Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 88

Nɔnɔmeawo Trɔ Na Kesinɔtɔ La Kple Lazaro

Nɔnɔmeawo Trɔ Na Kesinɔtɔ La Kple Lazaro

LUKA 16:14-31

  • KESINƆTƆ LA KPLE LAZARO ŊUTI LODODOA

Yesu na nuxlɔ̃ame nyuiwo eƒe nusrɔ̃lawo tso ale si woazã kesinɔnuwoe ŋu. Gake menye eƒe nusrɔ̃lawo koe nɔ to ɖomee o. Farisitɔwo hã nɔ eteƒe, eye ele be woawo hã woawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi. Nu ka tae? Elabena wonye “galɔ̃lawo.” Esi wose nya siwo gblɔm Yesu nɔ la, ‘woɖu fewu le eŋu.’—Luka 15:2; 16:13, 14.

Gake esia mena Yesu vɔ̃ o. Egblɔ na wo be: “Miewɔa mia ɖokuiwo ame dzɔdzɔewo le amewo ŋkume, gake Mawu nya nu si le miaƒe dziwo me. Elabena nu si amegbetɔwo buna nu kɔkɔ la nye ŋunyɔnu le Mawu ya ŋkume.”—Luka 16:15.

‘Amewo doa kɔkɔ’ Farisitɔwo ɣeyiɣi didi aɖee nye ema, gake ɣeyiɣia de azɔ be nuwo natrɔ bubui kura. Ɣeyiɣia de be woabɔbɔ ame siwo wodo ɖe dzi siwo nye kesinɔtɔwo le nunɔamesiwo, dunyaheŋusẽ, kple subɔsubɔnyawo gome la ɖe anyi. Ke woado ame tsɛ siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo ya ɖe dzi. Yesu na eme kɔ ƒãa be tɔtrɔ gã aɖe le edzi yim esi wògblɔ be:

“Woɖe gbeƒã Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo va se ɖe Yohanes dzi. Tso ekema dzi la, wole gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe la ŋuti nya nyui la, eye amewo katã ƒomevi le ʋiʋlim be yewoayi ɖe eme. Vavãe, ele bɔbɔe be dziƒo kple anyigba nu nava yi wu be Se la ƒe ŋɔŋlɔdzesi ɖeka nado kpo emevava.” (Luka 3:18; 16:16, 17) Aleke Yesu ƒe nyawo ɖee fia be tɔtrɔ aɖe le edzi yim?

Yuda subɔsubɔhakplɔlawo gblɔna dadatɔe be yewoléa Mose ƒe Sea me ɖe asi. Ðo ŋku edzi be esi Yesu ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ aɖe le Yerusalem la, Farisitɔwo ƒo adegbe be: “Míawo ya Mose ƒe nusrɔ̃lawo míenye. Míenya be Mawu ƒo nu kple Mose.” (Yohanes 9:13, 28, 29) Taɖodzinu si nɔ Mose ƒe Sea ŋu dometɔ ɖekae nye be wòakplɔ ɖokuibɔbɔlawo ayi Mesia la, si nye Yesu gbɔ. Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa na amewo nya be Yesu ye nye Mawu ƒe Alẽvi la. (Yohanes 1:29-34) Tso esime Yohanes dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme la, Yudatɔ ɖokuibɔbɔlawo, vevietɔ ame dahewo, le “Mawu Fiaɖuƒe la” ŋuti nya la sem. Ɛ̃, “nya nyui” li na ame siwo katã le didim be yewoanye Mawu Fiaɖuƒea tevi siwo Fiaɖuƒe ma aɖe vi na.

Taɖodzinu si le Mose ƒe Sea ŋu la medo kpo emevava o, elabena ekplɔ amewo yi Mesia la gbɔe. Gawu la, agba si le amewo dzi be woawɔ edzi la le enu wum. Le kpɔɖeŋu me, Sea ɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe ɖe susu vovovowo ta ŋu, gake fifia Yesu ɖe eme be “ame sia ame si gbe srɔ̃a heɖe bubu la, ewɔ ahasi, eye ŋutsu si ɖe nyɔnu si srɔ̃a gbe la wɔ ahasi.” (Luka 16:18) Aleke gbegbe nya mawo aku dzi na Farisitɔ siwo lɔ̃a sedede ɖe nu sia nu ŋu lae nye esi!

