Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 126

Petro Gbe Nu Le Yesu Gbɔ Le Kayafa Ƒe Me

Petro Gbe Nu Le Yesu Gbɔ Le Kayafa Ƒe Me

Esi amewo va lé Yesu le Getsemane-bɔa me la, apostoloawo gblẽe ɖi hesi le vɔvɔ̃ ta. Ke hã wo dometɔ eve va tɔ le mɔa dzi. Woawoe nye Petro “kple nusrɔ̃la bubu aɖe,” si anɔ eme be eyae nye apostolo Yohanes. (Yohanes 18:15; 19:35; 21:24) Ðewohĩ wogava kplɔ Yesu ɖo esime wokplɔe yina Ana ƒe me. Esi Ana ɖo Yesu ɖe Nunɔlagã Kayafa gbɔ la, Petro kple Yohanes nɔ amehawo yome le adzɔge ɖaa. Anye be wonɔ vɔvɔ̃m ɖe woƒe agbe ta, gake wogadi hã be yewoanya nu si adzɔ ɖe yewoƒe Aƒetɔ la dzi.

Yohanes nye nunɔlagã la ƒe ame nyanyɛ, eya ta woɖe mɔ nɛ wòge ɖe Kayafa ƒe me eye wònɔ xɔxɔnua. Ke Petro ya nɔ agboa nu le xexe va se ɖe esime Yohanes va ƒo nu na dɔlanyɔnu si nye agbonudzɔlaa. Ale wòɖe mɔ na Petro wòge ɖe eme.

Vuvɔ nɔ wɔwɔm, eya ta ame siwo nɔ xɔxɔnua do akadzo nɔ ƒuƒum. Esi wonɔ ʋɔnua drɔ̃m Yesu la, Petro hã va nɔ dzoa ƒum henɔ lalam be “yeakpɔ nu si ava dzɔ ɖa.” (Mateo 26:58) Esi Petro te ɖe dzoa ŋu azɔ ta la, agbonudzɔla si ɖe mɔ nɛ wòge ɖe eme la te ŋu kpɔe nyuie wu. Ebiae be: “Wò hã, menye ŋutsu sia ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?” (Yohanes 18:17) Ame bubuwo hã kpɔ Petro dze sii eye wotso enu be enye Yesu yomedzela.—Mateo 26:69, 71-73; Marko 14:70.

Esia medzɔ dzi na Petro kura o. Medi be yeadze amewo nakpɔ hafi o, eye wòtso yi mɔa nu gɔ̃ hã. Petro sẽ nu be yemenye Yesu yomedzela o, eye wògblɔ gɔ̃ hã be: “Nyemenyae o, eye nyemese nya si gblɔm nèle hã gɔme o.” (Marko 14:67, 68) Ede asi “fiƒodenyawo gbɔgblɔ me heka atam ƒu edzi,” si fia be yelɔ̃ be yeaka atam be yeƒe nyaa le eme, eye vɔ̃ nedzɔ ɖe ye dzi ne mele eme o.—Mateo 26:74.

Ɣemaɣi la, wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu, eye anɔ eme be Kayafa ƒe aƒea ƒe akpa si le dzi na xɔxɔnua ye wonɔ ʋɔnua drɔ̃mee le. Ðewohĩ Petro kple ame bubu siwo nɔ lalam le anyime la ate ŋu akpɔ ɖasefo vovovo siwo wokplɔ vɛ be woaɖi ɖase la ƒe yiyi kple gbɔgbɔ.

Galileatɔe Petro nye, eya ta eƒe nuƒoƒo ɖe hae be aʋatso kamee wònɔ. Gawu la, enutsolawo dometɔ ɖeka nye Malko, ame si Petro kpa to na la ƒe ƒometɔ. Eya ta etso Petro nu gblɔ be: “Menye wòe mekpɔ le abɔa me kplii oa?” Esi Petro gasẽ nu zi etɔ̃lia la, koklo ku atɔ, abe ale si Yesu gblɔe ɖi ene.—Yohanes 13:38; 18:26, 27.

Anɔ eme be ɣemaɣi la, Yesu nɔ dzia nɔ xɔxɔnua kpɔm le anyime. Aƒetɔ la trɔ, eye eya kple Petro ƒe ŋkume do go, si wɔe be nu si dzɔ la te ɖe Petro dzi vevie. Eɖo ŋku nya si Yesu gblɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ esime wonɔ dziƒoxɔa dzi la dzi. Bu ale si gbegbe Petro ƒe dzi agbã le nu si wòwɔ la ta ŋu kpɔ! Petro do go yi xexe ɖafa avi vevie.—Luka 22:61, 62.

Aleke wɔ nu sia te ŋu dzɔ? Aleke wòdzɔe be Petro, ame si ka ɖe edzi be yenye nuteƒewɔla si li ke le gbɔgbɔ me la gbe nu le eƒe Aƒetɔ gbɔ? Tsitretsiɖeŋulawo tro gbo nyateƒea eye wole nu wɔm ɖe Yesu ŋu abe nu vlo wɔla vɔ̃ɖi ene. Le esi teƒe be Petro naʋli ame maɖifɔ la ta la, etrɔ megbe de Ame si si “agbe mavɔ nyawo le” la boŋ.—Yohanes 6:68.

Nublanuinya si dzɔ ɖe Petro dzi la ɖee fia be ame si si xɔse le, si sroa Mawu ɖa la gɔ̃ hã ate ŋu akli nu adze anyi ne medzra ɖo nyuie ɖe dodokpɔwo kple tetekpɔwo ŋu o. Neva eme be nu si dzɔ ɖe Petro dzi la nanye nuxlɔ̃ame na Mawu subɔlawo katã!