Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 47

Nyɔnuvi Dzaa Aɖe Gbɔ Agbe!

Nyɔnuvi Dzaa Aɖe Gbɔ Agbe!

MATEO 9:18, 23-26 MARKO 5:22-24, 35-43 LUKA 8:40-42, 49-56

  • YESU FƆ YAIRO VINYƆNUVIA ÐE TSITRE

Yairo kpɔe be Yesu da dɔ na nyɔnu si nɔ ʋusisidɔ lém la. Ðikekemanɔmee la, Yesu ate ŋu akpe ɖe vianyɔnuvia hã ŋu. Ke hã ese le eɖokui me be ‘ye vinyɔnuvia anya ku ɖaa xoxo.’ (Mateo 9:18) Ðe nane gali woate ŋu awɔ nɛa?

Esime Yesu ganɔ nu ƒom na nyɔnu si ŋu wòda gbea le la, ame aɖewo tso Yairo ƒe aƒe me va gblɔ nɛ be: “Viwònyɔnuvi la ku!” Wogblɔ kpee be: “Nu ka ƒe fue nàgaɖe na Nufiala la?”—Marko 5:35.

Nya gbãdziname kae nye esi! Ŋutsu sia si ŋu wodea bubui ale gbegbe le nutoa me la tsi asi azɔ. Vianyɔnuvi ɖekɛ la ku. Gake Yesu se nya si gblɔm wonɔ la. Eya ta etrɔ ɖe Yairo ŋu hede dzi ƒo nɛ be: “Mègavɔ̃ o, wò ya xɔ se ko.”—Marko 5:36.

Yesu dze Yairo yome yi eƒe me. Esi wova ɖo la, wokpɔe be aƒea me tɔ zi ŋutɔ. Ame siwo va ƒo zi ɖe aƒea me la le avi fam le ɣli dom hele nu xam vevie. Yesu ge ɖe aƒea me hegblɔ nya wɔmoyaa sia be: “Ðevia meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.” (Marko 5:39) Esi ameawo see la, woko Yesu. Wonya be nyɔnuvia ku ŋutɔŋutɔ. Gake Yesu ato ŋusẽ si Mawu nɛ la dzi aɖee afia be anya wɔ be woafɔ ame si ku la ɖe tsitre, abe ale si ko woate ŋu anyɔ ame si dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la ene.

Azɔ Yesu na ame sia ame do go, negbe Petro, Yakobo, Yohanes, kple nyɔnuvi si ku la dzilawo ko. Yesu kplɔ ame atɔ̃ siawo yi afi si nyɔnuvia mlɔ. Esi wòlé eƒe alɔnu la, egblɔ be: “‘Talita kumi,’ si gɔmee nye: ‘Nyɔnuvi, mele egblɔm na wò be, “Tsi tsitre!”’” (Marko 5:41) Enumake nyɔnuvia tsi tre eye wòte azɔlizɔzɔ. Bu ale si gbegbe Yairo kple srɔ̃a akpɔ dzidzɔe la ŋu kpɔ! Yesu gana kpeɖodzi be ɖevia le agbe vavã esi wògblɔ be woadi nane nɛ wòaɖu.

Abe ale si Yesu de se na ame aɖewo va yi ene la, egblɔ na ɖevia dzilawo hã be womegakaka nu si yewɔ na wo la ŋu nya na amewo o. Ke hã dzila siawo kple ame bubu siwo le dzidzɔ kpɔm vevie la kaka nyaa “ɖe nuto ma katã me.” (Mateo 9:26) Ne wòe kpɔ eteƒe wofɔ wò ame vevi aɖe ɖe tsitre la, ɖe màtsɔ dzidzɔ anɔ nu ƒom tso eŋu oa? Esiae nye zi evelia Yesu fɔ ame kuku ɖe tsitre le nuŋlɔɖiawo nu.