Azɔ Yesu do lo aɖe si ɖe ale si gbegbe tɔtrɔ si gbɔna la loloe fia. Eku ɖe ŋutsu eve siwo ƒe ɖoƒe alo nɔnɔme trɔ bubui kura la ŋu. Le lododoa me dzodzro me la, ɖo ŋku edzi be Farisitɔ galɔ̃la siwo amewo dona ɖe dzi la nɔ nyaselawo dome.

Yesu gblɔ be: “Ŋutsu kesinɔtɔ aɖe nɔ anyi, eye wòdoa awu xɔasi kple aklala biɖibiɖi wu, eye wòɖua agbe ŋutɔ gbe sia gbe. Eye wokɔa nubiala aɖe si ŋkɔe nye Lazaro, ame si ŋuti yɔ fũu kple abiwo la, va dana ɖe eƒe agbo nu, eye wòdina be yeaɖu nu siwo le dudum tso kesinɔtɔa ƒe kplɔ̃ dzi. Ɛ̃, avuwo gɔ̃ hã va ɖuɖɔa eƒe abiawo me.”—Luka 16:19-21.

Farisitɔwo nye galɔ̃lawo, eya ta ɖe ɖikeke aɖe le ame si “kesinɔtɔ” la tsi tre ɖi na le Yesu ƒe lododoa me ŋua? Yuda subɔsubɔhakplɔla siawo hã lɔ̃a awu nyui xɔasiwo dodo. Eye tsɔ kpe ɖe kesinɔnu ŋutɔŋutɔ siwo le wo si ŋu la, wodzena abe kesinɔtɔwo ene hã le ɖoƒe siwo wole kple mɔnukpɔkpɔ siwo su wo si ta. Ɛ̃, awu xɔasi la tsi tre ɖi na amenuvevenɔƒe si wole, eye aklala biɖibiɖi wu la tsi tre ɖi na ale si wobu wo ɖokuiwo ame dzɔdzɔewoe.—Daniel 5:7.

Aleke hakplɔla kesinɔtɔ mawo siwo doa wo ɖokui ɖe dzi la bua ame tsɛ daheawoe? Wodoa vlo wo heyɔa wo be amharet-wo, si fia ame siwo le anyigba, siwo menya Se la o eye mele be woafia wo hã o. (Yohanes 7:49) Esia ɖe nɔnɔme si me ‘nubiala si ŋkɔe nye Lazaro,’ si dina be yeaɖu “nu siwo le dudum tso kesinɔtɔa ƒe kplɔ̃ dzi” nɔ la fia. Abe ale si ko abiwo yɔ Lazaro ŋu fũu ene la, wodoa vlo ame tsɛwo, abe ke ɖe wonye dɔnɔwo le gbɔgbɔ me ene.

Nɔnɔme wɔnublanui ma li ɣeyiɣi aɖee nye ema, gake Yesu nya be ɣeyiɣia de be nuwo natrɔ kura na ame siwo kesinɔtɔ la kple Lazaro le tsitre ɖi na la.

NƆNƆMEAWO TRƆ NA KESINƆTƆ LA KPLE LAZARO

Yesu yi edzi ƒo nu tso tɔtrɔ gã aɖe si va la ŋu. Egblɔ be: “Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nubialaa ku, eye mawudɔlawo kɔe yi Abraham gbɔ. Kesinɔtɔ la hã ku, eye woɖii. Ke esi wòle Tsiẽƒe hele fu kpem vevie la, ewu mo dzi, eye wòkpɔ Abraham ɖa ʋĩi, eye Lazaro le egbɔ.”—Luka 16:22, 23.

Ame siwo nɔ to ɖom Yesu la nyae be Abraham ku xoxoxo eye wòle Tsiẽƒe. Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ be ame siwo katã le Tsiẽƒe, siwo dome Abraham hã le, la mate ŋu akpɔ nu alo aƒo nu o. (Nyagblɔla 9:5, 10) Ekema aleke subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ to ɖom Yesu ƒe lododoa ase egɔmee? Nya ka gblɔmee wònɔ tso ame tsɛwo kple subɔsubɔhakplɔla galɔ̃lawo ŋu?

Ðeko Yesu he susu yi tɔtrɔ aɖe dzi koe nye ema esi wògblɔ be ‘woɖe gbeƒã Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo va se ɖe Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa dzi, gake tso ekema dzi la, wole gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe la ŋuti nya nyui la.’ Eya ta gɔmesese si nu Lazaro kple kesinɔtɔ la ku le la do ƒome kple gbeƒãɖeɖedɔ si Yohanes kple Yesu Kristo wɔ, eye woku le gɔmesesea nu be nɔnɔmeawo va trɔ le ale si Mawu bua woe me.

