Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 96

Yesu Ðo Nya Ŋu Na Kplɔla Ðekakpui Kesinɔtɔ Aɖe

Yesu Ðo Nya Ŋu Na Kplɔla Ðekakpui Kesinɔtɔ Aɖe

MATEO 19:16-30 MARKO 10:17-31 LUKA 18:18-30

  • KESINƆTƆ AÐE BIA NYA TSO AGBE MAVƆ ŊU

Yesu gale eƒe mɔzɔzɔa dzi to Perea nutoa me ɖo ta Yerusalem. Ðekakpui kesinɔtɔ aɖe ƒu du va dze klo ɖe eŋkume. Ðekakpuia nye “Yudatɔwo ƒe kplɔla,” eya ta ɖewohĩ enye ƒuƒoƒea dzi kpɔla, alo be enye Sanhedrin la me tɔ. Ebia Yesu be: “Nufiala Nyui, nu kae mawɔ be manyi agbe mavɔ la dome?”—Luka 8:41; 18:18; 24:20.

Yesu ɖo eŋu be: “Nu ka tae nèle yɔyem be ame nyui? Ame aɖeke menye ame nyui o, negbe ame ɖeka ko, eyae nye Mawu.” Anye be ɖekakpuia yɔ Yesu be “nyui” wònye dzesideŋkɔ si wotsɔ dea bubu ame ŋu abe ale si rabiwo wɔnɛ ene. Togbɔ be Yesu bi ɖe nufiafia me hã la, ena ɖekakpuia nya be le dzesideŋkɔ gome la, Mawu koe wòle be woayɔ be “Nyui.”

Yesu ɖo aɖaŋu nɛ be: “Ne èdi be yeayi ɖe agbe la me la, yi edzi nànɔ seawo dzi wɔm.” Eya ta ɖekakpuia bia be: “Kawo?” Yesu yɔ Se Ewoawo dometɔ atɔ̃ siwo ku ɖe amewuwu, ahasiwɔwɔ, fififi, aʋatsoɖaseɖiɖi kple ame dzilawo bubu ŋu. Eyome ehe susu yi sedede bubu si le vevie wu la dzi be: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”—Mateo 19:17-19.

Ðekakpuia ɖo eŋu be: “Mewɔa se siawo katã dzi; nu kae gasusɔ nam?” (Mateo 19:20) Anya se le eɖokui me be nu nyui ɖedzesi aɖe gali wòle be yeawɔ hafi adze na agbe mavɔ kpɔkpɔ. Esi Yesu kpɔ ale si gbegbe nyaa le vevie na ɖekakpuia la, ‘elɔ̃e.’ (Marko 10:21) Ke hã, mɔxenu aɖe nɔ ɖekakpuia ŋgɔ.

Ðekakpuia ƒe dzi ku ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu, eya ta Yesu gblɔ nɛ be: “Nu ɖeka susɔ na wò: Heyi nàdzra nu siwo le asiwò la, nàtsɔ ga la ana ame dahewo, eye kesinɔnu anɔ asiwò le dziƒo; eye nàva dze yonyeme.” Ɛ̃, ɖekakpuia ate ŋu atsɔ eƒe ga ana ame dahe siwo mate ŋu aɖo eteƒe nɛ o, eye wòava zu Yesu ƒe nusrɔ̃la. Gake etso hedzo kple nuxaxa boŋ, eye anɔ eme be eƒe nu wɔ nublanui na Yesu. Ale si ɖekakpuia ƒe dzi ku ɖe “nu geɖe” siwo le esi ŋu la gbã ŋku nɛ, si wɔe be mete ŋu kpɔ kesinɔnu vavãtɔ dze sii o. (Marko 10:21, 22) Yesu gblɔ be: “Aleke gbegbe wòasesẽ na ame siwo si ga le be woage ɖe Mawu Fiaɖuƒe la mee nye esi!”—Luka 18:24.

