Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 26

“Wotsɔ Wò Nu Vɔ̃wo Ke Wò”

“Wotsɔ Wò Nu Vɔ̃wo Ke Wò”

MATEO 9:1-8 MARKO 2:1-12 LUKA 5:17-26

  • YESU TSƆ LÃMETUTUTƆ AÐE ƑE NU VƆ̃WO KEE EYE WÒDA GBE LE EŊU

Azɔ Yesu ŋu nya kaka de kpuiƒewo kple didiƒewo. Ame geɖe zɔa mɔ vaa teƒe siwo yiyi sesẽ siwo wònɔna la be yewoaɖo to eƒe nufiafiawo ahakpɔ nukunu siwo wɔm wòle. Gake le ŋkeke aɖewo megbe la, egatrɔ yi Kapernaum, si nye du si me wònɔ hewɔ dɔ geɖe le la. Eƒe tɔtrɔgbɔ ŋu nya kaka kaba ɖe du sia si le Galilea-ƒua to la me. Esia na ame geɖe va aƒe si me wòle la me. Wo dometɔ aɖewo nye Farisitɔwo kple Sefiala siwo tso Galilea, Yudea kple Yerusalem nutoawo katã me.

“Ame geɖewo va ƒo ƒu ale gbegbe be teƒe aɖeke megali o, mɔ mele ʋɔtrua nu teti hã o, eye wòde asi nya nyui la gbɔgblɔ me na wo.” (Marko 2:2) Nu ɖedzesi ŋutɔ aɖe le dzɔdzɔ ge. Enye nudzɔdzɔ aɖe si akpe ɖe mía ŋu míakpɔe adze sii be ŋusẽ le Yesu si be wòaɖe nu si naa amegbetɔwo kpea fu la ɖa, eye wòada gbe le ame sia ame si wòdi la ŋu.

Esi Yesu nɔ nu fiam le xɔ si me amewo sɔ gbɔ ɖo me la, ame ene tsɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi vɛ. Wodi be Yesu nada dɔ na yewo xɔlɔ̃a. Gake le amehawo ta la, “womete ŋu kɔe va ɖo Yesu gbɔ o.” (Marko 2:4) Bu ale si wòate ɖe wo dzii ŋu kpɔ. Wolia xɔ si tame le gbadzaa la heɖe mɔ to xɔgbakpeawo dome. Eye woɖiɖi aba la kple lãmetututɔ si le edzi la ɖe xɔa me.

Ðe dɔme ve Yesu be wotso eƒe nuƒoa me nɛa? Kura o! Woƒe xɔse la wɔ dɔ ɖe edzi vevie eye wògblɔ na lãmetututɔ la be: “Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.” (Mateo 9:2) Gake ɖe Yesu ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake nyateƒea? Nya sia mevivi agbalẽfialawo kple Farisitɔwo nu o. Wosusu le woƒe dzi me be: “Nu ka tae ame sia le nu ƒom ale? Ele busunya gblɔm. Ame kae ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko oa?”—Marko 2:7.

Esi Yesu nya nu si susum wole ta la, ebia wo be: “Nu ka tae miele nu siawo susum le miaƒe dzi me? Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na lãmetututɔ la be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke’ loo, alo be woagblɔ be, ‘Tso nàtsɔ wò aba, eye nàzɔ’?” (Marko 2:8, 9) Ɛ̃, Yesu ate ŋu anɔ te ɖe vɔ si wòava sa emegbe la dzi atsɔ ŋutsua ƒe nu vɔ̃wo akee.

Azɔ Yesu ɖee fia amehaa kple ame siwo tsɔ nya ɖe eŋu la be ŋusẽ le ye si be yeatsɔ nu vɔ̃wo ake le anyigba dzi. Etrɔ ɖe lãmetututɔa ŋu hegblɔ nɛ be: “Mele egblɔm na wò be: Tso nàtsɔ wò aba eye nàyi aƒewò me.” Eye ŋutsua tso enumake eye wòtsɔ eƒe aba zɔ do go le wo katã ŋkume. Nu sia wɔ nuku na ameha la ŋutɔ! Wokafu Mawu hedo ɣli gblɔ be: “Míekpɔ nu sia tɔgbi kpɔ o”!—Marko 2:11, 12.

Eɖe dzesi be Yesu ɖee fia be nu vɔ̃ do ƒome kple dɔléle, eye nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke hã do ƒome kple lãmesẽ me nɔnɔ. Biblia fia be mía dzila gbãtɔ Adam wɔ nu vɔ̃, eye be mí katã míenyi nu vɔ̃ me tsonu siwo nye dɔléle kple ku ƒe dome. Gake le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, Yesu atsɔ ame siwo katã lɔ̃a Mawu hesubɔnɛ la ƒe nu vɔ̃wo ake wo. Ɣemaɣi la, woaɖe dɔléle ɖa tegbee.—Romatɔwo 5:12, 18, 19.