Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 76

Nuɖuɖu Kple Farisitɔ Aɖe

Nuɖuɖu Kple Farisitɔ Aɖe

LUKA 11:37-54

  • YESU BU FƆ FARISITƆ ALAKPANUWƆLAWO

Esi Yesu nɔ Yudea la, Farisitɔ aɖe kpee be wòava ɖu nu kpli ye. Anɔ eme be ŋkeke mee woɖo kplɔ̃a, ke menye fiẽ mee o. (Luka 11:37, 38) Hafi Farisitɔwo naɖu nu la, wowɔa kɔnu si nye be woaklɔ asi va se ɖe abɔklugui nu ke. Gake Yesu ya mewɔ kɔnu sia o. (Mateo 15:1, 2) Manye Mawu ƒe Se la dzi dada be ame naklɔ asi nenema o, gake menye Mawu ƒe nudidie wònye hã o.

Ewɔ nuku na Farisitɔ la be Yesu mewɔ kɔnu ma o. Yesu de dzesi esia eye wògblɔ be: “Mi Farisitɔwo, mieklɔa kplu kple agba ŋu, ke miaƒe dzi me yɔ fũu kple ŋukeklẽ kpakple vɔɖivɔ̃ɖi. Mi movitɔwo! Menye ame si wɔ eŋuti la kee wɔ eme hã oa?”—Luka 11:39, 40.

Menye asikɔklɔ hafi aɖu nu dzie Yesu nɔ susu hem yi o, ke boŋ alakpanuwɔwɔ le subɔsubɔnyawo me ye. Farisitɔwo kple ame bubu siwo klɔa asi le kɔnu nu la meklɔ vɔ̃ɖinyenye ɖa le woƒe dziwo me o. Eya ta Yesu xlɔ̃ nu wo be: “Mitsɔ nu siwo le eme la nyo dɔme na ame dahewo, eye kpɔ ɖa, nu bubuwo katã ŋu akɔ na mi!” (Luka 11:41) Nya sia le eme vavã! Amelɔlɔ̃ tso dzi mee wòle be wòaʋã ame be wòana nu, ke menye didi be yeadze amewo ŋu to ame ŋkume nu dzɔdzɔe wɔwɔ me o.

Menye be ɖe ame siawo menaa nu o. Yesu gblɔ be: “Mienaa ahamɛ kple ƒãglo kpakple amagbe bubuwo katã ƒe ewolia, gake mieŋea aɖaba ƒua Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple eƒe lɔlɔ̃ ya dzi! Ele be miawɔ nu mawo, gake miagaŋe aɖaba aƒu esiawo hã dzi o.” (Luka 11:42) Mawu ƒe Sea bia be woana agblemenukuwo ƒe ewolia. (5 Mose 14:22) Ahamɛ kple ƒãglo siwo nye amagbe siwo wodea nuɖuɖu me wòvivina la hã le eme. Farisitɔwo kpɔa egbɔ be yewodzɔ amagbe siawo ƒe ewolia pɛpɛpɛ. Ke Sea me nudidi siwo le vevie wu, abe nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple ɖokuibɔbɔ le Mawu ŋkume ya ɖe?—Mika 6:8.

Yesu gblɔ yi edzi be: “Baba na mi Farisitɔwo, elabena mielɔ̃a ŋgɔgbezikpuiwo dzi nɔnɔ le ƒuƒoƒewo eye miedina be amewo nado gbe na yewo le ablɔwo me! Baba na mi, elabena miele abe yɔdo siwo mele dzedzem nyuie o, eye amewo zɔa wo dzi, evɔ womenyana o la ene!” (Luka 11:43, 44) Ɛ̃, amewo ate ŋu azɔ yɔdo siawo dzi le manyamanya me si awɔe be wo ŋu makɔ le Sea nu o. Le esia taa, Yesu ƒe nyawo le eɖem fia be Farisitɔwo ƒe makɔmakɔnyenye la medzena gaglãa amewo kpɔna o.—Mateo 23:27.

Ŋutsu aɖe si nya Mawu ƒe Sea nyuie la gblɔ be: “Nufiala, esi nègblɔ nya siawo la, èdzu míawo hãe.” Ke hã ele be ŋgɔnɔla siawo nanyae be yewomele kpekpem ɖe ameawo ŋu o. Yesu gblɔ be: “Baba na mi ame siwo nya Sea nyuie la hã, elabena miedoa agba kpekpe siwo manya tsɔ o la na amewo, ke miawo ŋutɔwo mietsɔa miaƒe asibidɛ ɖeka pɛ hã kaa agbaawo ŋu o! Baba na mi, elabena miedzraa nyagblɔɖilawo ƒe yɔdowo ɖo, evɔ wònye mia tɔgbuiwoe wu wo!”—Luka 11:45-47.

Agba siwo ƒe nya gblɔm Yesu le lae nye woƒe kɔnyinyiwo kple ale si Farisitɔwo ŋutɔwo ɖea Se la mee. Ame siawo mena nuwo le bɔbɔe na amewo o. Ke boŋ wotea tɔ ɖe edzi be ame sia ame naɖo nudidi siwo zua agba kpekpe la gbɔ. Wo tɔgbuiwo wu Mawu ƒe nyagblɔɖilawo tso Abel dzi. Azɔ woamawo, siwo wɔa nu abe ɖe wole bubu dem nyagblɔɖilawo ŋu to woƒe yɔdowo dzadzra ɖo me la, le wo tɔgbuiwo ƒe nɔnɔme kple nuwɔnawo srɔ̃m. Wole didim be yewoawu Mawu ƒe Nyagblɔɖila vevitɔ la gɔ̃ hã. Yesu gblɔ be Mawu abia akɔnta tso dzidzime sia si. Eye esia va eme anɔ ƒe 38 megbe le ƒe 70 K.Ŋ.

Yesu yi eƒe nyaa dzi be: “Baba na mi ame siwo nya Sea nyuie la, elabena mietsɔ sidzedze ƒe safui la dzoe. Miawo ŋutɔwo mieyi ɖe eme o, eye miedina be yewoaxe mɔ na ame siwo le yiyim ɖe eme la hã!” (Luka 11:52) Le esi teƒe be ame siawo naɖe Mawu ƒe Nyaa me na amewo woase egɔme la, wote mɔnukpɔkpɔ si asu wo si be woanyae ahase egɔme la wo.

Aleke Farisitɔwo kple agbalẽfialawo wɔ nui? Esi Yesu dzo yina la, wotsi tsitre ɖe eŋu dzikutɔe hele nya geɖe biamee. Menye esi wodi be yewoasrɔ̃ nu tae o. Ke boŋ wodi be yewoade aɖe nu me na Yesu wòagblɔ nya aɖe si dzi yewoanɔ te ɖo alée.