Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 17

Yesu Fia Nu Nikodemo

Yesu Fia Nu Nikodemo

YOHANES 2:23–3:21

  • YESU ÐO DZE KPLE NIKODEMO

  • NU SI WÒFIA BE ‘WOAGBUGBƆ AME ADZI’

Esime Yesu nɔ Yerusalem hena ƒe 30 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu la, ewɔ dzesiwo, alo nukunu gãwo. Esia wɔe be ame geɖe xɔ edzi se. Dzesiawo wɔ dɔ ɖe Farisitɔ Nikodemo, si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒegã si woyɔna be Sanhedrin me tɔ la hã dzi. Esi wòdi be yeanya nu geɖe ta la, eyi Yesu gbɔ le zã me, ɖewohĩ le esi wònɔ vɔvɔ̃m be ne wokpɔ ye la, agblẽ nu le bubu si le ye ŋu le Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔla bubuawo gbɔ ta.

Nikodemo gblɔ be: “Rabi, míenya be nufialae nènye, eye ètso Mawu gbɔ va; elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi siwo nèwɔna o, negbe ɖe Mawu li kplii.” Yesu ɖo eŋu gblɔ na Nikodemo be, ele be ‘woagbugbɔ adzi’ ame hafi wòate ŋu ayi ɖe Mawu Fiaɖuƒea me.—Yohanes 3:2, 3.

Gake aleke woate ŋu agbugbɔ ame adzi? Nikodemo bia be: “Mate ŋu agbugbɔ ayi dadaa ƒe dɔ me be woagadzii zi evelia o ɖe?”—Yohanes 3:4.

Ao, menye emae gbugbɔgadzi fia o. Yesu ɖe eme be: “Ne wometsɔ tsi kple gbɔgbɔ dzi ame o la, mate ŋu age ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me o.” (Yohanes 3:5) Wonyrɔ Yesu ɖe tsi me eye gbɔgbɔ kɔkɔe ɖi ɖe edzi. To mɔ sia dzi la, wotsɔ “tsi kple gbɔgbɔ” dzii. Ɣemaɣi la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be: “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.” (Mateo 3:16, 17) Mawu to mɔ sia dzi ɖe gbeƒãe be yedzi Yesu wònye gbɔgbɔmevi si si Dziƒofiaɖuƒea me yiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le. Woava kɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe nyɔnyrɔxɔla bubuwo dzi emegbe le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi, eye to esia dzi la, woagbugbɔ woawo hã adzi woanye Mawu ƒe vi siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na.—Dɔwɔwɔwo 2:1-4.

Enɔ sesẽm na Nikodemo be wòase nu si Yesu nɔ efiam tso Fiaɖuƒea ŋu la gɔme. Eya ta Yesu gblɔ nya bubuwo tso akpa vevi si wòawɔ esime wònye Mawu ƒe Vi si va abe amegbetɔ ene la ŋu nɛ. Yesu gblɔ be: “Abe ale si Mose kɔ da la ɖe dzi le gbea dzi ene la, nenema kee woakɔ Amegbetɔvi la hã ɖe dzii, ale be ame sia ame si xɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:14, 15.

Ƒe geɖe do ŋgɔ la, ehiã be Israel-vi siwo da vɔ̃ɖiwo ɖu la nakpɔ akɔblida la hafi atsi agbe. (4 Mose 21:9) Nenema kee wòhiã be amegbetɔwo katã naxɔ Mawu ƒe Vi la dzi ase be woaɖe wo tso ku ƒe nɔnɔme si me wole la me ne woakpɔ agbe mavɔ. Yesu te gbe ɖe ale si esia ɖe lɔlɔ̃ si gbegbe le Yehowa si fia la dzi esi wògblɔ kpee na Nikodemo be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Eya ta esi Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme le Yerusalem afi sia ɣleti ade pɛ ko megbe la, ena wòdze ƒãa be yee nye ame si dzi amegbetɔƒomea ato akpɔ ɖeɖe.

Yesu gblɔ na Nikodemo be: “Mawu medɔ Via ɖo ɖe xexea me be wòadrɔ̃ ʋɔnu xexea o.” Esia fia be medɔe be wòava drɔ̃ ʋɔnu ameƒomea be wodze na tsɔtsrɔ̃ o. Ke boŋ abe ale si Yesu gblɔe ene la, ɖe wodɔe ɖa “be woaɖe xexea to edzi.”—Yohanes 3:17.

Vɔvɔ̃e na Nikodemo va Yesu gbɔ le zã me. Eya ta eɖe dzesi be Yesu ƒo dze si wòɖo kplii la ta kple nya siawo be: “Ke nu si ta wole ʋɔnu drɔ̃m ɖo lae nye esi: kekeli la a va xexea me, ke amewo lɔ̃ viviti la wu kekeli la, elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi. Elabena ame si wɔa nu gbegblẽwo la léa fu kekeli la, eye mevaa kekeli la gbɔ o, be woagaklo nu le eƒe dɔwɔwɔwo dzi o. Ke ame si wɔa nu nyui la vaa kekeli la gbɔ, ne eƒe dɔwɔwɔwo nadze ƒãa be wowɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.”—Yohanes 3:19-21.

Ekpo ɖe Farisitɔ Nikodemo, si nye nufiala le Israel la gbɔ azɔ be wòade ŋugble le nu si wòse fifia tso akpa si Yesu awɔ be Mawu ƒe tameɖoɖo nava eme la ŋu.

a Yesu to eƒe agbenɔnɔ kple nufiafia dzi ɖee fia be yee nye kekeli la.