Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 93

Amegbetɔvi La Aɖe Eɖokui Afia

Amegbetɔvi La Aɖe Eɖokui Afia

LUKA 17:20-37

  • MAWU FIAÐUƑE LA LE WO DOME

  • ALEKE NƆNƆMEA ANƆ NE YESU ÐE EÐOKUI FIA?

Yesu gakpɔtɔ le Samaria alo Galilea. Farisitɔwo va bia nyae ku ɖe Fiaɖuƒea ƒe vava si woawo susu be ava le atsyɔ̃ɖoɖo gã kple aglotutu me la ŋu. Gake Yesu gblɔ be: “Mawu Fiaɖuƒe la mava ame sia ame nakpɔ gaglãa o, eye amewo magblɔ be, ‘Ele afii!’ alo ‘Afi mɛ!’ o. Elabena kpɔ ɖa, Mawu Fiaɖuƒe la le mia dome.”—Luka 17:20, 21.

Ame aɖewo asusu be Yesu le gbɔgblɔm be Fiaɖuƒea le dzi ɖum le Mawu subɔlawo ƒe dzi me. Gake menye nenemae o, elabena Fiaɖuƒea mele Farisitɔ mawo siwo Yesu nɔ nu ƒom na la ƒe dziwo me o. Ke hã Fiaɖuƒea le wo dome, elabena Yesu, ame si Mawu tia be wòanye Fia le Mawu Fiaɖuƒea me la le wo dome ɣemaɣi.—Mateo 21:5.

Anye be esi Farisitɔwo dzo vɔe Yesu gblɔ nya bubuwo na eƒe nusrɔ̃lawo ku ɖe Fiaɖuƒea ƒe vava ŋu. Exlɔ̃ nu wo gbã ku ɖe eƒe anyinɔɣi le Fiaɖuƒeŋusẽ me ŋu be: “Ŋkekewo li gbɔna, esime miadi be yewoakpɔ Amegbetɔvi la ƒe ŋkekeawo dometɔ ɖeka, gake miakpɔe o.” (Luka 17:22) Yesu ƒe nya mawo nɔ eɖem fia be etsɔmee Amegbetɔvi la aɖu dzi le Fiaɖuƒe la me. Hafi ɣemaɣi naɖo la, nusrɔ̃la aɖewo anɔ mɔ kpɔm nɛ vevie, gake ahiã be woanɔ lalam va se ɖe esime Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi hena Amegbetɔvi la ƒe vava la de.

Yesu yi eƒe nyaa dzi be: “Amewo agblɔ na mi be, ‘Mikpɔ ɖa, ele afi mɛ!’ alo ‘Mikpɔ ɖa, ele afii!’ Migado go o, eye migadze wo yome o. Elabena ale si ko dzi kea dzo eye wòklẽna tso dziƒo ƒe go ɖeka dzi yia dziƒo ƒe go bubu dzi la, nenema kee Amegbetɔvi la anɔ le eƒe ŋkeke la dzi.” (Luka 17:23, 24) Nu kae ana be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ya makplɔ mesia alakpatɔwo ɖo o? Yesu gblɔ be Mesia vavã la ƒe vava anɔ abe ale si dzi kea dzo eye wòklẽna dea didiƒe wokpɔna la ene. Nu siwo aɖo kpe eƒe anyinɔɣi le Fiaɖuƒeŋusẽ me dzi la adze kɔtɛ na ame siwo katã léa ŋku ɖe nu ŋu.

Emegbe Yesu tsɔ ale si nuwo dzɔe le blema la sɔ kple ale si amewo ƒe nɔnɔme ava nɔ le etsɔme esi wògblɔ be: “Abe ale si wònɔ le Noa ƒe ŋkekeawo me ene la, nenema kee wòanɔ le Amegbetɔvi la ƒe ŋkekeawo me . . . Nenema kee wònɔ le Lot ƒe ŋkekeawo me: wonɔ nu ɖum, wonɔ nu nom, wonɔ nu ƒlem, wonɔ nu dzram, wonɔ nu ƒãm, wonɔ xɔ tum. Ke le ŋkeke si dzi Lot do go le Sodom la, dzo kple dzokpe dza tso dziƒo va tsrɔ̃ wo katã. Nenema kee wòanɔ le gbe si gbe Amegbetɔvi la aɖe eɖokui afia.”—Luka 17:26-30.

Yesu mele gbɔgblɔm be esi Noa kple Lot ƒe ŋkekea me tɔwo ƒo wo ɖokui ɖe gbe sia gbe nuwɔnawo abe nuɖuɖu, nunono, nudzadzra, nuƒeƒle, nuƒaƒã, kple xɔtutu ene me tae wotsrɔ̃ ɖo o. Noa kple Lot kpakple woƒe ƒomeawo hã wɔ nu siawo dometɔ aɖewo godoo. Gake ame bubuawo ya ti nu siawo yome ale gbegbe be womegatsɔ ɖeke le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me o, eye woŋe aɖaba ƒu nu si gbɔna dzɔdzɔ ge le woƒe ŋkekea me la dzi. Eya ta Yesu nɔ dzi dem ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be woalé fɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu. Enɔ nu si woawɔ be Mawu nakpɔ wo ta ale be woatsi agbe ne ehe tsɔtsrɔ̃ vɛ le etsɔme la fiam wo.

Ele be nusrɔ̃lawo nakpɔ nyuie be “nu siwo le megbe,” alo xexea me nu siwo ƒo xlã wo la nagahe woƒe susu o. Yesu gblɔ be: “Le ŋkeke ma dzi la, ame si le xɔ ta, evɔ eƒe nuwo le xɔa me la, megaɖi va be yeatsɔ wo o, eye ame si le agble me la hã megatrɔ va nu siwo le megbe la gbɔ o. Miɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi.” (Luka 17:31, 32) Lot srɔ̃ trɔ zu dzekɔ.

Esi Yesu nɔ ale si nuwo ava nɔ ne Amegbetɔvi la zu Fia le dzi ɖum me ɖem la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Le zã ma me la, ame eve amlɔ aba ɖeka dzi; woakplɔ ɖeka, ke woagblẽ evelia ya ɖi.” (Luka 17:34) Esia fia be woaxɔ ame aɖewo ɖe agbe, ke woagblẽ ame bubuwo ya ɖi, si fia be woabu woƒe agbe.

Nusrɔ̃lawo biae be: “Aƒetɔ, afi kae?” Yesu ɖo eŋu be: “Afi si nu kuku le la, afi mae hɔ̃wo hã ƒoa ƒu ɖo.” (Luka 17:37) Ɛ̃, ame aɖewo awɔ nu abe hɔ̃ siwo kpɔa nu le didiƒe la ene. Nusrɔ̃la siawo aƒo ƒu ɖe Kristo vavã la, si nye Amegbetɔvi la ŋu. Ɣemaɣi la, Yesu ana nyateƒe si xɔa ame ɖe agbe la eƒe nusrɔ̃la siwo si xɔse le.