Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 97

Waingblemedɔwɔlawo Ŋuti Lododoa

Waingblemedɔwɔlawo Ŋuti Lododoa

MATEO 20:1-16

  • WAINGBLEMEDƆWƆLA “MLƆETƆWO” VA ZU “GBÃTƆWO”

Ðeko Yesu gblɔ na ame siwo nɔ to ɖomee le Perea la be “ame geɖe siwo nye gbãtɔwo azu mlɔetɔwo, eye mlɔetɔwo azu gbãtɔwo” vɔ koe nye esia. (Mateo 19:30) Edo lo aɖe ku ɖe waingblemedɔwɔlawo ŋu tsɔ te gbe ɖe nya ma dzi ale:

“Dziƒofiaɖuƒe la le abe aƒetɔ aɖe si do go ŋdi kanya be yeaɖadi apatɔwo woawɔ dɔ le yeƒe waingble me ene. Esi wòƒo asi kple dɔwɔlawo eye wolɔ̃ be wòaxe denario ɖeka na yewo ŋkeke ɖeka vɔ la, eɖo wo ɖe eƒe waingble la me. Esi wògado go le gaƒoƒo etɔ̃lia me lɔƒo la, ekpɔ ame bubuwo le tsitre ɖe asi me siwo mele dɔ aɖeke wɔm o; eye wògblɔ na wo be: ‘Miawo hã miyi waingble la me, eye maxe fe si dze la na mi.’ Eya ta woyi. Egado go le gaƒoƒo adelia kple asiekelia me lɔƒo, eye wòwɔ nenema ke. Mlɔeba le gaƒoƒo wuiɖekɛlia me lɔƒo la, edo go, eye wòkpɔ ame bubuwo le tsitre ɖi, eye wòbia wo be, ‘Nu ka tae miele tsitre ɖe afi sia ŋkeke bliboa katã dɔ aɖeke mawɔmawɔe?’ Woɖo eŋu nɛ be: ‘Elabena ame aɖeke metsɔ mí be míawɔ dɔ na ye o.’ Egblɔ na wo be: ‘Miawo hã miyi waingble la me.’”—Mateo 20:1-7.

Anɔ eme be esi Yesu ƒo nu tso “Dziƒofiaɖuƒe la” kple ‘aƒetɔa’ ŋu la, eƒe nyaselawo ƒe susu ayi Yehowa Mawu dzi. Le Ŋɔŋlɔawo me la, woɖɔ Yehowa abe waingbletɔ ene, eye waingble lae nye Israel dukɔa. (Psalmo 80:8, 9; Yesaya 5:3, 4) Wotsɔ ame siwo le Se ƒe nubablaa te la sɔ kple dɔwɔla siwo le waingblea me. Menye nu si dzɔ va yi ŋue Yesu nɔ kpɔɖeŋu wɔm le o. Nɔnɔme si nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la ɖɔmee wònɔ.

Subɔsubɔhakplɔlawo, abe Farisitɔwo ene, siwo dze agbagba be yewoado Yesu kpɔ ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ le srɔ̃gbegbe ƒe nyaa gome la ŋue míate ŋu agblɔ le be wole dɔ dzi ɖaa le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me. Wole ko abe ame siwo wɔ dɔ ŋkeke bliboa, siwo le mɔ kpɔm be yewoaxɔ denario ɖeka, si nye ŋkeke blibo ƒe fetu la ene.

Nunɔlawo kple ame bubu siwo le ɖoƒe mawo tɔgbi la bua Yudatɔ bubuawo be womele Mawu subɔm bliboe o, eya ta wole abe ame siwo mewɔ dɔ ŋkeke blibo o le Mawu ƒe waingblea me ene. Le Yesu ƒe lododoa me la, woawoe nye ame siwo wodɔ ɖe agblea me le “gaƒoƒo etɔ̃lia me lɔƒo” (ŋdi ga 9) alo emegbe le ŋkekea me le gaƒoƒo adelia, asiekelia kple wuiɖekɛlia me (ɣetrɔ ga 5).

