Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 104

Yudatɔwo Se Mawu Ƒe Gbe—Ðe Woaɖe Xɔse Afia?

Yudatɔwo Se Mawu Ƒe Gbe—Ðe Woaɖe Xɔse Afia?

YOHANES 12:28-50

  • AME GEÐE SE MAWU ƑE GBE

  • NU SI DZI WOANƆ TE ÐO ADRƆ̃ ƲƆNU

Le Dzoɖa, Nisan 10 lia dzi la, Yesu le gbedoxɔa me le nu ƒom tso eƒe ku si nɔ aƒe tum la ŋu. Esi Yesu tsi dzi ɖe vlododo si esia ahe ava Mawu ƒe ŋkɔ dzi ŋu ta la, egblɔ be: “Fofo, do wò ŋkɔ ɖe dzi.” Gbe gã aɖe ɖi tso dziƒo ɖo eŋu be: “Medoe ɖe dzi, eye magadoe ɖe dzi ake.”—Yohanes 12:27, 28.

Ame siwo nɔ eteƒe la tɔtɔ. Wo dometɔ aɖewo susu be dzie ɖe gbe. Ame bubuwo gblɔ be: “Mawudɔla aɖee ƒo nu kplii.” (Yohanes 12:29) Ke hã, Yehowa ye ƒo nu wose! Gake menye esiae nye zi gbãtɔ si Mawu ƒo nu le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi amewo se o.

Ƒe etɔ̃ kple afã do ŋgɔ, le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi la, Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa see Mawu gblɔ tso Yesu ŋu be: “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.” Azɔ hã, ɣeaɖeɣi le ƒe 32 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia megbe la, Yakobo, Yohanes kple Petro kpɔ Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ la teƒe. Ame etɔ̃ mawo se Mawu gblɔ be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye. Miɖo toe.” (Mateo 3:17; 17:5) Gake zi etɔ̃lia si Yehowa ƒo nu ya la, ame geɖewo see!

Yesu gblɔ be: “Menye tanyee gbe sia ɖi ɖo o, ke boŋ mia tae.” (Yohanes 12:30) Enye kpeɖodzi be eyae nye Mawu ƒe Vi la kple Mesia si ŋu nya wogblɔ ɖi la vavã.

Gawu la, Yesu ƒe agbenɔnɔ nuteƒewɔwɔtɔe la nye kpɔɖeŋu na ale si wòle be amegbetɔwo nanɔ agbee, eye wònye kpeɖodzi be Satana Abosam, si nye xexea dziɖula la, dze na tsɔtsrɔ̃. Yesu gblɔ be: “Azɔ wole ʋɔnu drɔ̃m xexe sia; azɔ woaɖe xexe sia dzi ɖula la ɖa.” Ku si le Yesu ŋgɔ la mefia be woɖu edzi o, ke boŋ eyae ɖu dzi. Le mɔ ka nu? Eɖe eme be: “Nye la, ne wohem ɖe ati ŋu la, mahe amewo katã ƒomevi ɖe ɖokuinye ŋu.” (Yohanes 12:31, 32) To Yesu ƒe ku le atia ŋu dzi la, ahe amewo ava eɖokui gbɔe ale be woakpɔ agbe mavɔ.

Nya si Yesu gblɔ be ‘woahem ɖe ati ŋu’ la na ameha la gblɔ be: “Míesee le Se la me be Kristo la anɔ anyi tegbee. Ekema nu ka tae nèle gbɔgblɔm be woahe Amegbetɔvi la ɖe ati ŋu? Ame kae nye Amegbetɔvi sia?” (Yohanes 12:34) Togbɔ be ɖaseɖiɖiawo katã dze, eye wose Mawu ŋutɔ ƒe gbe hã la, ame akpa gãtɔ mexɔe se be Yesu ye nye Amegbetɔvi la vavã eye wònye Mesia si ŋugbe wodo la o.

Yesu gagblɔ tso eɖokui ŋu be yenye “kekeli,” abe ale si wògblɔe kpɔ va yi ene. (Yohanes 8:12; 9:5) Egblɔ na ameha la be: “Kekeli la aganɔ mia dome vie. Mizɔ esime kekeli la gale mia gbɔ, ne viviti la nagakpɔ ŋusẽ ɖe mia dzi o . . . Esi kekeli la gakpɔtɔ le mia gbɔ la, mixɔ kekeli la dzi se, ne miazu kekeli viwo.” (Yohanes 12:35, 36) Azɔ Yesu yi ɖaɣla eɖokui, elabena menye Nisan 10 lia dzie wòle be wòaku o. Nisan 14 lia ƒe Ŋutitotoŋkekea dzie wòle be woahee “ɖe ati ŋu.”—Galatiatɔwo 3:13.

Nu siwo dzɔ le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la ɖee fia kɔtɛ be ale si Yudatɔwo mexɔ edzi se o la nye nyagblɔɖi me vava. Yesaya gblɔe ɖi be ameawo ƒe ŋku atre eye woƒe dziwo aku atri ale gbegbe be womatrɔ ne woada gbe le wo ŋu o. (Yesaya 6:10; Yohanes 12:40) Ɛ̃, Yudatɔ akpa gãtɔ tsɔ dzimesesẽ gbe kpeɖodzi siwo ɖee fia be Yesu ye nye woƒe Ðela si ŋugbe wodo si dzi woato akpɔ agbe la.

Le nyateƒe me la, Nikodemo, Yosef si tso Arimatia kple dziɖula bubu geɖewo ‘xɔ Yesu dzi se’ hafi. Gake ɖe woawɔ nu le xɔse mea, alo woahe ɖe megbe le esi wole vɔvɔ̃m be woanya yewo le ƒuƒoƒea loo alo le esi “wolɔ̃ amewo ƒe kafukafu” ta?—Yohanes 12:42, 43.

Yesu ŋutɔ gblɔ nu si ye dzi xɔxɔ se fia esi wògblɔ be: “Ame si xɔa dzinye sena la, menye nye ɖeɖe ko dzie wòxɔna sena o, ke exɔa ame si dɔm ɖa la hã dzi sena; eye ame si kpɔm la, ekpɔ Ame si dɔm ɖa la hã.” Nyateƒenya siwo Mawu gblɔ na Yesu be wòafia eye Yesu hã le wo fiafia dzi la le vevie ale gbegbe be egblɔ be: “Ame si gbeam, eye mexɔa nye nyawo o la, ame si adrɔ̃ ʋɔnui la li. Nya si megblɔ lae adrɔ̃ ʋɔnui le ŋkeke mamlɛa dzi.”—Yohanes 12:44, 45, 48.

Azɔ Yesu ƒo nyaa ta be: “Nyemeƒo nu le ɖokuinye si o, ke boŋ Fofo si dɔm ɖa la ŋutɔe na nya si magblɔ kple ale si maƒo nui ƒe sem. Eye menyae hã be eƒe sedede la naa agbe mavɔ.” (Yohanes 12:49, 50) Yesu nyae be eteƒe madidi o, yeava kɔ ye ŋutɔ yeƒe ʋu ɖi wòanye vɔsasa ɖe ame siwo xɔa ye dzi sena la ta.—Romatɔwo 5:8, 9.