Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 13

Nusɔsrɔ̃ Tso Yesu Ƒe Tetekpɔwo Me

Nusɔsrɔ̃ Tso Yesu Ƒe Tetekpɔwo Me

Esi Yohanes nyrɔ Yesu vɔ teti la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kplɔ Yesu yi Yudea-gbedzi. Nu geɖe li si ŋu wòabu. Esi wonyrɔ Yesu vɔ la, “dziƒowo nu ʋu.” (Mateo 3:16) Fifia ate ŋu aɖo ŋku nu siwo wòsrɔ̃ le dziƒo la dzi. Le nyateƒe me la, nu geɖe li si ŋu wòade ŋugble le!

Yesu nɔ gbedadaƒo ŋkeke 40 kple zã 40. Meɖu naneke ɣemaɣi o. Emegbe esi dɔ nɔ Yesu wum ŋutɔ la, Satana Abosam te ɖe eŋu hegblɔ nɛ be: “Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema gblɔ na kpe siawo be woatrɔ azu abolo.” (Mateo 4:3) Gake esi Yesu nya be enye nu gbegblẽ be yeazã yeƒe nukunuwɔwɔŋusẽ hena ye ŋutɔ yeƒe nudidiwo gbɔ kpɔkpɔ ta la, egbe.

Gake Abosam metɔe ɖe afi ma o. Egate mɔnu bubu aɖe kpɔ. Etɔ gbe Yesu be wòati kpo tso gbedoxɔa tame. Gake nukunu ɖedzesi ma wɔwɔ medzro Yesu o. Yesu yɔ nya tso Ŋɔŋlɔawo me tsɔ ɖee fia be enye nu gbegblẽ be woate Mawu kpɔ le mɔ sia nu.

Emegbe le tetekpɔ etɔ̃lia me la, Abosam to mɔ aɖe dzi ɖe “xexemefiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe” fia Yesu hegblɔ be: “Matsɔ nu siawo katã ana wò, ne èdze klo de ta agu nam.” Gake le esia hã me la, Yesu gagbe eye wògblɔ be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana!” (Mateo 4:8-10) Meɖe mɔ tetekpɔa ɖu edzi wòwɔ nu gbegblẽ o, elabena enyae be Yehowa ɖeka koe wòle be woasubɔ. Ɛ̃, etiae be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu boŋ.

Míate ŋu asrɔ̃ nu tso Yesu ƒe tetekpɔ siawo kple ale si wòwɔ nu le wo me la me. Wonye tetekpɔ ŋutɔŋutɔwo, si ɖee fia be menye nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe nɔnɔme dzro aɖe koe Abosam nye abe ale si ame aɖewo gblɔnɛ ene o. Enye gbɔgbɔmeme si womekpɔna o, si li ŋutɔŋutɔ. Nudzɔdzɔ sia hã ɖee fia be xexemedziɖuɖuwo katã nye Abosam tɔ; eyae kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. Ne menye nenema o ɖe, ke aleke wo tsɔtsɔ na Kristo ate ŋu anye tetekpɔ ŋutɔŋutɔ nɛ?

Gawu la, Abosam gblɔ be yelɔ̃ faa be yeaɖo eteƒe na Yesu ne enya de ta agu na ye zi ɖeka pɛ ko, elɔ̃ be yeatsɔ xexemefiaɖuƒewo katã gɔ̃ hã nɛ. Abosam adze agbagba be yeazã mɔnu mawo tɔgbi be yeate mí akpɔ. Ðewohĩ atsɔ mɔnukpɔkpɔ dzroame siwo ana xexea me ƒe kesinɔnuwo, ŋusẽ, alo nɔƒe kɔkɔ nasu mía si la aɖo mía ŋkume. Gake aleke gbegbe míadze nunyae nye esi ne míedze Yesu ƒe kpɔɖeŋua yome helé nuteƒewɔwɔ na Mawu me ɖe asi eɖanye tetekpɔ ka kee wònye o! Gake ɖo ŋku edzi be Abosam dzo le Yesu gbɔ “hena ɣeyiɣi bubu si agasɔ nɛ.” (Luka 4:13) Abosam ate ŋu awɔ nu ɖe mía ŋu nenema ke, eya ta ele be míanɔ ŋudzɔ.