Nya mawo kple esi Yesu gagblɔ ɖe eyome la wɔ moyaa na eƒe nusrɔ̃lawo. Egblɔ be: “Le nyateƒe me la, ele bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me wu be kesinɔtɔ nayi ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me.” Esia wɔ nuku na eƒe nusrɔ̃lawo eye wobiae be: “Ekema ame ka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe?” Ðe ɖeɖekpɔkpɔ sesẽ ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu akpɔ agbe oa? Yesu kpɔ wo dũu heɖo eŋu na wo be: “Nu siwo manya wɔ le amegbetɔwo gbɔ o la, Mawu ya ate ŋu awɔe.”—Luka 18:25-27.

Petro ɖee fia be yewoɖe afɔ si to vovo na ɖekakpui kesinɔtɔ la tɔ esi wògblɔ be: “Kpɔ ɖa! Míegblẽ nuwo katã ɖi hedze yowòme; ke nu kae ava nye mía tɔ?” Yesu na wonya nu si ava do tso afɔ nyui si woɖe la me esi wògblɔ be: “Le nuwo gbugbɔwɔɣi, ne Amegbetɔvi la bɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui dzi la, mi ame siwo dze yonyeme hã mianɔ anyi ɖe fiazikpui wuieve dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel to wuieveawo.”—Mateo 19:27, 28.

Eme kɔ ƒãa be nuwo gbugbɔwɔɣi le etsɔme, esime woava ɖɔ nɔnɔmeawo ɖo le anyigba dzi wòanɔ abe ale si wònɔ le Eden-bɔa me ene lae Yesu wɔnɛ. Petro kple nusrɔ̃la bubuawo akpɔ teƒeɖoɖo ne wova le dzi ɖum kple Yesu ɖe anyigba dzi Paradiso ma dzi, eye teƒeɖoɖo sia lolo wu nu sia nu si wotsɔ sa vɔe!

Gake menye etsɔme koe woakpɔ teƒeɖoɖowo o. Eƒe nusrɔ̃lawo le viɖea ƒe ɖewo kpɔm fifia gɔ̃ hã. Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke meli, si gblẽ aƒe alo srɔ̃nyɔnu alo nɔviŋutsuwo alo dzilawo alo viwo ɖi le Mawu Fiaɖuƒe la ta, si makpɔ wo ɖe eteƒe zi geɖe le ɣeyiɣi sia me, eye wòakpɔ agbe mavɔ le nuɖoanyi si gbɔna la me o.”—Luka 18:29, 30.

Ɛ̃, afi sia afi si eƒe nusrɔ̃lawo ayi la, woate ŋu ase vivi na hadede kple wo hati tadeagulawo le ƒomedodo si le kplikplikpli eye asixɔxɔ le eŋu wu esi le woawo kple woƒe ƒometɔ kpamkpamwo gɔ̃ hã dome la me. Nublanuitɔe la, edze abe yayra ma kpakple Mawu Fiaɖuƒea dome nyinyi le dziƒo ƒe teƒeɖoɖoa to ɖekakpui kesinɔtɔ ma ŋu ene.

Yesu gblɔ kpee be: “Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo azu mlɔetɔwo, eye mlɔetɔwo azu gbãtɔwo.” (Mateo 19:30) Eƒe nyaa gɔme ɖe?

Ðekakpui kesinɔtɔ si nye kplɔla la le ame “gbãtɔwo” dome, le esi wònye Yudatɔwo ƒe kplɔlawo dometɔ ɖeka ta. Esi wòléa Mawu ƒe sewo me ɖe asi ta la, mɔnukpɔkpɔ aʋu ɖi nɛ be wòawɔ geɖe hafi, eye woabia nu geɖe tso esi hã. Ke hã, kesinɔnuwo kple nunɔamesiwoe va nye nu vevitɔ nɛ le agbe me. Gake dukɔa me tɔ tsɛwo ya de dzesii be Yesu ƒe nufiafiawoe nye nyateƒea eye wokplɔa ame dana ɖe agbemɔ la dzi. Le mɔ aɖe nu la, woawoe nye “mlɔetɔwo” hafi, gake fifia woawoe va le “gbãtɔwo” zum. Woate ŋu akpɔ mɔ be yewoava nɔ fiazikpuiwo dzi kple Yesu le dziƒo ahaɖu anyigba dzi Paradiso la dzi.