Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 15

Yesu Wɔ Eƒe Nukunu Gbãtɔ

Yesu Wɔ Eƒe Nukunu Gbãtɔ

YOHANES 2:1-12

  • SRƆ̃ÐEÐE LE KANA

  • YESU TRƆ TSI WÒZU WAIN

Ŋkeke etɔ̃liae nye esia Nataniel zu Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo dometɔ ɖeka. Yesu kple eƒe nusrɔ̃la gbãtɔawo dometɔ aɖewo ɖo ta dziehe gome yina Galilea nutoa me si nye wo de. Afi si woyinae nye Kana, du si me Nataniel tso. Kana le togbɛwo dzi le Nazaret, afi si Yesu ŋutɔ nɔ tsi la ƒe dziehe. Wokpe wo va srɔ̃ɖeŋkekenyui aɖe ɖuƒe le Kana.

Yesu dada hã va srɔ̃ɖeƒea. Esi Maria nye ame siwo le srɔ̃a ɖem la ƒe ƒomea ƒe xɔlɔ̃ ta la, edze abe enɔ asi kpem ɖe amedzro gbogboawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu ene. Eya ta ede dzesii kaba be wain vɔ, eye wògblɔ na Yesu be: “Wain vɔ le wo si.”—Yohanes 2:3.

Nya si gblɔm Maria nɔe nye be Yesu nawɔ nane tso wain si vɔ la ŋu. Yesu zã adagana si fia be yegbe esi wògblɔ be: “Nyɔnu, afi kae nya sia ka na nye kpli wò?” (Yohanes 2:4) Abe Fia si Mawu tia ene la, Yesu Fofo si le dziƒoe wòle be wòafia mɔe le eƒe dɔwɔnawo me, ke menye ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wo o. Eya ta Maria gblẽ nya la ɖe via si me nunyatɔe, eye wògblɔ na ame siwo le subɔsubɔm la be: “Nu sia nu si wòagblɔ na mi la, miwɔe.”—Yohanes 2:5.

Kpezɔ gã ade le afi ma eye tsi lita blaene ate ŋu anɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe me. Yesu gblɔ na ame siwo le subɔsubɔm la be: “Midu tsi ɖe zɔawo me woayɔ.” Yesu gblɔ be: “Azɔ miku ɖe yi na srɔ̃ɖeɖoɖoa dzi kpɔla la.”—Yohanes 2:7, 8.

Ale si gbegbe wain la nyoe la wɔ nuku na srɔ̃ɖeɖoɖoa dzi kpɔlaa, gake menya be nukumɔ dzie woto wɔe o. Eyɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la hegblɔ nɛ be: “Ame sia ame tsɔa wain nyuitɔ ɖoa anyi gbã, eye ne wonoe mu vɔ la, etsɔa manyomanyoa vanɛ. Wò ya èdzra wain nyui la ɖo va se ɖe fifia.”—Yohanes 2:10.

Esiae nye nukunu gbãtɔ si Yesu wɔ. Esi eƒe nusrɔ̃la yeyeawo kpɔ nukunu sia la, ena wogaxɔ edzi se geɖe wu. Emegbe Yesu, dadaa kple dadaviawo zɔ mɔ yi Kapernaum, si le Galilea-ƒua ƒe dzieheɣetoɖoƒe.