Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 73

Samariatɔ Aɖe Ðee Fia Be Yenye Havi Nyui

Samariatɔ Aɖe Ðee Fia Be Yenye Havi Nyui

LUKA 10:25-37

  • ALE SI WOAWƆ ANYI AGBE MAVƆ DOME

  • SAMARIATƆ HAVILƆ̃LA AÐE

Esime Yesu gakpɔtɔ nɔ afi si gogo Yerusalem la, Yudatɔ geɖewo te ɖe eŋu. Wo dometɔ aɖewo di be yewoasrɔ̃ nu tso egbɔ, eye bubuwo hã di be yewoadoe akpɔ. Ŋutsu aɖe si nya Sea nyuie la biae be: “Nufiala, nu kae wòle be mawɔ be manyi agbe mavɔ la dome?”—Luka 10:25.

Yesu kpɔe be menye numeɖeɖe ko dim ŋutsua le o. Anye be eƒe susue nye be yeana Yesu naɖo nyaa ŋu le mɔ aɖe si ave dɔme na Yudatɔwo la nu. Yesu de dzesii be susu aɖe le ŋutsua si xoxo ku ɖe nyaa ŋu. Eya ta eɖo nyaa ŋu aɖaŋutɔe le mɔ si ana ŋutsua naɖe nu si le dzi me agblɔ la nu.

Yesu biae be: “Nu kae woŋlɔ ɖe Se la me? Aleke nèse egɔmee?” Esi ŋutsu sia nya Mawu ƒe Sea ta la, etu eƒe ŋuɖoɖoa ɖe emenyawo dzi. Eyɔ nya tso 5 Mose 6:5 kple 3 Mose 19:18 me be: “‘Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo, wò ŋusẽ blibo, kple wò tamesusu blibo,’ eye nàlɔ̃ ‘hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’” (Luka 10:26, 27) Nya si ŋutsua va bia Yesu la ƒe ŋuɖoɖoe nye ema?

Yesu gblɔ na ŋutsua be: “Èɖo eŋu nyuie; nɔ esia wɔm, ekema àkpɔ agbe.” Gake ɖe esia na dzeɖoɖoa se ɖe afi ma? Menye nyaa ƒe ŋuɖoɖo tẽe ko dimee ŋutsua le o; edi “be yeaɖee afia be yele dzɔdzɔe.” Edi be yeakpɔ kpeɖodzi be yeƒe susu le ame si nye ye havi ŋu la le eteƒe, si afia be ale si yewɔa nu ɖe amewo ŋui la sɔ. Eya ta ebia be: “Ame ka tututue nye hanyevi?” (Luka 10:28, 29) Adze abe nya bɔbɔe aɖee wòbia ene, gake egoglo. Le mɔ ka nu?

Yudatɔwo xɔe se be nya “havi” la ku ɖe ame siwo léa Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo me ɖe asi la ko ŋu, eye edze abe 3 Mose 19:18 de susu ma dzi ene. Le nyateƒe me la, Yudatɔ ate ŋu agblɔ be “mele se nu” be yeade ha kple ame si menye Yudatɔ o. (Dɔwɔwɔwo 10:28) Eya ta ŋutsu sia kple ɖewohĩ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã bua wo ɖokuiwo ame dzɔdzɔewo ne wonyo dɔme na wo nɔvi Yudatɔwo. Gake woate ŋu agbe dɔmenyonyo na ame si menye Yudatɔ o, elabena woƒe susue nye be menye “havi” ŋutɔŋutɔe wònye o.

Aleke Yesu ate ŋu aɖɔ susu sia ɖo evɔ mado dziku na ŋutsu sia kple Yudatɔ bubuawo o? Ewɔ esia to ŋutinya aɖe gbɔgblɔ me ale: “Ame aɖe tso Yerusalem ɖi abu yina Yeriko, eye wòdze adzodalawo si me, woɖe nu sia nu le eŋu, woƒoe wòku afã kple afã eye wogblẽe ɖi hedzo.” Yesu yi ŋutinyaa dzi be: “Eva eme be, nunɔla aɖe to mɔ ma ɖi abu gbɔna, ke esi wòkpɔe la, edze to mɔa ƒe akpa kemɛ dzo. Nenema kee esi Lewitɔ aɖe hã va ɖo afi ma, eye wòkpɔe la, edze to mɔa ƒe akpa kemɛ dzo. Ke Samariatɔ aɖe si le mɔa zɔm la va ke ɖe eŋu, eye esi wòkpɔe la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ.”—Luka 10:30-33.

Ŋutsu si Yesu nɔ ŋutinyaa gblɔm na la nyae nyuie be nunɔla geɖe kple gbedoxɔa me kpeɖeŋutɔ siwo nye Lewitɔwo la le Yeriko. Tso gbedoxɔa gbɔ yi Yeriko la, ele be woazɔ mɔ ɖiabu si didi kilometa 23. Afɔku le mɔzɔzɔ ma me le esi adzodalawo dea xa ɖe mɔa dzi ta. Ne nunɔla kple Lewitɔ aɖe kpɔ wo nɔvi Yudatɔ wòɖo xaxa me la, ɖe mele be woakpe ɖe eŋu oa? Le Yesu ƒe ŋutinyaa me la, egblɔ be womekpe ɖe eŋu o. Samariatɔ, si Yudatɔwo doa vloe la boŋue kpe ɖe eŋu.—Yohanes 8:48.

Aleke Samariatɔ la kpe ɖe Yudatɔ si nu vevi wɔ la ŋu? Yesu yi ŋutinyaa dzi be: “[Ete] ɖe eŋu, kɔ ami kple wain ɖe eƒe abiawo me hebla wo nɛ. Emegbe ekɔ amea ɖe eya ŋutɔ ƒe tedzi dzi yi amedzrodzeƒe, eye wòkpɔ edzi. Esi ŋu ke la, etsɔ denario eve na amedzrodzeƒea dzi kpɔla hegblɔ be: ‘Kpɔ edzi, eye nu sia nu si nàgagblẽ akpee la, maxee na wò ne metrɔ va.’”—Luka 10:34, 35.

Esi Yesu, Nufialagã la, gblɔ ŋutinyaa vɔ la, ebia nya aɖe si ana ŋutsua nabu tame lae be: “Ame etɔ̃ siawo dometɔ kae nèsusu be ewɔ eɖokui havi na ame si dze adzodalawo si me?” Ðewohĩ ete ɖe ŋutsua dzi be wòaɖo eŋu be “Samariatɔ lae,” eya ta eɖo eŋu be: “Ame si kpɔ nublanui nɛ lae.” Azɔ Yesu na nufiame si le eƒe ŋutinyaa me la dze nyuie esi wògblɔ nɛ be: “Heyi, eye wò hã nàwɔ nenema ke.”—Luka 10:36, 37.

Nufiafia ƒe mɔnu nyui ka gbegbee nye esi! Ne ɖe Yesu gblɔ na ŋutsua ko be ame siwo menye Yudatɔwo o hã nye ehaviwo la, ɖe ŋutsu sia kple Yudatɔ bubu siwo nɔ nyaa sem la alɔ̃ ɖe edzia? Asesẽ. Gake esi wògblɔ ŋutinya kpui sia si me wòƒo nu tso nu siwo le nyanya na eƒe toɖolawo ŋu la, ewɔe be biabia si nye “Ame ka tututue nye hanyevi?” la ƒe ŋuɖoɖoa dze ƒãa. Havi nyui ye nye ame si lɔ̃a ame henyoa dɔme, abe ale si Ŋɔŋlɔawo de se na mí be míawɔe ene.