Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 91

Wofɔ Lazaro Ðe Tsitre

Wofɔ Lazaro Ðe Tsitre

YOHANES 11:38-54

  • YESU FƆ LAZARO ÐE TSITRE

  • SANHEDRIN LA ÐO NUGBE BE YEWOAWU YESU

Esi Yesu do go Marta kple emegbe Maria hã le Betania vɔ megbe la, woyi Lazaro ƒe yɔdoa to. Enye kpeto si nu wotsɔ kpe ɖo. Yesu gblɔ be: “Miɖe kpe la ɖa.” Nya sia ɖe fu na Marta, elabena menya nu si Yesu ɖo be yeawɔ o. Eya ta egblɔ be: “Aƒetɔ, fifia anɔ ʋeʋẽm, elabena ŋkeke enee nye esia.” Gake Yesu gblɔ nɛ be: “Ðe nyemegblɔe na wò be ne èxɔe se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe oa?”—Yohanes 11:39, 40.

Eya ta woɖe kpe la ɖa. Azɔ Yesu wu mo dzi hedo gbe ɖa be: “Fofo, meda akpe na wò be èɖo tom. Nyateƒee, menya be èɖoa tom ɣesiaɣi; ke ameha si le tsitre ɖe afi sia tae megblɔe ɖo, ne woaxɔe ase be wòe dɔm ɖa.” Gbe si Yesu do ɖa le dutoƒo la na eteƒekpɔlawo kpɔe be Mawu ƒe ŋusẽ dzie wòato awɔ nu si wɔ ge wògbɔna. Azɔ Yesu do ɣli sesĩe be: “Lazaro lee, do go!” Ale Lazaro do go, eye ameɖivɔ siwo wotsɔ bla asi kple afɔ nɛ gakpɔtɔ le eŋu, avɔ si wotsɔ bla mo nɛ la hã gakpɔtɔ le mo nɛ. Yesu gblɔ be: “Mitui, ne wòadzo.”—Yohanes 11:41-44.

Yudatɔ geɖe siwo va akɔ fa ge na Maria kple Marta kpɔ nukunu sia eye woxɔ Yesu dzi se. Gake wo dometɔ bubuwo yi ɖagblɔ nu si Yesu wɔ la na Farisitɔwo. Farisitɔwo kple nunɔlawo ƒe tatɔwo wɔ ɖoɖo be Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si nye Sanhedrin la nakpe ta. Kayafa, si nye nunɔlagã la, hã nye Sanhedrin la me tɔ. Wo dometɔ aɖewo fa konyi be: “Nu ka wɔ ge míala, elabena ame sia le dzesi geɖewo wɔm? Ne míeɖe mɔ nɛ alea la, ekema wo katã woaxɔ edzi ase, eye Romatɔwo ava xɔ míaƒe nɔƒe kple míaƒe dukɔa siaa le mía si.” (Yohanes 11:47, 48) Togbɔ be ame siawo se ɖaseɖilawo ƒe nyawo be Yesu “le dzesi geɖewo wɔm” hã la, womele dzidzɔ kpɔm ɖe nu si Mawu le wɔwɔm to edzi la ŋu o. Ŋusẽnɔƒe kple ɖoƒe siwo wole la ŋu koe wotsi dzi ɖo.

Ŋukpe gãe wònye na Zadukitɔwo be wofɔ Lazaro ɖe tsitre, elabena womexɔ tsitretsitsi la dzi se o. Azɔ Kayafa, si nye Zadukitɔ la, ƒo nu gblɔ be: “Mienya naneke kura o. Ðe miekpɔe dze sii be ade mia dzi be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta wu be dukɔ bliboa natsrɔ̃ oa?”—Yohanes 11:49, 50; Dɔwɔwɔwo 5:17; 23:8.

Esi Kayafa nye nunɔlagã ta la, Mawu na wògblɔ nya ma—menye “eya ŋutɔ ɖokui sie” wògblɔe le o. Nu si gblɔm Kayafa nɔe nye be ele be woawu Yesu, ale be wòagayi edzi agblẽ nu le bubu kple ɖoƒe si Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo le la ŋu o. Ke hã, Kayafa ƒe nyagblɔɖia le kpe ɖom edzi be Yesu ƒe kua manye tafe ɖe Yudatɔwo ɖeɖe ko ta o, ke boŋ ɖe “Mawu ƒe vi siwo ka hlẽ la” katã hã ta.—Yohanes 11:51, 52.

Kayafa te ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe Sanhedrin la dzi be wowɔ ɖoɖo ɖe Yesu wuwu ŋu. Ðe Nikodemo, si nye Sanhedrin la me tɔ si dze xɔlɔ̃ Yesu la ava fi tofi nɛa? Aleke kee wòɖale o, Yesu dzo le Yerusalem ƒe nutoa me, si wɔe be meku do ŋgɔ na Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi la o.