gbɔ la, nàtsɔ wò nunana la ana.”—Mateo 5:23, 24.

Sea ƒo nu tsi tre ɖe ahasiwɔwɔ hã ŋu. Yesu gblɔ be: “Miese wogblɔ be: ‘Mègawɔ ahasi o.’ Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame sia ame si le ŋku lém ɖe nyɔnu ŋu, eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” (Mateo 5:27, 28) Menye gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe susu aɖe si ava ame ƒe tame dzro ko ƒe nya gblɔm Yesu le o; ke boŋ enɔ gbe tem ɖe ale si wònye ŋkubiãnya be woanɔ “ŋku lém ɖe” ame ŋu wòadzroe la dzi. Ne ame aɖe yi edzi le ŋku lém ɖe ame ŋu alea la, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro anyɔ ɖe amea me. Eye ne mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi la, ate ŋu ana wòawɔ ahasi. Aleke ame ate ŋu aƒo asa na esia? Ðewohĩ abia be wòaɖe afɔ aɖewo siwo adze abe wosesẽ akpa ene. Yesu gblɔ be: “Eya ta ne wò ɖusimeŋku hea wò dea nu vɔ̃ me la, hoe ɖa nàtsɔ aƒu gbe. . . . Ne wò nuɖusi hea wò dea nu vɔ̃ me la, lãe ɖa nàtsɔ aƒu gbe.”—Mateo 5:29, 30.

Ame aɖewo lɔ̃ faa wolã woƒe abɔ alo afɔ si ŋu dɔléle sesẽ aɖe le la ɖa be yewoate ŋu anɔ agbe. Mewɔ nuku o be Yesu gblɔ be ele vevie wu gɔ̃ hã be woatsɔ nu sia nu si xɔ asi ale gbegbe, abe ŋku alo asi ene gɔ̃ hã, ‘aƒu gbe’ be woaƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe tamesusuwo kple nuwɔna siwo dona tso eme. Yesu gblɔ be: “Anyo na wò be nàbú wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be wò ameti blibo la nayi Gehena” (aɖukpo aɖe si dzi wotɔa dzo gbeɖuɖɔ le le Yerusalem gliawo godo), si le tsitre ɖi na tsɔtsrɔ̃ mavɔ.

Yesu gaɖo aɖaŋu tso ale si woawɔ nu ɖe ame siwo wɔ nu gbegblẽ ɖe ame ŋu alo dze agɔ le ame dzi la ŋu. Egblɔ be: “Migatsi tsitre ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋu o, ke boŋ ame si ke ƒo wò ɖusitome la, trɔ ekemɛ hã nɛ.” (Mateo 5:39) Esia mefia be mele be woaʋli ame ɖokui alo ame ƒe ƒome ta ne wodze ame dzi o. Yesu ƒo nu tso tomeƒoƒo ŋu; zi geɖe la, tomeƒoƒo medea abi ame ŋu vevie alo wua ame o, ke boŋ enye gbɔɖiɖi ame. Nu si gblɔm wòle ye nye be ne ame aɖe ƒo tome na wò alo dzu wò tsɔ di ge le ŋuwò la, mègawɔ wɔɖenui o.

Aɖaŋuɖoɖo ma wɔ ɖeka kple Mawu ƒe se si ku ɖe havilɔlɔ̃ ŋu. Eya ta Yesu xlɔ̃ nu eƒe nyaselawo be: “Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye minɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta.” Egblɔ susu vevi si tae be: “Ne miazu mia Fofo si le dziƒowo la ƒe viwo, elabena enana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo.”—Mateo 5:44, 45.

Yesu ƒo eƒe nuƒoa ƒe akpa sia ta be: “Eya ta mizu blibo, abe ale si mia Fofo si le dziƒo la le bliboe ene.” (Mateo 5:48) Edze ƒãa be eƒe nyaa mefia be amewo ate ŋu ade blibo le go sia go me o. Ke hã, ne míesrɔ̃ Mawu la, míate ŋu akeke míaƒe lɔlɔ̃ ɖe enu wòalɔ míaƒe futɔwo gɔ̃ hã ɖe eme. Woagate ŋu agblɔ nya ma ke ale: “Minɔ nublanui kpɔm na amewo, abe ale si ko mia Fofo kpɔa nublanui ene.”—Luka 6:36.

