Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 94

Nuhiahiã Vevi Eve—Gbedodoɖa Kple Ðokuibɔbɔ

Nuhiahiã Vevi Eve—Gbedodoɖa Kple Ðokuibɔbɔ

LUKA 18:1-14

  • AHOSI SI MENA TA O ŊUTI LODODOA

  • FARISITƆ KPLE ADZƆXƆLA LA

Yesu do lo na eƒe nusrɔ̃lawo ku ɖe ale si wòle be woanɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe ŋu va yi. (Luka 11:5-13) Anye be Samaria alo Galilea ye wòle fifia, eye egate gbe ɖe ale si wòle vevie be woagana ta le gbedodoɖa me o la dzi. Ewɔ esia to lo bubu si wògado na wo la dzi ale:

“Ʋɔnudrɔ̃la aɖe le du aɖe me, si mevɔ̃a Mawu o, eye mebua ame hã o. Ke ahosi aɖe hã le du ma me, si yia egbɔ enuenu gblɔna nɛ be, ‘Drɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nam le nye kple ame si tsɔ nya ɖe ŋunye la dome.’ Ke melɔ̃ be yeakpe ɖe eŋu o hena ɣeyiɣi aɖe, gake emegbe la, egblɔ na eɖokui be, ‘Togbɔ be nyemevɔ̃a Mawu o, eye nyemebua ame aɖeke o hã la, esi ahosi sia le fu ɖem nam ɣesiaɣi ta la, mana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ, ale be wòaganɔ vavam ahatsɔ eƒe nubiabiawo anɔ fu ɖem nam atraɖii o.’”—Luka 18:2-5.

Yesu gblɔ nufiame si le lododoa me ale: “Togbɔ be ame madzɔmadzɔe ʋɔnudrɔ̃la sia nye hã la, miese nya si wògblɔ ɖe! Ekema ɖe Mawu mana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na eƒe ame tiatia siwo le ɣli dom nɛ zã kple keli, esi wògbɔ dzi ɖi blewu na wo oa?” (Luka 18:6, 7) Nu ka fiam Yesu le tso Fofoa ŋu le lododo sia me?

Eme kɔ ƒãa be Yesu ƒe nyawo mefia be Yehowa Mawu le abe ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ ma ene o. Vovototo si le Mawu kple ʋɔnudrɔ̃laa dome dzie wònɔ susu hem yi be: Ne ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ si nye amegbetɔ gɔ̃ hã atso ɖe kukuɖeɖe madzudzɔmadzudzɔe ŋu la, ekema ɖikeke mele eme o be Mawu ya awɔe geɖe wu. Enye Mawu dzɔdzɔe kple nu nyui wɔla si atɔ na eƒe amewo ne womena ta le gbedodoɖa me o. Esia dze ƒãa le nya si Yesu gblɔ kpee me be: “Mele egblɔm na mi be, [Mawu] ana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na wo kaba.”—Luka 18:8.

Zi geɖe la, womedrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe na ame tsɛwo kple hiãtɔwo o, ke wovea ame ŋkutawo kple kesinɔtɔwo ya nu. Gake Mawu ya mele nenema o. Le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la, awɔ nu si dzɔ, si nye be akpɔ egbɔ be wohe to na ame vɔ̃ɖiwo, eye wòana agbe mavɔ esubɔlawo.

Ame kawo sie xɔse le abe ahosi la ene? Ame nenie xɔe se vavã be Mawu “ana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na [yewo] kaba”? Ðeko Yesu do lo ku ɖe ale si wòhiã be woanɔ gbedodoɖa dzi ŋu vɔ koe nye ema. Azɔ le ale si wòle be woaxɔe ase be ŋusẽ le gbedodoɖa ŋu gome la, ebia be: “Ne Amegbetɔvi la va ɖo la, ɖe wòakpɔ xɔse sia tɔgbi le anyigba dzi vavãa?” (Luka 18:8) Eƒe nyaa fia be ate ŋu adzɔ be xɔse ma tɔgbi mabɔ le Kristo ƒe vavaɣi o.

Ame siwo ka ɖe wo ɖokui dzi be xɔse le yewo si la le ame siwo nɔ to ɖom Yesu la dome. Wobua wo ɖokui ame dzɔdzɔewo, eye womebua ame bubuwo ɖe ɖeke me o. Eya ta Yesu do lo sia na wo be:

“Ame eve yi gbedoxɔ me be yewoado gbe ɖa, ame ɖeka nye Farisitɔ, eye evelia nye adzɔxɔla. Farisitɔ la le tsitrenu, eye wòdo gbe ɖa le tame be, ‘Oo Mawu, meda akpe na wò be nyemele abe ame bubuawo—adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo—alo adzɔxɔla sia gɔ̃ hã ene o. Metsia nu dɔna zi eve le kwasiɖa ɖeka me; menaa nu siwo katã mekpɔ la ƒe ewolia.’”—Luka 18:10-12.

Amewo nya Farisitɔwo nyuie be wowɔa nu abe ame dzɔdzɔewo ene le dutoƒo. Wowɔa esia be yewoƒe nu nawɔ dɔ ɖe amewo dzi. Ŋkeke siwo wotia na wo ɖokui hena nutsitsidɔ lae nye Dzoɖagbewo kple Yawoɖagbewo, siwo nye asigbewo, ale be ame geɖe wu nakpɔ yewo. Eye wodzɔa gbe suetɔ kekeake ƒe ewolia pɛpɛpɛ. (Luka 11:42) Ɣleti ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la, ale si wodoa vlo ame tsɛwoe la dze kɔtɛ esi wogblɔ be: “Fiƒodemewoe ameha sia si menya Se la o [le Farisitɔwo ƒe susu nu] la nye.”—Yohanes 7:49.

Yesu yi lododoa dzi be: “Gake adzɔxɔla ya le tsitre ɖe adzɔge ke, eye medi be yeawu mo dzi teti hã akpɔ dziƒo o, ke boŋ ele akɔta ƒom le gbɔgblɔm be, ‘Oo, Mawu, kpɔ nublanui na nye, ame si nye nu vɔ̃ wɔla.’” Ɛ̃, adzɔxɔlaa lɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be nu vɔ̃ wɔlae yenye. Yesu ƒo eƒe lododoa ta ale: “Mele egblɔm na mi be, ame sia trɔ yi aƒe me, eye wobui ame dzɔdzɔe wu Farisitɔ ma. Elabena ame sia ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, ke ame si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.”—Luka 18:13, 14.

Yesu to esia dzi nɔ gbe tem ɖe ɖokuibɔbɔ ƒe vevienyenye dzi. Nufiame vevi aɖe le nya mawo me na eƒe nusrɔ̃la siwo tsi le nuto si me Farisitɔ siwo bua wo ɖokuiwo ame dzɔdzɔewo eye ɖoƒe kple ŋkɔxɔxɔ nɔa vevie na wo le la me. Eye enye nufiame vevi aɖe na Yesu yomedzelawo katã hã.