Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 114

Kristo Si Le Zi Dzi Adrɔ̃ Ʋɔnu Alẽwo Kple Gbɔ̃wo

Kristo Si Le Zi Dzi Adrɔ̃ Ʋɔnu Alẽwo Kple Gbɔ̃wo

MATEO 25:31-46

  • YESU DO LO KU ÐE ALẼWO KPLE GBƆ̃WO ŊU

Ðeko Yesu do lowo ku ɖe ɖetugbui leaƒe ewoawo kple talentoawo ŋu le Amitoa dzi vɔ koe nye esia. Esi wònɔ nya si apostoloawo biae tso eƒe anyinɔɣi kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi ƒe dzesia ŋu la ŋu ɖom la, aleke wòƒo eƒe nyaa tae? Edo eƒe lo mamlɛa na wo tso alẽwo kple gbɔ̃wo ŋu tsɔ ƒo etae.

Yesu dze lo si wòdo na wo la gɔme ale: “Ne Amegbetɔvi la va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye mawudɔlawo katã le eŋuti la, ekema abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi.” (Mateo 25:31) Yesu na eme kɔ ƒãa be yee nye ame si koŋ ŋu lododoa ku ɖo. Enuenu la, eyɔa eɖokui be “Amegbetɔvi la.”—Mateo 8:20; 9:6; 20:18, 28.

Ɣekaɣie lododo sia me nyawo ava eme? Ava eme ne Yesu “va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me” kple mawudɔlawo eye wòbɔbɔ nɔ “eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi.” Do ŋgɔ la, egblɔ be ‘Amegbetɔvi la ava le dziƒolilikpowo dzi kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe gã’ eye mawudɔlawo akpe ɖe eŋu. Ɣekaɣie esia adzɔ? ‘Le xaxa la megbe teti ko.’ (Mateo 24:29-31; Marko 13:26, 27; Luka 21:27) Eya ta lododo sia me nyawo ava eme le etsɔme ne Yesu va le ŋutikɔkɔe me. Nu kae wòava wɔ?

Yesu gblɔ be: “Ne Amegbetɔvi la va ɖo [la], woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eŋkume, eye wòama amewo me tso wo nɔewo gbɔ, abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo tso gbɔ̃wo gbɔe ene. Eye wòatsɔ alẽawo aɖo eƒe ɖusime, ke atsɔ gbɔ̃awo ya aɖo eƒe miame.”—Mateo 25:31-33.

Yesu gblɔ tso alẽawo, siwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo la ŋu be: “Ekema Fia la agblɔ na ame siwo le eƒe ɖusime la be: ‘Miva, mi ame siwo Fofonye yra, minyi Fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi la dome.’” (Mateo 25:34) Nu ka tae alẽawo ƒe nu adze Fia la ŋu?

Fia la ɖe eme be: “Dɔ wum, eye miena num meɖu; tsikɔ wum, eye miena tsim meno. Menye amedzro, eye miexɔm nyuie; menɔ amama, eye miena awum medo. Medze dɔ, eye miekpɔ dzinye. Menɔ gaxɔ me, eye mieva kpɔm ɖa.” Esi alẽawo, siwo nye ‘ame dzɔdzɔeawo’ bia be mɔ ka nue yewowɔ nu siawo le hã la, eɖo eŋu be: “Zi ale si miewɔe na nɔvinye suetɔ siawo dometɔ ɖeka ko la, nyee miewɔe na.” (Mateo 25:35, 36, 40, 46) Menye dziƒoe wowɔ nyui siawo le o, elabena dɔnɔwo kple dɔwuitɔwo mele dziƒo o. Esiawo nye nyui siwo wowɔ na Kristo nɔvi siwo le anyigba dzi.

Ke gbɔ̃awo, siwo wòtsɔ ɖo eƒe miame ya ɖe? Yesu gblɔ be: “Eye Fia la agblɔ na ame siwo le eƒe miame hã be: ‘Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de, miyi ɖe dzo mavɔ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me. Elabena dɔ wum, ke miena num meɖu o; eye tsikɔ wum, ke miena tsim meno o. Menye amedzro, ke miexɔm nyuie o; menɔ amama, ke miena awum medo o; medze dɔ, eye menɔ gaxɔ me, ke mielé be nam o.’” (Mateo 25:41-43) Gbɔ̃awo dze na ʋɔnudɔdrɔ̃ sia, elabena womewɔ nu ɖe Kristo nɔvi siwo le anyigba dzi la ŋu nyuie o, evɔ ele be woawɔe hafi.

Apostoloawo kpɔe be ʋɔnu sia si woava drɔ̃ le etsɔme la me tsonuwo anɔ anyi tegbee. Yesu gblɔ na wo be: “Ekema [Fia la agblɔ] be: ‘Vavã mele egblɔm na mi be, zi ale si miewɔe na ame siawo dometɔ suetɔ ɖeka o ko la, miewɔe na nye hã o.’ Eye ame siawo ayi ɖe tsɔtsrɔ̃ mavɔ me, ke ame dzɔdzɔewo ya ayi ɖe agbe mavɔ me.”—Mateo 25:45, 46.

Nya siwo Yesu gblɔ tsɔ ɖo apostoloawo ƒe nyaa ŋu la ana eyomedzelawo nabu nya geɖe ŋu, eye wòakpe ɖe wo ŋu woalé ŋku ɖe woƒe nɔnɔmewo kple nuwɔnawo ŋu.