Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 135

Yesu Si Wofɔ Ðe Tsitre La Ðe Eɖokui Fia Ame Geɖe

Yesu Si Wofɔ Ðe Tsitre La Ðe Eɖokui Fia Ame Geɖe

LUKA 24:13-49 YOHANES 20:19-29

  • YESU ÐE EÐOKUI FIA NUSRƆ̃LA SIWO YINA EMAUS

  • EÐE ŊƆŊLƆAWO ME NA NUSRƆ̃LAWO TSITOTSITO ZI GEÐE

  • TOMA DZUDZƆ ÐIKEKE

Le Kwasiɖa, Nisan 16 lia dzi la, nusrɔ̃lawo lé blanui. Womese nu si tae yɔdoa tsi ƒuƒlu ɖo la gɔme o. (Mateo 28:9, 10; Luka 24:11) Emegbe le ŋkeke ma dzi la, Kleopa kple nusrɔ̃la bubu aɖe nɔ mɔ zɔm tso Yerusalem yina Emaus, si didi tso Yerusalem gbɔ abe kilometa 11 ene.

Esi wole mɔa dzi la, wonɔ dze ɖom tso nu si dzɔ la ŋu. Kasia, ame aɖe va tu wo. Ebia wo be: “Nya kawo me dzrom miele vevie le mɔa dzi?” Kleopa ɖo eŋu be: “Amedzroe nènye le Yerusalem eye wò ɖeɖe koe li, eye mènya nu siwo dzɔ le afi ma le ŋkeke siawo me oa?” Amea bia wo be: “Nu kawoe?”—Luka 24:17-19.

Woɖo eŋu be: “Nu siwo ku ɖe Yesu Nazaretetɔ la” ŋue. “Míenɔ mɔ kpɔm be ame siae aɖe Israel.”—Luka 24:19-21.

Kleopa kple eƒe zɔhɛa gblɔ nu siwo dzɔ le ŋkeke ma dzi la nɛ. Wogblɔ be nyɔnu aɖewo yi yɔdo si me wotsɔ Yesu mlɔ la gbɔ hekpɔe be etsi ƒuƒlu, eye nyɔnu siawo kpɔ nukunu aɖe teƒe, si nye be mawudɔlawo ɖe wo ɖokui fia wo hegblɔ be Yesu le agbe. Wogblɔ be ame bubuwo hã yi yɔdoa gbɔ “eye wokpɔe abe ale si tututu nyɔnuawo gblɔe ene.”—Luka 24:24.

Edze ƒãa be nusrɔ̃la eveawo mese nu si dzɔ la gɔme kura o. Amea ƒo nu na wo kple kakaɖedzi tsɔ ɖɔ woƒe susu totro si na dzi ɖe le wo ƒo la ɖo ale: “Oo ame masenugɔmewo kple ame siwo ƒe dzi mexɔa nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ la dzi sena kaba o! Ðe mehiã be Kristo la nakpe fu siawo, eye wòayi eƒe ŋutikɔkɔe la me oa?” (Luka 24:25, 26) Azɔ eɖe Ŋɔŋlɔawo me nya geɖe siwo ku ɖe Kristoa ŋu la me na wo.

Mlɔeba la, ame etɔ̃awo gogo Emaus. Nusrɔ̃la eveawo di be yewoagase nya geɖewo akpee, eya ta woƒoe ɖe enu gblɔ be: “Tsi mía gbɔ, elabena fiẽ ɖo, eye ŋkekea wu enu vɔ.” Elɔ̃ ɖe edzi, eye wonɔ anyi be yewoaɖu nu. Esi amea do gbe ɖa, ŋe aboloa me hetsɔe na wo la, wokpɔe dze sii, ke ebú vĩi le wo gbɔ. (Luka 24:29-31) Fifia woka ɖe edzi azɔ be Yesu le agbe!

Nusrɔ̃la eveawo gblɔ tso nu si dzɔ la ŋu dzidzɔtɔe be: “Ðe míaƒe dzi melé dzo le mía me, esi wòle nu ƒom na mí le mɔa dzi hele Ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí tsitotsito oa?” (Luka 24:32) Wowɔ kaba yi Yerusalem, eye wokpɔ apostoloawo kple ame bubu siwo kpe ɖe wo ŋu la. Hafi Kleopa kple eƒe zɔhɛa nagblɔ nya aɖe la, nusrɔ̃lawo gblɔ be: “Wofɔ Aƒetɔ la ɖe tsitre vavã, eye wòɖe eɖokui fia Simon!” (Luka 24:34) Azɔ wo ame evea gblɔ ale si Yesu ɖe eɖokui fia wo. Ɛ̃, woawo hã wonye eteƒekpɔlawo.