GBEDODOÐA KPLE ŊUÐOÐO ÐE MAWU ŊU

Le Yesu ƒe nuƒoa dzi yiyi me la, egblɔ na eƒe nyaselawo be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be miagaɖe miaƒe dzɔdzɔenyenye afia le amewo ŋkume be woakpɔ o.” Yesu ƒo nu tsi tre ɖe gotagome mawusosroɖa si nye alakpanuwɔwɔ ŋu esi wògblɔ yi edzi be: “Ne èkpɔ nublanui na amewo hena nu wo la, mègana kpẽ naɖi le ŋgɔwò abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna . . . ene o.” (Mateo 6:1, 2) Mele be míaƒe nunana amewo nanye gaglãgbenuwɔna o.

Eyome Yesu gblɔ be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migawɔ nu abe alakpanuwɔlawo ene o, elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple mɔ gãwo ƒe dzogoewo dzi be amewo nakpɔ yewo.” Ðe ema teƒe la, egblɔ be: “Ne èle gbe do ge ɖa la, yi wò xɔ me, eye ne ètu ʋɔa vɔ la, do gbe ɖa na Fofowò si le ɣaɣlaƒe la.” (Mateo 6:5, 6) Yesu mele nu ƒom tsi tre ɖe gbedodoɖa le dutoƒo ŋu o, elabena eya ŋutɔ hã do gbe ɖa le dutoƒo ɣeaɖewoɣi. Nu si ŋu wòle nu ƒom tsi tre ɖoe nye gbe siwo wodona ɖa be wòawɔ dɔ ɖe eselawo dzi ale be woakafu ame si le gbea dom ɖa la.

Exlɔ̃ nu ameha la be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migagbugbɔ nɔ nya ɖeka mawo ke gblɔm atraɖii abe ale si dukɔwo me tɔwo wɔnɛ ene o.” (Mateo 6:7) Yesu mele gbɔgblɔm be nuƒoƒo tso nya aɖe ŋu enuenu le gbedodoɖa me nye nu gbegblẽ o. Enɔ gbɔgblɔm be le gbedodoɖa me la, mesɔ be woanɔ nya siwo wolé ɖe susu me la “gblɔm atraɖii” wòanye nyagbugbɔgagblɔ dzro ko o. Azɔ efia kpɔɖeŋugbedodoɖa aɖe si me wòhe susu yi nubiabia vevi adre aɖewo dzi le. Nu etɔ̃ gbãtɔwo ku ɖe ale si Mawu dze anye dziɖula kpakple eƒe tameɖoɖowo ŋu. Egblɔ be Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti nakɔ, eƒe Fiaɖuƒe nava, eye woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Ne míeƒo nu tso nya siawo tɔgbi ŋu ko hafi míabia míawo ŋutɔwo míaƒe nuhiahiã siwo nye gbe sia gbe nuɖuɖu, nu vɔ̃ tsɔtsɔ ke kple biabia be woagate mí akpɔ wu esi nu míate ŋu anɔ te ɖo o, eye be woaɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.

Asixɔxɔ kae wòle be míade míaƒe nunɔamesiwo ŋu? Yesu xlɔ̃ nu ameha la be: “Midzudzɔ kesinɔnuwo nu ƒoƒo ƒu na mia ɖokuiwo ɖe anyigba dzi, afi si agbagblaʋui kple ɣebia gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia fi le.” Susu le nya sia me ŋutɔ! Kesinɔnuwo dome ate ŋu agblẽ eye esia dzɔna hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, asixɔxɔ aɖeke mele wo ŋu le Mawu gbɔ o. Eya ta Yesu gblɔ kpee be: “Miƒo kesinɔnuwo nu ƒu na mia ɖokuiwo ɖe dziƒo.” Míate ŋu awɔ esia ne míetsɔa mawusubɔsubɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Ame aɖeke mate ŋu axɔ míaƒe tenɔnɔ nyui le Mawu gbɔ alo agbe mavɔ ƒe fetu la le mía si o. Yesu gblɔe ɖe eteƒe vavã be: “Afi si wò kesinɔnuwo le la, afi mae wò dzi hã anɔ.”—Mateo 6:19-21.

Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ te gbe ɖe nya sia dzi ale: “Ameti la ƒe akaɖie nye ŋku. Eya ta ne wò ŋku nɔa nu ɖeka ŋu la, ekema wò ameti blibo la katã me akɔ. Gake ne ŋku si biãa ŋu le asiwò la, wò ameti blibo la katã me ado viviti.” (Mateo 6:22, 23) Ne míaƒe ŋku le nu kpɔm nyuie la, ele ko abe akaɖi ene na ametia. Gake hafi wòanɔ alea la, ele be míaƒe ŋku nanɔ nu ɖeka ŋu; ne menye nenema o la, míaƒe susu le nu siwo le vevie wu le agbe me ŋu ate ŋu atro. Ne nunɔamesiwo va le vevie na mí wu mawusubɔsubɔ la, ke “ameti blibo la katã me ado viviti,” si fia be míate ŋu ava nɔ nu fitifitiwo wɔm.

Azɔ Yesu wɔ kpɔɖeŋu sẽŋu aɖe be: “Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o; elabena alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo alé ɖe ɖeka ŋu, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.”—Mateo 6:24.

Ame siwo nɔ to ɖom Yesu la anya tsi dzi ɖe ale si yewoawɔ akpɔ yewoƒe nuhiahiãwoe ŋu. Eya ta eka ɖe edzi na wo be mehiã be woatsi dzimaɖi ne wotsɔa mawusubɔsubɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ o. Egblɔ be: “Milé ŋku ɖe dziƒoxewo ŋu miakpɔ; womeƒãa nu o, womeŋea nu o, eye womeƒoa nuwo nu ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo si le dziƒo la nyia wo.”—Mateo 6:26.

Ke nya kae Yesu gblɔ tso dzogbenya siwo le gbedzi le towo dzi la ŋu? Egblɔ be “le Salomo ƒe ŋutikɔkɔe la katã me gɔ̃ hã la, meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o.” Nu kae esia fia mí? “Ne Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe si le gbe me egbe, eye etsɔ ko woatsɔe aƒu gbe ɖe dzo me la, ɖe maɖo atsyɔ̃ na miawo ya geɖe wu oa?” (Mateo 6:29, 30) Yesu ɖo aɖaŋu nyui sia be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe agblɔ be: ‘Nu kae míaɖu?’ alo ‘Nu kae míano?’ alo ‘Nu kae míado?’ hã o. . . . Mia Fofo si le dziƒo la nyae be nu siawo katã hiã mi. Eya ta miyi edzi mianɔ Fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã, eye woatsɔ nu bubu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”—Mateo 6:31-33.

ALE SI WOAWƆ AKPƆ AGBE

Apostoloawo kple dzianukwaretɔ bubuwo di be yewoanɔ agbe wòadze Mawu ŋu, gake nɔnɔmeawo wɔe be esia mele bɔbɔe na wo o. Le kpɔɖeŋu me, Farisitɔ geɖe dia vodada le ame ŋu hebua fɔ ame vevie. Eya ta Yesu xlɔ̃ nu eƒe nyaselawo be: “Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; elabena ale si miedrɔ̃a ʋɔnui la, nenema kee woadrɔ̃ ʋɔnu miawo hã.”—Mateo 7:1, 2.

Enye nu si me afɔku le be woasrɔ̃ Farisitɔ siwo bua fɔ ame vevie la ƒe nɔnɔme. Eya ta Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe be: “Ðe ŋkuagbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? Ðe wo kple evea siaa madze do me oa?” Ke aleke wòle be Yesu ƒe nyaselawo nabu ame bubuwoe? Mele be woanɔ vodada dim le amewo ŋu o, elabena esia anye agɔdzedze gã. Ebia be: “Aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Nɔvinye, na maɖe ati fefee si le ŋku dzi na wò,’ evɔ wò ŋutɔ mèle atikpo si le wò ŋku dzi la kpɔm o? Alakpanuwɔla! Ðe atikpo la ɖa le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, ekema àte ŋu akpɔ nu nyuie aɖe ati fefee si le nɔviwò ƒe ŋku dzi la.”—Luka 6:39-42.

Esia mefia be mele be nusrɔ̃laawo nadrɔ̃ ʋɔnu ƒomevi aɖeke kura o. Yesu gblɔ na wo be: “Migatsɔ nu siwo le kɔkɔe la na avuwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu xɔasiwo ƒu gbe ɖe hawo ŋkume o.” (Mateo 7:6) Nyateƒe siwo le Mawu ƒe Nyaa me la xɔ asi, wole abe kpɔɖeŋudzonuwo ene. Ne ame aɖewo wɔ nu abe lãwo ene, si fia be womede asixɔxɔ aɖeke nyateƒe xɔasi siawo ŋu o la, ele be nusrɔ̃laawo nadzo le wo gbɔ eye woadi ame siwo alɔ̃ aɖo to.

