Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 134

Yɔdoa Tsi Ƒuƒlu, Elabena Yesu Le Agbe!

Yɔdoa Tsi Ƒuƒlu, Elabena Yesu Le Agbe!

MATEO 28:3-15 MARKO 16:5-8 LUKA 24:4-12 YOHANES 20:2-18

  • WOFƆ YESU ÐE TSITRE

  • NU SIWO DZƆ LE YESU ƑE YƆDOA TO

  • EÐE EÐOKUI FIA NYƆNU VOVOVOWO

Aleke gbegbe nyɔnuawo ƒe nu kue nye esi esi wova yɔdoa to eye wòdze abe yɔdoa tsi ƒuƒlu ene! Maria Magdalatɔ la ƒu du yi “Simon Petro kple nusrɔ̃la kemɛ, si gbɔ Yesu melɔ̃a nu le o,” si nye apostolo Yohanes gbɔ. (Yohanes 20:2) Ke hã nyɔnu mamlɛawo siwo tsi yɔdoa to la kpɔ mawudɔla aɖe. Eyome wogakpɔ mawudɔla bubu aɖe si “le awu ʋlaya ɣi me” le yɔdoa me.—Marko 16:5.

Mawudɔlaawo dometɔ ɖeka gblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o, elabena menyae be Yesu si wohe ɖe ati ŋu la dimee miele. Mele afi sia o, elabena wofɔe ɖe tsitre, abe ale si wògblɔe ene. Miva kpɔ afi si wotsɔe mlɔ la ɖa. Eya ta miɖe abla yi ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye kpɔ ɖa, edze mia ŋgɔ yina Galilea.” (Mateo 28:5-7) Ale nyɔnu siawo siwo le ‘dzodzom nyanyanya hele vɔvɔ̃m’ ŋutɔ la de afɔ du me yi ɖagblɔe na nusrɔ̃lawo.—Marko 16:8.

Maria va ke ɖe Petro kple Yohanes ŋu azɔ. Egblɔ dzitsitsitɔe be: “Wokɔ Aƒetɔ la dzoe le yɔdoa me, eye míenya afi si wodae ɖo o.” (Yohanes 20:2) Enumake Petro kple Yohanes hã de afɔ du me. Yohanes ƒe afɔ tsɔ wu, eye wòɖo yɔdoa gbɔ gbã. Edo kɔ ɖa hekpɔ aklalaawo gake mege ɖe eme o.

Petro le eyome va ɖo, eye wòge ɖe yɔdoa me ʋla. Ekpɔ aklalawo kple avɔ si wotsɔ bla ta na Yesu la le yɔdoa me. Yohanes hã ge ɖe yɔdoa me azɔ, eye wòxɔ Maria ƒe nyatakaka la dzi se. Wo ame evea siaa mese egɔme be wofɔ Yesu ɖe tsitre o, togbɔ be eƒo nu tso eŋu na wo do ŋgɔ hã. (Mateo 16:21) Nya la wɔ moyaa na wo eye wotrɔ yi aƒe me. Gake Maria, si trɔ gbɔ va yɔdoa to ya tsi anyi.

Le ɣeyiɣi sia me la, nyɔnu kemɛawo le mɔ dzi yina egblɔ ge na nusrɔ̃lawo be wofɔ Yesu ɖe tsitre. Esi wole du dzi yina la, Yesu va tu wo hegblɔ na wo be: “Medo gbe na mi!” Ale “wolé eƒe afɔwo hebɔbɔ nɛ.” Azɔ Yesu gblɔ be: “Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo, ne woayi Galilea, eye woakpɔm le afi ma.”—Mateo 28:9, 10.

Do ŋgɔ esi anyigba ʋuʋu eye mawudɔlawo ɖe wo ɖokui fia la, asrafo siwo nɔ yɔdoa gbɔ la dzo “nyanyanya, eye wozu abe ame kukuwo ene.” Esi wogaɖo wo ɖokui me la, woyi dua me “ɖaka nu siwo katã dzɔ la ta na nunɔlawo ƒe tatɔwo.” Nunɔlawo de adaŋu kple Yudatɔwo ƒe amegãwo. Wotso nya me be yewoana zãnu asrafoawo ne woatsyɔ nu nyaa dzi ahagblɔ be: “Eƒe nusrɔ̃lawo va fii le zã me esime míele alɔ̃ dɔm.”—Mateo 28:4, 11, 13.

Woate ŋu awu Roma-srafo ne edɔ alɔ̃ esime wòle dzɔla ƒe dɔ wɔm, eya ta nunɔlawo do ŋugbe na wo be: “Ne nya sia [alakpanya si nye be yewodɔ alɔ̃] ɖo nutodziɖula la ƒe to me la, ekema míaɖe eme nɛ, eye mahiã be miatsi dzi o.” (Mateo 28:14) Asrafoawo xɔ zãnua eye wowɔ nu si nunɔlawo gblɔ. Aleae wòdzɔe be alakpanya si nye be wova fi Yesu ƒe kukua la kaka ɖe Yudatɔwo dome.

Maria Magdalatɔ la gale nuxaxa dzi le yɔdoa to. Esi wòdo kɔ ɖa kpɔ yɔdoa me la, ekpɔ mawudɔla eve siwo le awu ɣiwo me! Ðeka nɔ anyi ɖe afi si Yesu ƒe kukua nɔ la ƒe tade eye evelia le eƒe afɔde. Wobiae be: “Nyɔnu, nu ka tae nèle avi fam?” Maria ɖo eŋu be: “Wokɔ nye Aƒetɔ la dzoe, gake nyemenya afi si wotsɔe yi ɖada ɖo o.” Esi Maria trɔ la, ekpɔ ame bubu. Eya hã bia nya si mawudɔlaawo do ŋgɔ bia lae hegblɔ kpee be: “Ame ka dim nèle?” Esi wòsusu be abɔdzikpɔlae ta la, egblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ne wòe kɔe dzoe la, ekema gblɔ afi si nètsɔe da ɖo la nam, ne mayi aɖakɔe.”—Yohanes 20:13-15.

Le nyateƒe me la, Yesu si wofɔ ɖe tsitre lae Maria nɔ nu ƒom na, gake mekpɔe dze sii ɣemaɣi o. Ke hã esi Yesu yɔe be, “Maria!” la, ekpɔe dze sii enumake le ale si Yesu lɔ̃a eyɔyɔ la me be eyae. Maria gblɔ dzidzɔtɔe be, “Raboni!” (si gɔmee nye “Nufiala!”). Ke hã esi wònɔ vɔvɔ̃m be Yesu adzo le ye gbɔ ayi dziƒo ta la, eku ɖe eŋu. Eya ta Yesu gblɔ nɛ be: “Dzudzɔ kuku ɖe ŋunye, elabena nyemekpɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Ke yi nɔvinyewo gbɔ, eye nàgblɔ na wo be, ‘Meyina Fofonye kple mia Fofo, nye Mawu kple mia Mawu la gbɔ.’”—Yohanes 20:16, 17.

Maria ƒu du yi afi si apostoloawo kple nusrɔ̃la bubuawo ƒo ƒu ɖo. Egblɔ na wo be: “Mekpɔ Aƒetɔ la!” eye wògblɔ nu si teƒe wòkpɔ la tsɔ ƒu nyɔnu kemɛawo tɔ dzi. (Yohanes 20:18) Gake nya siawo “ɖi bometsinya na wo.”—Luka 24:11.