Azɔ nane dzɔ si na wo katã wovɔ̃—Yesu va xɔa me! Esia wɔ nuku na wo elabena wotu ʋɔa le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta. Ke hã Yesue nye ema va tɔ ɖe wo titina tututu. Egblɔ tufafatɔe be: “Ŋutifafa na mi.” Gake dzika tso wo ƒo. Abe ale si wòdzɔ kpɔ va yi ene la, ‘wogasusu be gbɔgbɔ aɖe kpɔm yewole.’—Luka 24:36, 37; Mateo 14:25-27.

Be Yesu naɖee afia be menye gbɔgbɔ aɖee yenye alo be woƒe susue le wo flum o, ke boŋ ame ŋutɔŋutɔe yenye la, etsɔ eƒe asiwo kple afɔwo fia wo hegblɔ be: “Nu ka ŋuti mietɔtɔ, eye ɖikeke ɖo miaƒe dziwo me? Mikpɔ nye asiwo kple nye afɔwo ɖa, eye miakpɔe be nye ŋutɔŋutɔe; mili asi ŋunye kpɔ, elabena ŋutilã kple ƒu mele gbɔgbɔ si, abe ale si miele ekpɔm le ŋunye la ene o.” (Luka 24:36-39) Dzi dzɔ wo ale gbegbe eye wòwɔ nuku na wo, gake esesẽ na wo vie be woaxɔe ase.

Esi wòganɔ agbagba dzem be yeakpe ɖe wo ŋu woakpɔe be ye ŋutɔŋutɔe la, ebia wo be: “Nuɖuɖu aɖe le mia si le afi sia?” Wotsɔ tɔmelã memee nɛ, eye wòxɔe ɖu. Eyome egblɔ be: “Nya siawoe megblɔ na mi esi megali kpli mi [do ŋgɔ na nye ku] be nu siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe Sea kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuŋlɔɖiwo kpakple Psalmowo me le ŋunye la nava eme.”—Luka 24:41-44.

Do ŋgɔ la, Yesu kpe ɖe Kleopa kple eƒe zɔhɛa ŋu wose Ŋɔŋlɔawo gɔme, eye egawɔ esia ake na ame siwo ƒo ƒu ɖe afi ma esi wògblɔ be: “Nya siae woŋlɔ ɖi: be Kristo la akpe fu, eye wòafɔ tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃a gbe, eye woaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke le dukɔwo katã me le eƒe ŋkɔ la me—esia adze egɔme tso Yerusalem. Mianye ɖaseɖilawo le nu siawo ŋuti.”—Luka 24:46-48.

Le susu aɖe ta la, apostolo Toma menɔ anyi o. Le ŋkeke siwo kplɔe ɖo me la, nusrɔ̃la bubuawo gblɔ nɛ dzidzɔtɔe be: “Míekpɔ Aƒetɔ la!” Toma ɖo eŋu be: “Ne nyemekpɔ gatagbadzɛbiawo teƒe le eƒe asiwo me, eye metsɔ nye asibidɛ ƒo ɖe gatagbadzɛbiawo teƒe, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe eƒe axadame o la, nyemaxɔe ase akpɔ o.”—Yohanes 20:25.

Le ŋkeke enyi megbe la, nusrɔ̃lawo gakpe ta ɖe xɔ aɖe me hetu ʋɔa, gake fifia ya Toma le wo dome. Yesu va do ɖe wo dome le ŋutilã me eye wòdo gbe na wo be: “Ŋutifafa na mi.” Yesu trɔ ɖe Toma ŋu hegblɔ be: “Ƒo wò asibidɛ ɖe afii, eye nàkpɔ nye asiwo, tsɔ wò asi ƒo ɖe nye axadame, dzudzɔ ɖikeke ne nàxɔ se.” Toma gblɔ be: “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!” (Yohanes 20:26-28) Ɛ̃, eka ɖe edzi bliboe azɔ be Yesu le agbe eye wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ si nye Yehowa Mawu teƒe nɔla.

Yesu gblɔ nɛ be: “Esi nèkpɔm tae nèxɔe sea? Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo mekpɔa nu hafi xɔna sena o.”—Yohanes 20:29.