Wobua ŋutsu kple nyɔnu siwo dzea Yesu yome la be wonye ‘fiƒodemewo.’ (Yohanes 7:49) Lãɖelawo kple apadɔ bubu wɔlawoe wonye le woƒe agbemeŋkeke akpa gãtɔ me. Ke le ƒe 29 K.Ŋ. ƒe kele me la, “waingbletɔa” dɔ Yesu be wòaɖayɔ ame tsɛ siawo be woava zu Kristo ƒe nusrɔ̃la siwo awɔ dɔ na Mawu. Woawoe nye ame “mlɔetɔ” siwo ŋu Yesu gblɔ le be wova wɔ dɔ le waingblea me le gaƒoƒo wuiɖekɛlia me.

Le Yesu ƒe lododoa nu wuwu me la, egblɔ nu si dzɔ esi wowu dɔa nu le ŋkekea ƒe nuwuwu ale: “Esi fiẽsi ɖo la, waingbletɔa gblɔ na eƒe nuwo dzi kpɔla be, ‘Yɔ dɔwɔlawo nàxe fe na wo, eye nàdze egɔme tso ame mlɔetɔwo dzi va se ɖe gbãtɔwo dzi.’ Esi gaƒoƒo wuiɖekɛlia me tɔwo va la, wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ denario ɖeka. Eya ta esi ame gbãtɔwo va la, wosusu be yewoaxɔ wòasɔ gbɔ wu, ke woxe denario ɖekaɖeka na woawo hã. Esi woxɔe la, woto nyatoƒoe le aƒetɔ la ŋu be: ‘Ame mlɔetɔ siawo wɔ dɔ gaƒoƒo ɖeka ko; ke èna wosɔ kple mí ame siwo kpe fu wɔ dɔ sesĩe le ŋdɔgbe ŋkeke bliboa katã!’ Ke eɖo eŋu na wo dometɔ ɖeka be: ‘Xɔ̃, nyemedze agɔ le dziwò o ɖe. Denario ɖeka dzie nye kpli wò míelɔ̃ ɖoe? Xɔ tɔwò nàdzo. Melɔ̃ be maxe fe na ame mlɔetɔ siawo abe ale si mexee na wòe ene. Ðe nyemekpɔ mɔ azã nye ŋutɔ nye nuwo ale si melɔ̃ oa? Alo nyui si mewɔ lae na nèle ŋu ʋãma?’ Aleae mlɔetɔwo azu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo azu mlɔetɔwo.”—Mateo 20:8-16.

Nusrɔ̃lawo anya nɔ nu si Yesu ƒe lododoa ƒe akpa mamlɛa fia la ŋu bum. Aleke Yuda subɔsubɔhakplɔla siwo bua wo ɖokuiwo ame “gbãtɔwo” la ava zu “mlɔetɔwo”? Eye aleke Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ava zu “gbãtɔwo”?

Yesu ƒe nusrɔ̃lawo, siwo Farisitɔwo kple ame bubuwo buna ame “mlɔetɔwo” la ava zu ame “gbãtɔwo,” eye woaxɔ fetu blibo. Le Yesu ƒe ku megbe la, woagbe nu le anyigba dzi Yerusalem la gbɔ, eye Mawu atia dukɔ yeye, si nye “Mawu ƒe Israel la.” (Galatiatɔwo 6:16; Mateo 23:38) Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa he susu yi dukɔ yeye ma me tɔwo dzi esi wòƒo nu tso ɣeyiɣi si me woava tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe anyrɔ amewo la ŋu. Ame siwo nye “mlɔetɔwo” hafi lae ava nye ame gbãtɔ siwo woanyrɔ nenema, eye woana mɔnukpɔkpɔ wo be woava zu Yesu ƒe ɖasefowo “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:5, 8; Mateo 3:11) Ne nusrɔ̃lawo se tɔtrɔ gã si le ŋgɔ si ŋu Yesu le nu ƒom tsoe gɔme nyuie la, ekema woakpɔe be yewoƒe nu gbɔna dɔme ve ge na subɔsubɔhakplɔla siwo ava nye “mlɔetɔwo” la vevie.