Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 129

Pilato Gblɔ Be: “Mikpɔ Ða! Ŋutsu Lae Nye Esi!”

Pilato Gblɔ Be: “Mikpɔ Ða! Ŋutsu Lae Nye Esi!”

MATEO 27:15-17, 20-30 MARKO 15:6-19 LUKA 23:18-25 YOHANES 18:39–19:5

  • PILATO DZE AGBAGBA BE YEAÐE ASI LE YESU ŊU

  • YUDATƆWO BIA BE WOAÐE ASI LE BARABA ŊU

  • WOÐU FEWU LE YESU ŊU HEWƆ FUI

Pilato gblɔ na ameha si le gbɔgblɔm be woawu Yesu la be: “Nyemekpɔ agɔdzedze aɖeke le ame sia ŋu le nya siwo mietsɔ ɖe eŋu la me o. Herodes hã mekpɔ naneke le eŋu o.” (Luka 23:14, 15) Fifia esi Pilato le agbagba dzem be yeaɖe asi le Yesu ŋu ta la, ete mɔnu bubu kpɔ esi wògblɔ na ameha la be: “Le miaƒe kɔa nu la, ele be maɖe asi le ame ɖeka ŋu na mi le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi. Eya ta miedi be maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋu na mia?”—Yohanes 18:39.

Pilato nya nu tso gamenɔla aɖe si ŋkɔe nye Baraba, si nye adzodala, ame si dze aglã ɖe dziɖuɖua ŋu eye wònye amewula la ŋu. Eya ta Pilato bia be: “Ame ka ŋue miedi be maɖe asi le na mi, Baraba loo alo Yesu si woyɔna be Kristo la?” Esi nunɔlawo ƒe tatɔwo ƒlɔ dzo ɖe ameha la te ta la, wobia be wòaɖe asi le Baraba ŋu, ke menye Yesu o. Pilato gabia wo be: “Ame eve siawo dometɔ ka ŋue miedi be maɖe asi le na mi?” Ameha la do ɣli gblɔ be: “Baraba”!—Mateo 27:17, 21.

Pilato tɔtɔ eye wòbia wo be: “Ekema nu kae mawɔ Yesu si woyɔna be Kristo la?” Ameha la do ɣli be: “Hee ɖe ati ŋu!” (Mateo 27:22) Mekpe ŋu na wo be woabia be woawu ame maɖifɔ o. Nyaa ɖe fu na Pilato wòbia wo be: “Nu ka ta? Nu vɔ̃ɖi kae ame sia wɔ? Nyemekpɔ naneke si dze ku le eŋu o; eya ta mahe to nɛ, eye maɖe asi le eŋu.”—Luka 23:22.

Togbɔ be Pilato le agbagba dzem kpem hã la, ameha si do dziku la gblɔ kple nusɔsɔe be: “Hee ɖe ati ŋu!” (Mateo 27:23) Subɔsubɔhakplɔlawo na adã ɖo mo na ameha la ale gbegbe be wodi be woakɔ ʋu ɖi! Eye menye nu vlo wɔla alo amewula ƒe ʋue wodi be woakɔ ɖi o. Ame maɖifɔ ƒe ʋu dimee wole, evɔ ŋkeke atɔ̃ pɛ ko do ŋgɔ la, wodo dzaa na ame sia abe Fia ene esime wògbɔna Yerusalem. Ne Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le eteƒe hã la, woli kpoo eye amewo ƒe susu meyi wo dzi gɔ̃ hã o.

Pilato kpɔe be yeƒe kokoƒoƒowo mele vi aɖeke ɖem o. Esi hoowɔwɔa le gã dom ɖe edzi ta la, etsɔ tsi klɔ asi le ameha la ŋkume hegblɔ be: “Nye asi mele ame sia ƒe ʋu kɔkɔ ɖi me o. Miawo ŋutɔwo mikpɔ egbɔ.” Gake ema gɔ̃ hã mena ameha la trɔ susu o. Ke boŋ wogblɔ be: “Eƒe ʋu neva míawo kple mía viwo dzi.”—Mateo 27:24, 25.

Nutodziɖula la di be yeadze wo ŋu tsɔ wu be yeawɔ nu si wònya be eyae nye nyuitɔ. Eya ta le woƒe didia nu la, Pilato ɖe asi le Baraba ŋu na ameha si dze agbo la. Ena woɖe awu le Yesu ŋu heƒoe kple atam.

Esi asrafoawo ƒoe kutɔkutɔe vɔ la, wokplɔ Yesu yi nutodziɖula la ƒe fiasãa me. Asrafoawo va ƒo ƒu ɖe eŋu eye wogado vloe ɖe edzi. Wotsɔ ŋù lɔ̃ fiakuku ɖɔ nɛ. Asrafoawo tsɔ aɖa de Yesu ƒe nuɖusi me eye wodo awu dzĩ si tɔgbi fiawo dona la nɛ. Azɔ wogblɔ fewuɖuɖutɔe be: “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe Fia!” (Mateo 27:28, 29) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woɖe ta ɖe Yesu ŋu henɔ tome ƒom nɛ. Woxɔ aɖa sesẽ la le esi tsɔ ƒo tame nɛ, si wɔe be gbɔɖiame ƒe “fiakuku” la ƒe ŋùwo tɔe yi eme.

Ale si Yesu do dzi helé eɖokui kpoo le nu siawo katã me la wɔ dɔ ɖe Pilato dzi ale gbegbe be wògate kpɔ be yeaɖe ye ɖokui le nyaa me, eya ta egblɔ be: “Mikpɔ ɖa! Mekplɔe do goe vɛ na mi, be miadze sii be nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu o.” Ðe Pilato susui be Yesu si ŋu wode abii vevie eye ʋu le ɖuɖum le eŋu si yekplɔ do goe la ana ameha la natrɔ susua? Esi Yesu tɔ ɖe ameha maseveveɖeamenu ma ŋkume la, Pilato gblɔ na wo be: “Mikpɔ ɖa! Ŋutsu lae nye esi!”—Yohanes 19:4, 5.

Togbɔ be woƒo Yesu vevie hede abi eŋu hã la, elé eɖokui kpoo hefa tu ale gbegbe be Pilato gɔ̃ hã de dzesi esia eye eƒe nyawo ɖee fia be ede bubu eŋu eye eƒe nu wɔ nublanui nɛ.