Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 132

“Mawu Ƒe Vie Ame Sia Nye Vavã”

“Mawu Ƒe Vie Ame Sia Nye Vavã”

MATEO 27:45-56 MARKO 15:33-41 LUKA 23:44-49 YOHANES 19:25-30

  • YESU KU ÐE FUWƆAMETIA ŊU

  • NU ÐEDZESIWO DZƆ ESI YESU KU

“Gaƒoƒo adelia,” si nye ŋdɔ ga 12, ɖo azɔ. Viviti wɔnuku aɖe do ɖe “anyigba ma katã dzi va se ɖe gaƒoƒo asiekelia dzi,” si nye ɣetrɔ ga etɔ̃ me. (Marko 15:33) Menye zãdokeli si dona le dzɔdzɔme nue viviti ma nye o. Zãdokeli dona ne dzinu yeye dze dzi, gake fifia ya dzinua sɔ tegblẽe, elabena Ŋutitoto ƒe ɣeyiɣia mee. Azɔ hã viviti sia nɔ anyi didi sãsãsã wu miniti ʋɛ siwo zãdokeli dona. Eya ta Mawue na viviti sia do!

Bu ale si esia ana ame siwo nɔ alɔme ɖem le Yesu ŋu la ase le wo ɖokui me ŋu kpɔ. Esi vivitia do la, nyɔnu ene te ɖe fuwɔametia ŋu. Nyɔnu siawoe nye Salome, Maria Magdalatɔ, Maria si nye apostolo Yakobo Suetɔ dada kple Yesu dada.

Apostolo Yohanes le Yesu dada, si le nu xam la gbɔ le “fuwɔameti la gbɔ.” Maria le vi si wòdzi henyi wòtsi la kpɔm esime wòle veve sem helĩhelĩ le atia ŋu. Le Maria gome la, ɖeko wòle abe ɖe woƒo “yi legbe” aɖe ɖee ene. (Yohanes 19:25; Luka 2:35) Togbɔ be Yesu le veve sem ŋutɔ hã la, dadaa ƒe dedienɔnɔ nɔ susu me nɛ. Edze agbagba bi ta do ɖe Yohanes gbɔ hegblɔ na dadaa be: “Nyɔnu, kpɔ ɖa! Viwòe nye esi!” Eyome ebi ta do ɖe Maria gbɔ hegblɔ na Yohanes be: “Kpɔ ɖa! Dawòe nye esi!”—Yohanes 19:26, 27.

Anɔ eme be Yesu dada nye ahosi ɣemaɣi, eye Yesu le gbɔgblɔm na eƒe apostolo si wòlɔ̃na la be wòalé be na ye dada. Yesu nya be Maria viŋutsu bubuawo, siwo nye Yesu dadaviwo la mexɔ ye dzi se haɖe o. Eya ta enɔ ɖoɖo wɔm ɖe dadaa ƒe ŋutilãme kple gbɔgbɔme nuhiahiãwo siaa gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi!

Le ɣeyiɣi si vivitia dzo me lɔƒo la, Yesu gblɔ be: “Tsikɔ le wuyem.” Esia hã na ŋɔŋlɔawo me nyagblɔɖi aɖe va eme. (Yohanes 19:28; Psalmo 22:15) Yesu se le eɖokui me be ye Fofo ɖe asi le ye, si nye Via ŋu be woado yeƒe nuteƒewɔwɔ akpɔ va se ɖe nuwuwu. Kristo gblɔ le Aramgbe ƒomevi aɖe si anɔ eme be wodona le Galilea la me be: “Eli, Eli, lama sabaktani?” si gɔmee nye, “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi?” Ame siwo le tsitre ɖe afi ma la dometɔ aɖewo se nya si wògblɔ la gɔme bubui eye wogblɔ be: “Kpɔ ɖa! Ele Eliya yɔm.” Wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖatsɔ ƒumekutsa de wain tsitsi me eye wòtsɔe ɖo aɖa nu tsɔ na Yesu be wòano. Ke ame bubuwo gblɔ be: “Miɖe asi le eŋu! Mina míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋu hã.”—Marko 15:34-36.

Yesu do ɣli gblɔ be: “Wowu enu!” (Yohanes 19:30) Ɛ̃, ewu nu siwo katã Fofoa dɔe ɖe anyigba dzi be wòava wɔ la nu. Mlɔeba Yesu gblɔ be: “Fofo, asiwò mee metsɔ nye gbɔgbɔ de.” (Luka 23:46) Ale Yesu tsɔ eƒe agbe de Yehowa si me, eye wòka ɖe edzi be Mawu agagbɔ agbe ye. Azɔ Kristo si ka ɖe Mawu dzi bliboe la de mo to heku.

Kasia, anyigba ʋuʋu sesĩe eye agakpewo fe. Anyigbaʋuʋua nu sẽ ale gbegbe be yɔdo siwo nɔ Yerusalem godo la nu ʋu, eye ame kukuwo ho ɖe dzi. Ame siwo tso eme va yina siwo kpɔ be ame kukuwo ho ɖe dzi la yi ɖe “du kɔkɔe” la me ɖagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na amewo.—Mateo 12:11; 27:51-53.

Esi Yesu ku la, xɔmetsovɔ legbe titri si nye dometsotso le Kɔkɔeƒe la kple Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea dome le Mawu ƒe gbedoxɔa me la dze ɖe eve, tso dzi va se ɖe anyi. Nudzɔdzɔ wɔnuku sia nye Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe ame siwo wu Via ŋu ɖeɖe fia, eye wònye dzesi be mɔ si yi Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe, si le tsitre ɖi na dziƒo ŋutɔŋutɔ la le ʋuʋu ɖi azɔ.—Hebritɔwo 9:2, 3; 10:19, 20.

Mewɔ nuku o be vɔvɔ̃ ɖo ameawo ŋutɔ. Asrafomegã si le ŋgɔ na ameawo wuwu la gblɔ be: “Mawu ƒe Vie ame sia nye vavã.” (Marko 15:39) Anɔ eme be enɔ eteƒe esime Pilato nɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu eye Mawu ƒe Vi nyenye ƒe nyaa fɔ ɖe te. Fifia eka ɖe edzi be Yesu nye ame dzɔdzɔe eye wònye Mawu ƒe Vi vavã.

Ame bubu siwo dzi nudzɔdzɔ wɔnuku siawo wɔ dɔ ɖo la trɔ ɖo ta aƒe me “hele akɔta ƒom” le nuxaxa vevie kple ŋukpe ta. (Luka 23:48) Nyɔnu nusrɔ̃la geɖe siwo zɔa mɔ kple Yesu ɣeaɖewoɣi la nɔ ame siwo nɔ nudzɔdzɔawo teƒe kpɔm tso adzɔge la dome. Nu siwo nɔ dzɔdzɔm la te ɖe woawo hã dzi ŋutɔ.