Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 90

“Tsitretsitsi La Kple Agbe La”

“Tsitretsitsi La Kple Agbe La”

YOHANES 11:17-37

  • YESU VA ÐO LE LAZARO ƑE KU MEGBE

  • “TSITRETSITSI LA KPLE AGBE LA”

Yesu tso Perea va ɖo Betania gbɔto; kɔƒe sia le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe, eye wòdidi tso egbɔ abe kilometa etɔ̃ ene. Maria kple Marta, siwo nye Lazaro nɔvinyɔnuwo la le wo nɔvi si ku eteƒe medidi o la fam. Ame geɖe va be yewoafa akɔ na wo.

Ame aɖe va gblɔ na Marta be Yesu le mɔ dzi gbɔna, eya ta Marta wɔ kaba yi ɖakpee. Egblɔ nu si anya nɔ susu me na eya kple nɔvianyɔnua ŋkeke enee nye ema la na Yesu be: “Aƒetɔ, ne ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.” Gake esia mefia be mɔkpɔkpɔ bu ɖe Marta o. Egblɔ be: “Menya be nu sia nu si nàbia Mawu la, Mawu ana wò.” (Yohanes 11:21, 22) Ese le eɖokui me be Yesu agate ŋu akpe ɖe ye nɔviŋutsua ŋu kokoko.

Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nɔviwò la atsi tsitre.” Marta ƒo nya ta be tsitretsitsi si ava le etsɔme, si Abraham kple ame bubuwo kpɔ mɔ na la ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe. Eye egblɔ nu si fia be exɔe se be esia ava eme godoo la ale: “Menya be afɔ le tsitretsitsi la me le ŋkeke mlɔetɔ dzi.”—Yohanes 11:23, 24.

Gake ɖe Yesu ate ŋu awɔ nane tso nɔnɔmea ŋu le gaƒoƒo ma mea? Eɖo ŋku edzi na Marta be Mawu na ŋusẽ ye ɖe ku dzi esi wògblɔ be: “Ame si xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, agagbɔ agbe; eye ame sia ame si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o.”—Yohanes 11:25, 26.

Yesu menɔ gbɔgblɔm be yeƒe nusrɔ̃la siwo nɔ agbe ɣemaɣi la maku akpɔ o. Ele be eya ŋutɔ gɔ̃ hã naku, abe ale si wògblɔe na eƒe apostoloawo do ŋgɔe ene. (Mateo 16:21; 17:22, 23) Yesu nɔ gbe tem ɖe edzi be ye dzi xɔxɔ se ate ŋu ana ame nakpɔ agbe mavɔ. Le ame geɖe gome la, agbe mavɔa asu wo si to tsitretsitsi la dzi. Ke hã mahiã be nuteƒewɔla siwo le agbe le nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la dometɔ aɖewo naɖɔ ku akpɔ o. Le go eveawo katã me la, ame sia ame si xɔa edzi sena la ate ŋu aka ɖe edzi be yemaku ɖikaa o.

Gake ɖe Yesu, ame si gblɔ fifi laa be “nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la” ate ŋu akpe ɖe Lazaro si ku ŋkeke enee nye ema la ŋua? Yesu bia Marta be: “Èxɔ esia dzi sea?” Eɖo eŋu be: “Ɛ̃, Aƒetɔ, mexɔe se be wòe nye Kristo la, Mawu ƒe Vi si gbɔna xexea me.” Marta, si xɔe se be Yesu ate ŋu awɔ nane gbe ma gbe ke la ƒu du yi aƒe me ɖagblɔ na nɔvianyɔnua ɖeɖe dzaa be: “Nufiala la va, eye ele yɔwòm.” (Yohanes 11:25-28) Ale Maria do go le aƒea me, kasia ame bubuwo dze eyome le esi wosusui be eyina Lazaro ƒe yɔdoa to ta.

Menye yɔdoa toe Maria yi o, ke boŋ eyi Yesu gbɔ ɖabɔbɔ ɖe eƒe afɔnu kple avi hegblɔ nya siwo nɔvianyɔnua gblɔ va yi la be: “Aƒetɔ, ne ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.” Esi Yesu kpɔ ale si Maria kple ameawo le avi fam la, eɖe hũ, exa nu vevie eye wòfa avi gɔ̃ hã. Esia wɔ dɔ ɖe eteƒekpɔlawo dzi. Ke hã ame aɖewo gblɔ be: ‘Ne Yesu te ŋu ʋu ŋku na ame si wodzi ŋkuagbãtɔe la, ɖe mate ŋu axe mɔ ɖe ame sia ƒe ku nu oa?’—Yohanes 11:32, 37.