Ame tsɛwo alo ame daheawo koŋue gbɔgbɔmedɔ wu ɣeyiɣi didi aɖe. Gake azɔ wole to ɖom Fiaɖuƒe ŋuti gbedeasi si Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa ɖe gbeƒãe gbã eye Yesu va yi edzi la, eye wòle vi ɖem na wo. Tsã la, nuɖuɖu wuwlui ‘siwo duduna tso’ subɔsubɔhakplɔlawo ƒe gbɔgbɔmekplɔ̃a dzi la nue wonɔa agbe ɖo. Gake fifia ya wotsɔ Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe xɔasiwo, vevietɔ nya nyui siwo me ɖem Yesu nɔ la le wo nyim. Woawoe va le amenuvevenɔƒe le Yehowa Mawu ŋkume azɔ.

Gake subɔsubɔhakplɔla kesinɔtɔ siwo le ɖoƒe kɔkɔ la gbe Fiaɖuƒegbedeasi si Yohanes ɖe gbeƒãe si Yesu hã le gbeƒã ɖemee le nuto ma katã me la xɔxɔ. (Mateo 3:1, 2; 4:17) Le nyateƒe me la, gbedeasi ma si ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ si atso Mawu gbɔ ava wo dzi ŋu la kua dzi na wo, alo wɔa fu wo abe dzo ene. (Mateo 3:7-12) Gbɔdzɔe ye wòanye na subɔsubɔhakplɔla galɔ̃la mawo nenye be Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo na ta le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe gbedeasia me. Hakplɔla mawo le tsitre ɖi na kesinɔtɔ si le lododoa me, ame si gblɔ be: “Fofo Abraham, kpɔ nublanui nam, eye nàdɔ Lazaro ɖa be wòatsɔ eƒe asibidɛ nu atɔ tsi me ava ge ɖe aɖe dzi nam, elabena mele veve sem helĩhelĩ le dzobibi gã sia me.”—Luka 16:24.

Gake Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo mana ta o. Subɔsubɔhakplɔla akpa gãtɔ matrɔ o. Wogbe toɖoɖo “Mose kple Nyagblɔɖilawo,” evɔ ɖe wòle be woƒe nuŋlɔɖiawo nana woakpɔe be Yesu ye nye Mesia kple Fia si Mawu tia la hafi. (Luka 16:29, 31; Galatiatɔwo 3:24) Azɔ hã, womebɔbɔa wo ɖokui be ame dahe mawo siwo xɔ Yesu eye woƒe nu dze Mawu ŋu azɔ la nafia nu wo o. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hã mana ta le nyateƒea fiafia me alo atɔ tsii be yewoƒe nu nadze subɔsubɔhakplɔlawo ŋu ne woakpɔ gbɔdzɔe o. Le Yesu ƒe lododoa me la, esia ƒe nyateƒenyenye dze le nya si “Fofo Abraham” gblɔ na kesinɔtɔ la me be:

“Vinye, ɖo ŋku edzi be èxɔ wò nu nyuiwo katã le wò agbe me, gake Lazaro ya xɔ vɔ̃awo. Azɔ ekpɔ akɔfafa le afi sia, ke wò ya èle fu kpem. Gawu la, ʋe globo aɖe hã le mía kple miawo dome, ale be, ame siwo di be yewoatso afi sia ava mia gbɔ la mate ŋui o, eye ame aɖeke mate ŋu atso afi ma hã ava mía gbɔ o.”—Luka 16:25, 26.

Aleke gbegbe wòsɔe nye esi be tɔtrɔ gã sia va! Nɔnɔmea va trɔ kura na subɔsubɔhakplɔla dadalawo kple ame tsɛ siwo bɔbɔ ɖe Yesu ƒe kɔkuti te eye fifia wokpɔ gbɔdzɔe heɖi ƒo le gbɔgbɔ me la. (Mateo 11:28-30) Tɔtrɔ sia agava ɖe dzesi wu le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe ne nubabla yeyea va xɔ ɖe Se ƒe nubabla la teƒe. (Yeremiya 31:31-33; Kolosetɔwo 2:14; Hebritɔwo 8:7-13) Ne Mawu kɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖi le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, eme ava kɔ ƒãa be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋue Mawu kpɔa ŋudzedze ɖo, ke menye Farisitɔwo kple hakplɔla bubu siwo dea wo dzi la o.