Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 130

Pilato Tsɔ Yesu De Asi Wokplɔ Yina Wuwu Ge

Pilato Tsɔ Yesu De Asi Wokplɔ Yina Wuwu Ge

MATEO 27:31, 32 MARKO 15:20, 21 LUKA 23:24-31 YOHANES 19:6-17

  • PILATO DZE AGBAGBA BE YEAÐE ASI LE YESU ŊU

  • WOBU FƆ YESU HEKPLƆE YINA WUWU GE

Togbɔ be woƒo Yesu vevie heɖu fewu le eŋu hã la, agbagba siwo dzem Pilato le be yeaɖe asi le eŋu la meʋã dzi na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple wo dzi delawo o. Wodi kokoko be wòana woawu Yesu. Wonɔ ɣlidodo dzi be: “Hee ɖe ati ŋu! Hee ɖe ati ŋu!” Pilato ɖo eŋu na wo be: “Miawo ŋutɔ mikplɔe yi, ne miahee ɖe ati ŋu, elabena nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu o.”—Yohanes 19:6.

Yudatɔwo mete ŋu na kpeɖodzi aɖeke Pilato le dunyahenyawo gome si afia be Yesu dze na ku o. Ke le subɔsubɔnyawo gome ɖe? Wogatrɔ ɖe nutsotso si wotsɔ ɖe eŋu le Sanhedrin la ŋkume, si nye be egblɔ busunya la ŋu ake. Wogblɔ be: “Se le mía si, eye le se sia nu la, edze be wòaku, elabena ewɔ eɖokui Mawu ƒe vii.” (Yohanes 19:7) Esia nye nutsotso yeye na Pilato.

Etrɔ yi eƒe fiasãa me eye wògadi mɔ si dzi wòato aɖe asi le ame sia si do dzi le fuwɔame sesẽwo me, si ŋu Pilato ŋutɔ srɔ̃ ku drɔ̃e le la ŋu. (Mateo 27:19) Nu kae wòawɔ tso Yudatɔwo ƒe nutsotso yeye sia, si nye be ame sia si wolé la nye ‘Mawu ƒe vi’ la ŋu? Pilato nya be Galilea ye Yesu tso. (Luka 23:5-7) Ke hã ebia Yesu be: “Afi kae nètso?” (Yohanes 19:9) Ðe Pilato nɔ susum be Yesu anya nɔ agbe le afi aɖe kpɔ, si afia be Mawu gbɔe wòtsoa?

Pilato ŋutɔ see Yesu gblɔ be fiae yenye, ke hã yeƒe Fiaɖuƒea menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o. Esi mehiã be Yesu nagaƒo nu tso nya si wògblɔ va yi la ŋu o ta la, ezi kpi. Esia na Pilato se le eɖokui me be Yesu mede bubu ye ŋu o, eya ta dɔme vee wògblɔ be: “Mèle nyaa ŋu ɖo ge nam oa? Mènya be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò, eye ŋusẽ le asinye be mahe wò ɖe ati ŋu oa?”—Yohanes 19:10.

Yesu ɖo eŋu kpuie ko be: “Ŋusẽ aɖeke kura manɔ asiwò ɖe dzinye o, negbe ɖe wona wò tso dziƒo. Esia tae ame si tsɔm de asi na wò la ƒe nu vɔ̃ lolo wu.” (Yohanes 19:11) Edze ƒãa be menye ame ɖeka aɖe koŋ ƒe nue nɔ susu me na Yesu o. Ke boŋ nu si wòwɔnɛ ye nye be Kayafa, edzidelawo kple Yuda Iskariot ɖi fɔ wu Pilato.

Nya siwo Yesu gblɔ kple ale si wòlé eɖokui, si wɔ dɔ ɖe Pilato dzi, hekpe ɖe ale si wònɔ vɔvɔ̃m be Mawu gbɔe Yesu anya tso ŋu la wɔe be wògadze agbagba be yeaɖe asi le eŋu. Ke hã Yudatɔwo he susu yi nu bubu aɖe si vɔ̃m Pilato nɔ la dzi. Wogblɔ be: “Ne èɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o. Ame sia ame si wɔa eɖokui fiae la ƒoa nu tsia tsitre ɖe Kaisaro ŋu.”—Yohanes 19:12.

Nutodziɖula la kplɔ Yesu do goe ake, eye esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpuia dzi la, egblɔ na ameha la be: “Mikpɔ ɖa! Miaƒe fia lae nye esi!” Ke hã Yudatɔwo metrɔ susu o. Wodo ɣli be: “Bu mo nɛ! Bu mo nɛ! Hee ɖe ati ŋu!” Nya la te ɖe Pilato dzi wòbia wo be: “Mahe miaƒe fia la ɖe ati ŋua?” Romatɔwo ƒe dziɖuɖu te nɔnɔ kua dzi na Yudatɔwo tso ɣeaɖeɣi ke, ke hã nunɔlawo ƒe tatɔwo gblɔ kã be: “Fia aɖeke mele mía si o, negbe Kaisaro ko.”—Yohanes 19:14, 15.

Pilato wɔ nu abe vɔvɔ̃nɔtɔ ene esi wòɖe mɔ Yudatɔwo ƒe tamanamana la kpɔ ŋusẽ ɖe edzi si wɔe be wòɖe asi le Yesu ŋu be woawu. Asrafoawo ɖe awu dzĩ la le Yesu ŋu hetsɔ eƒe awudziwui la do nɛ. Esi wokplɔ Yesu yinae la, wona wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe fuwɔameti la.

Fiɖa, Nisan 14 lia ye, eye esusɔ vie ŋdɔ ga 12 naƒo. Yesu le ŋu tso keke Yawoɖagbe ŋdi me ke, eye wòto fukpekpe geɖewo me va de asi na fifia. Esi atia nɔ ekpem la, eva wui mlɔeba. Eya ta asrafoawo zi Simon, si tso Kirene si le Afrika, ame si tso eme va yina la dzi be wòatsɔ atia ayi afi si woawui le. Ame geɖewo dze wo yome, eye wo dometɔ aɖewo ƒo akɔta le nuxaxa ta henɔ konyi fam le nu si nɔ dzɔdzɔm la ta.

Yesu gblɔ na nyɔnu siwo nɔ konyi fam la be: “Yerusalem-nyɔnuwo, midzudzɔ avifafa ɖe tanye. Ke boŋ mifa na mia ɖokuiwo kple mia viwo; elabena, ŋkekewo li gbɔna, esime woagblɔ be, ‘Dzidzɔtɔwoe nye konɔwo, dɔ siwo medzi vi o kpakple no siwo mena no vi kpɔ o!’ Ekema woagblɔ na towo be, ‘Mimu dze mía dzi!’ eye woagblɔ na togbɛwo be, ‘Mitsyɔ mía dzi!’ Ne wole nu siawo wɔm esime atia le mumu ɖe, nu kae adzɔ ne eƒu?”—Luka 23:28-31.

Yuda dukɔ la ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe. Ele abe ati si le kukum gake meƒu keŋkeŋ haɖe o la ene, elabena Yesu gale wo dome eye Yudatɔ siwo xɔ edzi se la hã le wo dome. Ne ame siawo megava le dukɔa me o la, dukɔa ava nɔ abe ati si ku ene le gbɔgbɔmegɔmesese nu. Woafa avi vevie ne Mawu zã Romatɔwo tsɔ tsrɔ̃ dukɔ ma!