Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 4

Yesu Gawɔ Subɔsubɔdɔ Le Yudea

‘Miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe aƒetɔ la be wòaɖo dɔwɔlawo ɖa.’​—Luka 10:2

Yesu Gawɔ Subɔsubɔdɔ Le Yudea

LE AKPA SIA

TA 66

Eva Yerusalem Hena Agbadɔŋkekenyuia Ðuɖu

Nu kae na Yesu ƒe nyaselawo susui be gbɔgbɔ vɔ̃ le eyama me?

TA 67

“Ame Aɖeke Meƒo Nu Alea Kpɔ O”

Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ la me tɔwo katã tsi tsitre ɖe Yesu ŋu, gake wo dometɔ ɖeka do dzi ƒo nu ɖe enu.

TA 68

Mawu Ƒe Vi Lae Nye “Xexea Ƒe Kekeli”

Yesu gblɔ be “nyateƒe la ana ablɔɖe mi.” Ablɔɖe tso nu ka me?

TA 69

Abraham Ye Nye Wo Fofo Loo Alo Abosam Ye?

Yesu gblɔ ale si woade dzesi ame siwo nye Abraham ƒe viwo kple ale si woade dzesi ame si tututu Fofoa nye.

TA 70

Yesu Da Gbe Le Ŋutsu Si Wodzi Ŋkuagbãtɔ La Ŋu

Nusrɔ̃lawo bia nya tso nu si tae wodzi ŋutsu aɖe ŋkuagbãtɔe la ŋu. Nu vɔ̃e wòwɔa? Ðe edzilawo wɔ nu vɔ̃a? Esi Yesu da gbe le eŋu la, mama ɖo amewo dome.

TA 71

Farisitɔwo Bia Gbe Ŋutsu Si Nye Ŋkuagbãtɔ Tsã La

Ŋutsu si nye ŋkuagbãtɔ tsã la ƒe nya si me susu le la ve dɔme na Farisitɔwo. Ŋutsua dzilawo vɔ̃ be Farisitɔwo anyae le ƒuƒoƒea, eye wonyae hã vavã.

TA 72

Yesu Dɔ Nusrɔ̃la 70 Ða Be Woaɖaɖe Gbeƒã

Le Yudea la, Yesu dɔ ame 70 eveveve be woaɖaɖe gbeƒã tso Fiaɖuƒea ŋu. Afi kae nusrɔ̃lawo akpɔ ame siwo woaɖe gbeƒã na la le—le ƒuƒoƒewo loo, alo le amewo ƒe aƒewo me?

TA 73

Samariatɔ Aɖe Ðee Fia Be Yenye Havi Nyui

Aleke Yesu zã ŋutinya si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃laa ŋu tsɔ he susu yi nufiame vevi aɖe dzii?

TA 74

Amedzrowɔwɔ Kple Gbedodoɖa Ŋuti Nufiamewo

Yesu yi Maria kple Marta gbɔ le woƒe aƒe me. Nu kae wòfia wo tso amedzrowɔwɔ ŋu? Eye nu kae wòfia eƒe nusrɔ̃lawo emegbe be woado gbe ɖa abia?

TA 75

Yesu Gblɔ Nu Si Gbɔ Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona

Yesu ƒo nu tso “Mawu ƒe asibidɛ” kple ale si Mawu Fiaɖuƒea ɖi ɖe enutsolawoe la ŋu tsɔ ɖo nya ŋu na wo. Eƒo nu tso ale si amewo awɔ akpɔ dzidzɔ vavãtɔ la hã ŋu.

TA 76

Nuɖuɖu Kple Farisitɔ Aɖe

Yesu klo nu le Farisitɔwo kple agbalẽfialawo ƒe alakpanuwɔwɔ dzi. Agba kpekpe kawoe woƒonɛ ɖe amewo nu be woatsɔ?

TA 77

Yesu Xlɔ̃ Nu Tso Kesinɔnuwo Ŋu

Yesu do lo ku ɖe kesinɔtɔ si tu nudzraɖoƒe siwo lolo wu ŋu. Nuxlɔ̃amenya kae wògbugbɔ gblɔ tso afɔku siwo le kesinɔnuwo yome titi ŋu?

TA 78

Aƒedzikpɔla Nuteƒewɔla, Nɔ Dzadzraɖoɖi!

Yesu ɖee fia be yetsɔ ɖe le yeƒe nusrɔ̃lawo ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ me. Akpa kae aƒedzikpɔla aɖe awɔ be woanɔ dedie le gbɔgbɔ me? Nu ka tae nuxlɔ̃ame si nye be míanɔ dzadzraɖoɖi la le vevie nenema gbegbe?

TA 79

Nu Si Tae Tsɔtsrɔ̃ Ava

Yesu gblɔ be ame siwo yele nu ƒom na la atsrɔ̃ ne wogbe dzimetɔtrɔ. Ðe woade dzesi nufiame vevi siwo le nu si fiam Yesu le wo tso wo kple Mawu dome ƒomedodoa ŋu mea?

TA 80

Alẽkplɔla Nyui La Kple Alẽkpoawo

Ƒomedodo si le alẽkplɔla kple eƒe alẽwo dome la ɖe ale si Yesu sena le eɖokui me ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu la fia eme kɔ. Ðe woakpɔ eƒe nufiafiawo adze sii ahadze eyomea?

TA 81

Eya Kple Fofo La Le Ðeka, Gake Menye Eyae Nye Mawu O

Ame siwo tsi tre ɖe Yesu ŋu la dometɔ aɖewo tso enu be egblɔ be yesɔ kple Mawu. Aleke wòɖee fiae be woƒe nutsotsoa mele eme o?