Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 75

Yesu Gblɔ Nu Si Gbɔ Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona

Yesu Gblɔ Nu Si Gbɔ Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona

LUKA 11:14-36

  • YESU NYA GBƆGBƆ VƆ̃WO TO “MAWU ƑE ASIBIDƐ” DZI

  • DZIDZƆKPƆKPƆ VAVÃTƆ TSOƑE

Ðeko Yesu gagbugbɔ nu siwo wòfia tso gbedodoɖa ŋu la gblɔ koe nye ema, gake menye nya sia ŋu koe wògagbugbɔ ƒo nu le wu zi ɖeka le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi o. Esime Yesu nɔ nukunuwo wɔm le Galilea la, wotso enu madzemadzee be gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la ƒe ŋusẽ mee wòwɔ wo le. Azɔ wogatso enu nenema ke le Yudea hã.

Esi Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe si nɔ ŋutsu aɖe me si wɔe be metea ŋu ƒoa nu o do goe la, amehawo ƒe mo wɔ yaa. Gake mewɔ nuku na enutsolawo ya o. Wogatso enu madzemadzee ake gblɔ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia Beelzebul dzie wòtona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo.” (Luka 11:15) Esi ame bubuwo hã di be yewoakpɔ kpeɖodzi geɖe wu tso ame si Yesu nye ŋu ta la, wobia be wòawɔ dzesi tso dziƒo ne yewoakpɔ.

Esi Yesu de dzesii be ɖe wole ye dom kpɔ la, eɖo nya ŋu na wo abe ale si wòɖo eŋu na ame siwo tso enu le Galilea la ene. Eɖe nu me na wo be fiaɖuƒe ɖe sia ɖe si ma ɖe eɖokui ŋu la agbã, eye wògblɔ be: “Ne Satana hã ma ɖe eɖokui ŋu ɖe, aleke eƒe fiaɖuƒe awɔ ali ke?” Eyome Yesu gblɔ na wo kã be: “Ke ne Mawu ƒe asibidɛ dzie metona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe la, ekema Mawu Fiaɖuƒe la ɖi ɖe mi ŋutɔŋutɔ.”—Luka 11:18-20.

Ele be “Mawu ƒe asibidɛ” si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la naɖo ŋku nu si dzɔ le blema Israel la dzi na eƒe nyaselawo. Ame siwo nɔ Farao ƒe fiasãa me siwo kpɔ nukunu aɖe si Mose wɔ teƒe la gblɔ be: “Mawu ƒe asibidɛ ye!” Azɔ hã, ‘Mawu ƒe asibidɛ’ ye ŋlɔ Se Ewoawo ɖe kpe gbadzɛ eveawo dzi. (2 Mose 8:19; 31:18) Nenema kee “Mawu ƒe asibidɛ,” si nye eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, alo dɔwɔŋusẽ, la dzie Yesu to le dɔ yɔm dɔnɔwo hele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le go domee. Eya ta Mawu Fiaɖuƒea ɖi ɖe enutsola siawo vavã, elabena Yesu, si nye Fiaɖuƒea ƒe Fia si wotia la le wo dome le nukunu siawo wɔm.

Ale si Yesu tea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe la nye kpeɖodzi be ekpɔ ŋusẽ ɖe Satana dzi, abe ale si ko ame aɖe si sesẽ wu la tea ŋu va ɖua ame si bla akpa nyuie hele eƒe fiasã ŋu dzɔm la dzi ene. Yesu gagblɔ kpɔɖeŋu si wòwɔ va yi tso gbɔgbɔ makɔmakɔ si do go le ame aɖe me la ŋu ake. Ne amea metsɔ nu nyuiwo ɖo teƒe si tsi ƒuƒlu o la, gbɔgbɔ ma atrɔ agbɔ kple gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubuwo eye woana amea ƒe nɔnɔme mlɔetɔ la navloe wu tsãtɔ. (Mateo 12:22, 25-29, 43-45) Alea tututue nɔnɔmea va le na Israel dukɔa.

Nya la wɔ dɔ ɖe nyɔnu aɖe si nɔ to ɖom Yesu la dzi wòdo ɣli gblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye nyɔnu si ƒe vidzidɔ me nènɔ kple no si nèno!” Yuda nyɔnuwo ƒe didie wònye be yewoanye nyagblɔɖila aɖe dada, vevietɔ Mesia la dada. Eya ta nyɔnu sia anya susui be dzidzɔ gãe wòanye na Maria be yenye nufiala sia dada. Gake Yesu ɖɔ nyɔnua ɖo hegblɔ nu si gbɔ dzidzɔ vavãtɔ tsona ale: “Ao, ke boŋ dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!” (Luka 11:27, 28) Yesu megblɔ nya aɖeke kpɔ si fia be ele be woatsɔ bubu tɔxɛ na Maria o. Nu si boŋ nana ame kpɔa dzidzɔ vavãtɔ, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, lae nye Mawu subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe, ke menye ame si míedo ƒome kplii alo nu si míete ŋu wɔ le agbe me o.

Yesu ka mo na ame siwo bia dzesi tso dziƒo la, abe ale si wòwɔe le Galilea ene. Egblɔ na wo be womana dzesi aɖeke wo o, negbe “Yona ƒe dzesi la ko.” Yona nye dzesi le mɔ sia nu be enɔ ƒumelã ƒe dɔme ŋkeke etɔ̃ eye wòɖe gbeƒã kple dzideƒo, si wɔe be Niniwetɔwo trɔ dzi me. Yesu gblɔ be: “Kpɔ ɖa, ame si lolo wu Yona la le afii!” (Luka 11:29-32) Yesu lolo wu Salomo, ame si ƒe nunya Seba-fianyɔnua va se la hã.

Yesu gagblɔ hã be: “Ame aɖeke mesia akaɖi dana ɖe ɣaɣlaƒe alo kusi te o, ke edanɛ ɖe akaɖiti dzi boŋ.” (Luka 11:33) Anye be nu si wòwɔnɛ ye nye be nufiafia ame siawo kple nukunuwo wɔwɔ le wo gbɔ le ko abe ale si woatsyɔ nu akaɖi si wosi la dzi ene. Esi woƒe ŋkuwo mele nu ɖeka ŋu o ta la, womese taɖodzinu si le eƒe dɔwo ŋu la gɔme o.

Ðeko Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ do goe, si wɔe be ame aɖe si metea ŋu ƒoa nu o la ƒo nu koe nye ema. Ðe wòle be esia naʋã amewo be woakafu Mawu eye woagblɔ nu siwo wɔm Yehowa le la na amewo hafi. Eya ta Yesu xlɔ̃ nu ame siwo le tsitre tsim ɖe eŋu la be: “Eya ta kpɔ nyuie be kekeli si le mewò la nagazu viviti o. Eya ta ne wò ameti blibo la me kɔ, eye eƒe akpa aɖeke medo viviti o la, ekema ameti bliboa me akɔ abe ale si akaɖi ƒe keklẽ naa kekeli wòe ene.”—Luka 11:35, 36.