Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 124

Kristo Dede Asi Kple Eléle

Kristo Dede Asi Kple Eléle

MATEO 26:47-56 MARKO 14:43-52 LUKA 22:47-53 YOHANES 18:2-12

  • YUDA DE YESU ASI LE ABƆA ME

  • PETRO KPA TO NA AME AÐE

  • WOLÉ YESU

Eƒo zã ga wuieve to eŋu xoxo. Nunɔlawo lɔ̃ ɖe edzi be yewoaxe klosalo 30 na Yuda nenye be ede Yesu asi. Eya ta Yuda le ŋgɔ na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo ƒe ha gã aɖe wova le Yesu dim. Roma-srafo siwo bla akpa eye aʋafia le wo nu la kpe ɖe wo ŋu.

Edze ƒãa be esi Yesu na Yuda do go le Ŋutitotonua ɖuɣi la, Yuda yi nunɔlawo ƒe tatɔwo gbɔ tẽe. (Yohanes 13:27) Ame siawo ƒo woƒe dɔlawo kple asrafoha aɖe nu ƒu. Anye be Yuda kplɔ wo yi xɔ si me Yesu kple apostoloawo ɖu Ŋutitotoa le la gbã. Azɔ ameha sia dzo le afi ma yi ɖato Kidron-tɔʋua me ɖo ta abɔa me. Tsɔ kpe ɖe lãnuwo ŋu la, wotsɔ akaɖiwo kple akakatiwo hã ɖe asi heɖoe kplikpaa be yewoadi Yesu ake ɖe eŋu.

Esi Yuda nɔ ŋgɔ na ameha la wonɔ Amitoa liam la, eka ɖe edzi be yenya afi si yeakpɔ Yesu le. Le kwasiɖa si va yi me, esi Yesu kple apostoloawo nɔ Yerusalem kple Betania dome zɔli zɔm la, wotɔ zi geɖe ɖe Getsemane-bɔa me. Gake fifia zã do, eye anye be Yesu le amiti siwo le abɔa me la ƒe vɔvɔli te. Eya ta aleke asrafo siwo ɖewohĩ womekpɔ Yesu kpɔ o la awɔ adze sii? Be wòanɔ bɔbɔe na wo la, Yuda ɖo dzesi na wo be: “Ame si magbugbɔ nu na la, eyae; milée, mikplɔe yii eye miaƒe ŋku nanɔ eŋu.”—Marko 14:44.

Esi Yuda le ŋgɔ na amehawo woyi abɔa me la, ekpɔ Yesu kple eƒe apostoloawo eye wòyi Yesu gbɔ tẽe. Yuda gblɔ be: “Medo gbe na wò, Rabi!” eye wògbugbɔ nu na Yesu. Yesu biae be: “Xɔ̃, nu ka tae nèva ɖo?” (Mateo 26:49, 50) Yesu ŋutɔ ɖo eƒe biabiaa ŋu esi wògblɔ be: “Yuda, nugbugbɔe nètsɔ le Amegbetɔvi la dem asia?” (Luka 22:48) Gake yomemɔfiala sia hã ƒe nyaa se ɖe afi ma gbɔ!

Azɔ Yesu te ɖe ame siwo lé akaɖiwo kple akakatiwo ɖe asi la ŋu hebia wo be: “Ame ka dim miele?” Ameha la ɖo eŋu be: “Yesu, Nazaretetɔ lae.” Yesu gblɔ kple dzideƒo be: “Nyee nye esi.” (Yohanes 18:4, 5) Nyaŋuɖoɖoa dze wo kpo, ale wote yi megbe hedze anyi.

Le esi Yesu nawɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋu dɔ asi abu ɖe vivitia me teƒe la, egabia wo ake be ame ka dim wole hã. Esi wogagblɔ ake be “Yesu, Nazaretetɔ lae” la, egblɔ tufafatɔe be: “Megblɔ na mi xoxo be nyee. Eya ta ne nye dim miele la, ekema mina ame siawo ya nadzo.” Le ɣeyiɣi sesẽ sia gɔ̃ hã me la, Yesu te ŋu ɖo ŋku nya si wògblɔ va yi be yemabú wo dometɔ aɖeke o la dzi. (Yohanes 6:39; 17:12) Yesu kpɔ eƒe apostolo wɔnuteƒeawo ta, eye wo dometɔ aɖeke mebú o, negbe “tsɔtsrɔ̃vi la ko,” si nye Yuda. (Yohanes 18:7-9) Eya ta egblɔ azɔ be woana ye yomedzela wɔnuteƒe siawo nadzo.

Esi asrafoawo tso hezɔ ɖe Yesu dzi la, apostoloawo de dzesi nu si le dzɔdzɔm azɔ. Wobia be: “Aƒetɔ, mída yi woa?” (Luka 22:49) Hafi Yesu naɖo nyaa ŋu la, Petro ya da yi eve siwo apostoloawo tsɔ ɖe asi la dometɔ ɖeka xoxo. Etsɔe kpa nunɔlagã la ƒe kluvi, si ŋkɔe nye Malko, la ƒe ɖusito.

Yesu ka asi Malko ƒe to ŋu eye eƒe abia ku. Azɔ efia nu vevi aɖe eyomedzelawo esi wòde se na Petro be: “Gbugbɔ wò yi la de eteƒe, elabena ame siwo katã tsɔa yi ɖe ame ŋu la, yi nue woatsi.” Yesu lɔ̃ faa be woalé ye, eye wòɖe nu si tae la me be: “Aleke Ŋɔŋlɔ siwo gblɔe ɖi be adzɔ alea la awɔ ava eme?” (Mateo 26:52, 54) Egblɔ kpee be: “Ðe mele be mano kplu si Fofo la tsɔ nam la oa?” (Yohanes 18:11) Yesu lɔ̃ be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, ne esia bia be wòaku gɔ̃ hã.

Yesu bia ameha la be: “Yiwo kple kpowoe mietsɔ va be yewoalém abe adzodala enea? Gbe sia gbe menɔa anyi ɖe gbedoxɔa me nɔa nu fiam, ke mielém kpɔ o. Gake nu siawo katã dzɔ, ale be nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo woŋlɔ ɖi la nava eme.”—Mateo 26:55, 56.

Azɔ asrafoawo, aʋafia la kple Yudatɔwo ƒe dɔlawo lé Yesu heblae. Esi apostoloawo kpɔ esia la, wosi. Ke hã, “ɖekakpui” aɖe kpɔtɔ nɔ ameha la dome kple susu be yeadze Yesu yome. Anɔ eme be nusrɔ̃la Marko ye. (Marko 14:51) Ameha la kpɔ ɖekakpui sia dze sii, eye wote kpɔ be yewoalée, si wɔe be wògblẽ eƒe aklalawu la ɖi hesi dzo.