TA 79
Nu Si Tae Tsɔtsrɔ̃ Ava
-
YESU GBLƆ NUFIAME SI LE AFƆKU EVE AÐEWO ME
-
EDA GBE LE NYƆNU NUWƆAMETƆ AÐE ŊU LE SABAT DZI
Yesu to mɔ vovovowo dzi dze agbagba be yeade dzi ƒo na ameawo be woabu ƒomedodo si le wo kple Mawu dome la ŋu. Esi wòdo go le Farisitɔ aɖe ƒe me heɖo dze kple amehawo megbe la, mɔnukpɔkpɔ bubu gaʋu ɖi nɛ be wòawɔ esia.
Ameawo dometɔ aɖewo ƒo nu tso afɔku aɖe si dzɔ la ŋu. Woƒo nu tso ale si “[Roma Nutodziɖula Pontio] Pilato wu Galileatɔ aɖewo siwo nɔ vɔ sam eye wòtsɔ woƒe ʋu tsaka woƒe vɔsalãwo” la ŋu nɛ. (Luka 13:1) Woƒe nyaa gɔme ɖe?
Ðewohĩ Galileatɔ siawoe nye ame siwo wowu esime Yudatɔ akpe geɖe tsi tsitre ɖe ale si Pilato ɖe ga tso gbedoxɔmenudzɔɖakawo me tsɔ ɖe tsimɔ be tsi nato eme ava Yerusalem la ŋu. Anɔ eme be gbedoxɔa dzi kpɔlawoe kpe ɖe Pilato ŋu hafi eƒe asi te ŋu su gaa dzi. Ame siwo nɔ afɔku sia ŋu nya gblɔm na Yesu la anya susui be Galileatɔ mawo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo tae afɔku ma dzɔ ɖe wo dzi ɖo. Gake Yesu melɔ̃ ɖe edzi o.
Ebia wo be: “Ðe miesusu be Galileatɔ siawo nye nu vɔ̃ wɔlawo wu Galileatɔ bubuawo le esi nu sia dzɔ ɖe wo dzi ta?” Eɖo eŋu be gbeɖe. Gake ezã nudzɔdzɔ sia tsɔ xlɔ̃ nu Yudatɔwo be: “Ne mietrɔ dzi me o la, woatsrɔ̃ mi katã nenema ke.” (Luka 13:2, 3) Azɔ Yesu gaƒo nu tso afɔku bubu aɖe si dzɔ eteƒe medidi o si anya dzɔ esime wonɔ tsimɔa ɖem la ŋu hebia be:
“Ðe miesusu be ame wuienyi siwo dzi Siloam-mɔ́ la mu dze woku la, woawoe ɖi fɔ wu Yerusalemtɔ bubuawo katã mahã?” (Luka 13:4) Amehawo anya susui be nu gbegblẽ aɖee ameawo wɔ tae woku ɖo. Yesu melɔ̃ ɖe susu ma hã dzi o. Enyae be “azãgbe kple nuɖiɖeame” li eye anye be esia gbɔe afɔku sia hã tso. (Nyagblɔla 9:11) Ke hã ele be amewo nasrɔ̃ nu tso nudzɔdzɔ ma me. Eya ta Yesu gblɔ be: “Ne mietrɔ dzi me o la, woatsrɔ̃ mi katã nenema ke.” (Luka 13:5) Gake nu ka tae wòle gbe tem ɖe nufiame sia dzi alea gbegbe ɖo?
Afi si wòɖo na eƒe subɔsubɔdɔa tae, eya ta ewɔ kpɔɖeŋu aɖe ale: “Ame aɖe do gboti ɖe eƒe waingble me, eye wòva di kutsetse le edzi, ke mekpɔ ɖeke o. Eye wògblɔ na waingbledela la be, ‘Ƒe etɔ̃ sɔŋ ye nye esi meva dia kutsetse le gboti sia dzi, ke nyemekpɔa ɖeke le edzi o. Lãe ƒu anyi! Nu ka ŋuti wòaxɔ anyigba la dzodzro?’ Eɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, na wòaganɔ anyi ƒe ɖeka kpɔ, ne maɖe do aƒo xlãe ahado aɖu ɖe ete. Ne eva tse le etsɔme la, enyo; ke ne mele nenema o la, nàlãe aƒu anyi.’”—Luka 13:6-9.
Yesu dze agbagba ƒe etɔ̃ kple edzivɔ sɔŋ be yeakpe ɖe Yudatɔwo ŋu woatu xɔse ɖo. Gake ame ʋɛ aɖewo koe zu eƒe nusrɔ̃lawo, eye wole abe kutsetse si do tso eƒe agbagbadzedzewo me ene. Azɔ le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe ƒe enelia me la, egale eƒe agbagbadzedzewo dzim ɖe edzi. Etsɔ ale si wòɖe gbeƒã hefia nu Yudatɔwo le Yudea kple Perea la sɔ kple ale si woɖea do ƒoa xlã gboti hedoa aɖu ɖe ete. Nu kae do tso eme? Yudatɔ ʋɛ aɖewo koe trɔ dzi me. Gake dukɔ bliboa gbe dzimetɔtrɔ eye fifia wodze na tsɔtsrɔ̃.
Ale si ame akpa gãtɔ gbe be yewomatrɔ dzi me o la gadze ƒãa le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe Luka 13:12) Yesu da eƒe asi ɖe nyɔnua dzi, eye wòdzɔ enumake hede asi Mawu kafukafu me.
le Sabat aɖe dzi. Yesu le nu fiam le ƒuƒoƒe aɖe. Ekpɔ nyɔnu aɖe si gbɔgbɔ vɔ̃wo le fu wɔmee eye wona wòxa gobaa ƒe 18 sɔŋue nye ema. Nyɔnua ƒe nu wɔ nublanui na Yesu wògblɔ nɛ be: “Nyɔnu, wotu ka wò tso wò dɔléle la me.” (Esia ve dɔme na ƒuƒoƒea dzi kpɔla wògblɔ be: “Ŋkeke adee li, siwo dzi wòle be ame nawɔ dɔ le, eya ta miva ne woada gbe le mia ŋu le ŋkeke mawo dzi, ke menye le Sabat la dzi o.” (Luka 13:14) Ƒuƒoƒea dzi kpɔla la lɔ̃ ɖe edzi be ŋusẽ le Yesu si be wòayɔ dɔ amewo, gake enɔ fɔ bum ameawo be wova le Sabat dzi be woayɔ dɔ yewo! Yesu ɖo eŋu kple nya sia si me susu le be: “Alakpanuwɔlawo, ɖe mia dometɔ ɖe sia ɖe meɖea ka eƒe nyitsu alo eƒe tedzi le lãkpo me le Sabat dzi, eye wòkplɔnɛ yia tsinoƒe oa? Ðe ɣeyiɣi mede be woaɖe ka nyɔnu sia, si nye Abraham vi, eye Satana blae ƒe wuienyi sɔŋ la le Sabat ŋkeke dzi oa?”—Luka 13:15, 16.
Ŋu kpe tsitretsiɖeŋulaawo, gake ameha la tso aseye le nukunu gã siwo wokpɔ Yesu wòle wɔwɔm la ta. Esia na Yesu gagblɔ Fiaɖuƒea ŋuti lododo eve siwo nye nyagblɔɖi siwo wònɔ tɔdziʋu aɖe me gblɔ va yi le Galilea-ƒua dzi la ake.—Mateo 13:31-33; Luka 13:18-21.