Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 69

Abraham Ye Nye Wo Fofo Loo Alo Abosam Ye?

Abraham Ye Nye Wo Fofo Loo Alo Abosam Ye?

YOHANES 8:37-59

  • YUDATƆWO GBLƆ BE ABRAHAM YE NYE YEWO FOFO

  • YESU LI HAFI ABRAHAM VA DZƆ

Yesu gakpɔtɔ le Yerusalem hena Agbadɔŋkekenyuia ɖuɖu, eye wòle nyateƒenya veviwo fiam. Fifia koe Yudatɔ siwo le afi ma la dometɔ aɖewo gblɔ be: “Abraham ƒe dzidzimeviwoe míenye, eye míenye kluviwo” o. Yesu ɖo eŋu be: “Menya be Abraham ƒe dzidzimeviwoe mienye. Gake miele didim be yewoawum, elabena miexɔ nye nufiafia la o. Nu siwo mekpɔ le Fofonye gbɔ lae megblɔna; eye miawo hã nu siwo miese tso mia fofo gbɔ lae miewɔna.”—Yohanes 8:33, 37, 38.

Yesu ƒe nyaa me kɔ: Fofoa le vovo na wo fofo. Esi Yudatɔwo mese Yesu ƒe nyaa gɔme o ta la, wogagblɔ ake be: “Mía fofoe nye Abraham.” (Yohanes 8:39; Yesaya 41:8) Esi wonye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta la, wose le wo ɖokuiwo me be xɔse le yewo si abe Mawu xɔlɔ̃ Abraham ene.

Gake nya si Yesu tsɔ ɖo eŋu na wo la awɔ nuku na wo. Egblɔ be: “Ne Abraham viwoe mienye la, anye ne miawɔ Abraham ƒe dɔwo.” Le nyateƒe me la, vi ŋutɔŋutɔ srɔ̃a fofoa. Yesu gagblɔ be: “Ke azɔ miele didim be yewoawu, nye ame si gblɔ nyateƒe si mese tso Mawu gbɔ la na mi. Abraham mewɔ nu alea o.” Azɔ Yesu gblɔ nya wɔmoyaa sia be: “Mia fofo ƒe dɔwo miewɔna.”—Yohanes 8:39-41.

Gake ame si ŋu Yesu le nu ƒom tsoe la gado viviti ɖe Yudatɔwo kokoko. Woka ɖe edzi be vi ŋutɔŋutɔwoe yewonye hegblɔ be: “Menye ahasiviwo míenye o; Fofo ɖekae le mía si, eyae nye Mawu.” Gake Mawu ye nye wo Fofo vavã? Yesu gblɔ be: “Ne Mawue nye mia Fofo la, anye ne mielɔ̃m, elabena Mawu gbɔe metso va afi sia. Nyemeva le ɖokuinye si o, ke boŋ Ame mae dɔm ɖa.” Azɔ Yesu bia nya aɖe eye eya ŋutɔ gaɖo eŋu ale: “Nu ka tae miese nya si gblɔm mele la gɔme o? Elabena miate ŋu ase nye nya o.”—Yohanes 8:41-43.

Do ŋgɔ la, Yesu dze agbagba be yeana woakpɔ nu si ado tso eme ne wogbe ye la adze sii. Ke fifia la, egblɔ na wo tẽe be: “Miawo la mietso mia fofo si nye Abosam me, eye mia fofo la ƒe nudzodzrowoe miedina be yewoawɔ.” Ame ka ƒomevie wo fofo la nye? Yesu ɖe ame si wònye la fia kɔtɛ esi wògblɔ be: “Eya la amewulae wònye tso eƒe aglãdzeɣi ke, eye meli ke ɖe nyateƒe la me o.” Yesu gblɔ kpee be: “Ame si tso Mawu me la ɖoa to Mawu ƒe nyawo. Esia tae mieɖoa to o, elabena mietso Mawu me o.”—Yohanes 8:44, 47.

Fɔbuamenya mawo ku dzi na Yudatɔwo, eye woɖo eŋu be: “Ðe míegblɔe wòsɔ be, ‘Samariatɔ nènye, eye gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò oa’?” Yesu yɔyɔ be “Samariatɔ” fia be wodo vloe. Gake Yesu ŋe aɖaba ƒu woƒe amedzudzua dzi heɖo eŋu na wo be: “Gbɔgbɔ vɔ̃ mele menye o, ke boŋ mele bubu dem Fofonye ŋu, ke miawo miele vlo domem.” Ale si esia nye ŋkubiãnyae la dze le Yesu ƒe ŋugbedodo wɔnuku sia me be: “Ne ame aɖe wɔa nye nya dzi la, maɖɔ ku akpɔ gbeɖe o.” Eƒe nyaa mefia be apostoloawo kple ame bubu siwo dzea eyome la maku ŋutɔŋutɔ gbeɖe o. Ke boŋ efia be tsɔtsrɔ̃ mavɔ, alo “ku evelia,” si ŋu tsitretsitsi aɖeke mele o la mava wo dzi gbeɖe o.—Yohanes 8:48-51; Nyaɖeɖefia 21:8.

Gake Yudatɔwo se Yesu ƒe nyaa gɔme bubui, eya ta wogblɔ be: “Azɔ ko míenya be gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò. Abraham ku, nyagblɔɖilawo hã ku, evɔ wò ya nèle gbɔgblɔm be, ‘Ne ame aɖe wɔ nye nya dzi la, maɖɔ ku akpɔ gbeɖe o.’ Ðe nènye gã wu mía fofo Abraham, ame si ku la? . . . Ame kae nèle ɖokuiwò bumee?”—Yohanes 8:52, 53.

Eme kɔ ƒãa be Yesu le gbɔgblɔm be yee nye Mesia la. Gake le esi wòaɖo woƒe biabia ku ɖe ame si wònye la ŋu tẽe teƒe la, egblɔ be: “Ne nye ŋutɔe kafua ɖokuinye la, ekema nye kafukafu la menye naneke o. Fofonye, si miebe eyae nye miaƒe Mawu lae kafuam. Gake mienyae o, ke nye ya menyae. Eye ne megblɔ be nyemenyae o la, ekema mezu aʋatsokala abe miawo ke ene.”—Yohanes 8:54, 55.

Azɔ Yesu gahe susu yi wo tɔgbui wɔnuteƒe Abraham ƒe kpɔɖeŋua dzi esi wògblɔ be: “Mia fofo Abraham tso aseye be yeakpɔ nye ŋkeke la, ekpɔe hã, eye dzi dzɔe.” Ɛ̃, Abraham xɔ Mawu ƒe ŋugbedodoa dzi se, eye wòkpɔ mɔ na Mesia la ƒe vava. Yudatɔwo mexɔ edzi se o eye wogblɔ be: “Mèkpɔ xɔ ƒe blaatɔ̃ haɖe o, evɔ nèbe yekpɔ Abraham mahã?” Yesu ɖo eŋu na wo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, hafi Abraham nava dzɔ la, nye ya meli xoxo.” Eƒe anyinɔnɔ abe mawudɔla triakɔ ene le dziƒo do ŋgɔ na eƒe amegbetɔ zuzu ŋue wònɔ nu ƒom tsoe.—Yohanes 8:56-58.

Esi nya si Yesu gblɔ be yenɔ anyi do ŋgɔ na Abraham la ku dzi na Yudatɔwo vevie ta la, wofɔ kpewo be yewoaƒui. Gake Yesu si le wo nu dedie.