Yesu gatrɔ ɖe gbedodoɖa ƒe nyaa ŋu ake eye wòte gbe ɖe ale si wòle be woaku kutri le gbedodoɖa me dzi. Egblɔ be: “Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi.” Be Yesu nate gbe ɖe edzi be Mawu le klalo be yeaɖo gbedodoɖawo ŋu la, ebia be: “Mia dometɔ kae li, ne via bia aboloe la, wòatsɔ kpe ade esi? . . . Eya ta ne mi ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la mana nu nyuiwo ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?”—Mateo 7:7-11.

Azɔ Yesu gblɔ nu si va trɔ zu agbenɔnɔŋutise aɖe si wonya nyuie esi wògblɔ be: “Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” Ðe manyo be mí katã míawɔ ɖe nuxlɔ̃ame nyui sia dzi le nuwɔwɔ kple ame bubuwo me oa? Gake esia wɔwɔ ate ŋu asesẽ, abe ale si wòdze le Yesu ƒe mɔfiame sia me ene be: “Mito agbo xaxɛ la nu yi ɖe eme, elabena agbo la keke eye mɔ si kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me la le gbadza, eye ame geɖewoe toa enu yina; ke agbo la le xaxɛe eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa ame yia agbe me, eye ame ʋɛ aɖewo koe kpɔnɛ.”—Mateo 7:12-14.

Ame aɖewo adi be yewoana nusrɔ̃lawo natra ɖa le mɔ si kplɔa ame yia agbe me la dzi, eya ta Yesu gblɔ be: “Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖila siwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽ me, evɔ le ememe la, wonye amegãxi nyanyrawo la ŋuti.” (Mateo 7:15) Yesu gblɔ be wotsɔa ati nyuiwo kple ati manyomanyowo siaa ƒe kutsetsewo dea dzesi wo. Nenema kee wòle le amewo hã gome. Míate ŋu atsɔ aʋatsonyagblɔɖilawo ƒe nufiafiawo kple nuwɔnawo ade dzesi wo. Eya ta le Yesu ƒe nyaa nu la, menye nu si ame aɖe gblɔna dzro koe nana wòzua eƒe nusrɔ̃la o, ke boŋ nu si wòwɔna hãe. Ke ame siwo gblɔna be Yesu ye nye yewoƒe Aƒetɔ, gake womewɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o ya ɖe? Yesu gblɔ be: “Maʋu eme na wo bena: ‘Nyemenya mi kpɔ o! Mi sedzimawɔlawo, mite ɖa le gbɔnye!’”—Mateo 7:23.

Yesu ƒo eƒe nuƒoa ta ale: “Ame sia ame si sea nye nya siawo, eye wòwɔa wo dzi la, anɔ abe ŋutsu dzeaɖaŋu si tu eƒe xɔ ɖe agakpe dzi la ene. Eye tsi gã aɖe dza, tɔwo ɖɔ, eye ya ƒo va lɔ xɔ ma, gake memu o, elabena woɖo egɔme anyi ɖe agakpe dzi.” (Mateo 7:24, 25) Nu ka tae xɔa memu o? Nu si tae nye be ŋutsua ɖe “do wògoglo, eye wòɖo egɔme anyi ɖe agakpe dzi.” (Luka 6:48) Eya ta menye Yesu ƒe nyawo sese koe hiã o. Ele be míadze agbagba vevie ‘awɔ wo dzi’ hã.

Ke ame si ‘sea nya siawo’ gake “mewɔa wo dzi o” ya ɖe? Ele “abe ŋutsu tsibome si tu eƒe xɔ ɖe ke dzi la ene.” (Mateo 7:26) Ne tsi dza, tɔwo ɖɔ, eye ya sesẽwo ƒo la, xɔa amu.

Ale si Yesu fia nui le nuƒo sia me la na amehawo ƒe nu ku. Efia nu wo abe ame si si ŋusẽ le ene, ke menye abe subɔsubɔhakplɔlaawo ene o. Anɔ eme be ame siwo ɖo toe la dometɔ geɖe va zu eƒe nusrɔ̃lawo.