Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 5

Yesu Ƒe Subɔsubɔdɔa Ƒe Akpa Mamlɛa Le Yordan Ƒe Ɣedzeƒe

“Ame geɖewo xɔ edzi se.”—Yohanes 10:42

Yesu Ƒe Subɔsubɔdɔa Ƒe Akpa Mamlɛa Le Yordan Ƒe Ɣedzeƒe

LE AKPA SIA

TA 82

Subɔsubɔdɔ Si Yesu Wɔ Le Perea

Yesu gblɔ nu si hiã hafi ame siwo nɔ to ɖomee la nakpɔ ɖeɖe kple nu si tae ame geɖe makpɔ ɖeɖe o. Aɖaŋu si wòɖo la nɔ vevie ɣemaɣi. Ke egbea ya ɖe?

TA 83

Ame Kawoe Mawu Kpe Be Woava Ðu Nu Le Kplɔ̃ Ŋu?

Esi Yesu nɔ nu ɖum le Farisitɔ aɖe ƒe me la, ewɔ kpɔɖeŋu ku ɖe fiẽnuɖukplɔ̃ gã aɖe ŋu. Egblɔ nya si me nufiame vevi aɖe le na Mawu ƒe amewo katã. Nu kae nye nufiamea?

TA 84

Nu Ka Gbegbee Nusrɔ̃lanyenye Bia?

Agbanɔamedzi gãe wònye be ame nanye Yesu ƒe nusrɔ̃la. Yesu gblɔ nu si gbegbe esia bia la eme kɔ nyuie. Nya siwo wògblɔ la anya wɔ moyaa na ame siwo ava nye eyomedzelawo la dometɔ aɖewo.

TA 85

Dzidzɔkpɔkpɔ Le Nu Vɔ̃ Wɔla Si Trɔ Dzi Me La Ŋuti

Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒo nu tsi tre ɖe Yesu ŋu le esi wòde ha kple ame tsɛwo ta. Yesu do lowo na wo tsɔ ɖe ale si Mawu bua nu vɔ̃ wɔlawoe fia.

TA 86

Vi Búbu La Trɔ Gbɔ

Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe lododo si ku ɖe vi nudomegblẽlaa ŋu me?

TA 87

Dzra Ðo Ðe Etsɔme Ŋu—Dze Aɖaŋu

Yesu do lo ku ɖe aƒedzikpɔla mawɔnuteƒe aɖe si wɔ susu ŋu dɔ la tsɔ fia nyateƒe wɔnuku aɖe.

TA 88

Nɔnɔmeawo Trɔ Na Kesinɔtɔ La Kple Lazaro

Nu si akpe ɖe mía ŋu míase Yesu ƒe lododoa gɔmee nye be míade dzesi ame siwo kesinɔtɔ la kple Lazaro le tsitre ɖi na.

TA 89

Efia Nu Le Perea Esime Wòle Mɔ Dzi Yina Yudea

Ehe susu yi nɔnɔme aɖe si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsɔ ake ne wowɔ nu vɔ̃ ɖe mía ŋu enuenu gɔ̃ hã.

TA 90

“Tsitretsitsi La Kple Agbe La”

Nya si Yesu gblɔ be ame si xɔa ye dzi sena “maku akpɔ o” la gɔme ɖe?

TA 91

Wofɔ Lazaro Ðe Tsitre

Nudzɔdzɔ sia ƒe akpa vevi eve aɖewo wɔe be Yesu ƒe futɔwo gɔ̃ hã mate ŋu agblɔ be nukunu sia medzɔ o.

TA 92

Woda Gbe Le Anyidɔléla Ewo Ŋu, Gake Ðeka Koe Va Da Akpe

Ŋutsu si ŋu woda gbe le la da akpe na Yesu kple ame bubu hã.

TA 93

Amegbetɔvi La Aɖe Eɖokui Afia

Aleke Kristo ƒe anyinɔɣi la anɔ abe dzikedzo ene?

TA 94

Nuhiahiã Vevi Eve—Gbedodoɖa Kple Ðokuibɔbɔ

Le lo si Yesu do ku ɖe ahosi aɖe kple ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔa ŋu me la, ete gbe ɖe nɔnɔme aɖe ƒe vevienyenye dzi.

TA 95

Nufiafia Tso Srɔ̃gbegbe Kple Ðeviwo Lɔlɔ̃ Ŋu

Yesu ƒe nɔnɔme ɖe ɖeviwo ŋu to vovo sãa na eƒe nusrɔ̃lawo tɔ. Nu ka tae?

TA 96

Yesu Ðo Nya Ŋu Na Kplɔla Ðekakpui Kesinɔtɔ Aɖe

Nu kae na Yesu gblɔ be ele bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me wu be kesinɔtɔ nayi ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me?

TA 97

Waingblemedɔwɔlawo Ŋuti Lododoa

Aleke ame gbãtɔwo ava zu ame mlɔetɔwo eye ame mlɔetɔwo ava zu gbãtɔwo?

TA 98

Apostoloawo Gadi Nɔƒe Gã Ake

Yakobo kple Yohanes di ɖoƒe kɔkɔwo le Fiaɖuƒea me, gake menye woawo ɖeɖee o.

TA 99

Yesu Yɔ Dɔ Ŋkuagbãtɔwo Eye Wòkpe Ðe Zaxeo Ŋu

Biblia me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe gbedada le ŋkuagbãtɔ aɖe ŋu le afi si gogo Yeriko la dze abe ɖe wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ene, gake aleke míate ŋu ase wo gɔmee?

TA 100

Lo Si Wòdo Ku Ðe Mina Ewoawo Ŋuti

Nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be: “Ame sia ame si si nu le la, woatsɔ geɖe akpee nɛ, gake ame si si nu mele o la, woaxɔ nu si le esi la kura gɔ̃ hã le esi”?