Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 99

Yesu Yɔ Dɔ Ŋkuagbãtɔwo Eye Wòkpe Ðe Zaxeo Ŋu

Yesu Yɔ Dɔ Ŋkuagbãtɔwo Eye Wòkpe Ðe Zaxeo Ŋu

MATEO 20:29-34 MARKO 10:46-52 LUKA 18:35–19:10

  • YESU YƆ DƆ ŊKUAGBÃTƆWO LE YERIKO

  • ADZƆXƆLA ZAXEO TRƆ DZI ME

Yesu kple ame siwo le mɔ zɔm kplii la ɖo Yeriko, si didi tso Yerusalem abe ŋkeke ɖeka ƒe mɔzɔzɔ ene. Du evee woyɔna be Yeriko, eye du xoxotɔ gbɔ didi tso Romatɔwo ƒe du yeyea gbɔ abe kilometa ɖeka kple afã ene. Esi Yesu kple amehawo dzo le du siawo dometɔ ɖeka me yina kemɛa me la, ŋkuagbãtɔ eve siwo nye nubialawo la se amewo ƒe hoowɔwɔ. Wo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye Bartimeo.

Esi Bartimeo kple eƒe evelia se be Yesu va yina la, wode asi ɣlidodo me be: “Aƒetɔ, David Vi, kpɔ nublanui na mí!” (Mateo 20:30) Ke ameha la me tɔ aɖewo blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe, gake wogado ɣli ɖe edzi boŋ. Esi Yesu de dzesi nu si nɔ edzi yim la, etɔ. Yesu gblɔ na ame siwo le eŋu la be woayɔ ame siwo le ɣlia dom la na ye. Woyi nubialaawo gbɔ hegblɔ na wo dometɔ ɖeka be: “Wò dzi nedze eme! Tso; ele yɔwòm.” (Marko 10:49) Ŋutsua tsɔ dzidzɔ ɖe eƒe awudziwui ƒu gbe hetso kpla yi Yesu gbɔ.

Yesu bia ŋkuagbãtɔawo be: “Nu kae miedi be mawɔ na mi?” Woɖo eŋu be: “Aƒetɔ, na míaƒe ŋkuwo naʋu.” (Mateo 20:32, 33) Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu, eye wòka asi woƒe ŋkuwo ŋu. Le wo dometɔ ɖeka gome la, egblɔ nɛ be: “Heyi. Wò xɔse na nèhaya.” (Marko 10:52) Ŋkuagbãtɔ eveawo siaa ƒe ŋkuwo ʋu, eye wode asi Mawu kafukafu me. Esi ameawo kpɔ nu si dzɔ la, woawo hã wokafu Mawu. Ame siwo nye ŋkuagbãtɔwo tsã la dze Yesu yome azɔ.

Ameha gã aɖe le Yesu ŋu esime wònɔ Yeriko dua me tom. Ame sia ame di be yeakpɔ ame si ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔawo. Amewo le Yesu mimim ɖo le goawo katã me, si wɔe be ame aɖewo mete ŋu kpɔe flui gɔ̃ hã o. Aleae wònɔ le Zaxeo hã gome. Adzɔxɔla siwo le Yeriko kple eƒe golɔgoewo la ƒe amegãe wònye. Esi wònye ame kpui ta la, mete ŋu nɔ nu si le edzi yim la kpɔm o. Eya ta Zaxeo ƒu du dze Yesu ŋgɔ ɖalia gboti aɖe si le mɔ si tom wòle la dzi. Kɔkɔƒe si Zaxeo le azɔ la ana wòakpɔ nu sia nu si le edzi yim. Esi Yesu gogo Zaxeo hekpɔe le atia me la, egblɔ nɛ be: “Zaxeo, ɖi kaba, elabena aƒewò mee madze egbe.” (Luka 19:5) Zaxeo ɖi le atia dzi heyi aƒe me kaba ɖaxɔ eƒe amedzro sia si ŋu bubu le la.

Esi ameawo kpɔ nu si le dzɔdzɔm la, wode asi liʋiliʋĩlilĩ me. Woƒe susue nye be mele be Yesu nadze ame si woawo wobu nu vɔ̃ wɔla la gbɔ o. Zaxeo zu kesinɔtɔ to adzodada amewo le adzɔxɔxɔ me dzi.

Esi Yesu le gegem ɖe Zaxeo ƒe me la, ameawo gblɔ be: “Ŋutsu sia yina nu vɔ̃ wɔla gbɔ dze ge.” Gake Yesu ya kpɔe be Zaxeo ate ŋu atrɔ dzi me. Eye Yesu ƒe mɔkpɔkpɔa medo kpo emevava o. Zaxeo tsi tre hegblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa Aƒetɔ, matsɔ nye nunɔamesiwo ƒe afã ana ame dahewo, eye maɖo nu sia nu si metafa ame aɖe xɔ le esi la teƒe zi ene.”—Luka 19:7, 8.

Mɔ si nu Zaxeo ɖee fia le be yetrɔ dzi me la ɖe dzesi ŋutɔ! Anɔ eme be ne ekpɔ eƒe adzɔxɔxɔ ŋuti nuŋlɔɖiwo dzi la, ate ŋu abu home si tututu wòxɔ le Yudatɔ vovovowo si. Azɔ eɖe adzɔgbe be yeaɖo eteƒe na wo zi ene. Esia sɔ gbɔ wu nu si Mawu ƒe sea bia gɔ̃ hã. (2 Mose 22:1; 3 Mose 6:2-5) Gawu la, Zaxeo do ŋugbe be yeatsɔ yeƒe nunɔamesiwo ƒe afã ana ame dahewo.

Zaxeo ƒe dzimetɔtrɔ ŋuti kpeɖodzi sia dze Yesu ŋu, eye wògblɔ be: “Xɔxɔ va aƒe sia me egbea, elabena Abraham vie wò hã nènye. Elabena Amegbetɔvi la va be yeadi ame siwo bu la ahaɖe wo.”—Luka 19:9, 10.

Ɣeyiɣi kpui aɖee nye ema do ŋgɔ esi Yesu ƒo nu tso “ame siwo bu” la ŋu le eƒe lododo si ku ɖe vi búbua ŋu la me. (Luka 15:11-24) Azɔ ena wokpɔ nya siwo wògblɔ va yi la ŋuti kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ esi wòva ke ɖe ame sia si bu hafi la ŋu. Ele eme be subɔsubɔhakplɔlawo kple wo yomedzelawo anɔ Yesu ŋu lĩm ahanɔ nu ƒom tsi tre ɖe eŋu le esi wòdea ha kple ame siwo le abe Zaxeo ene ta ya. Gake Yesu yi edzi le Abraham ƒe vi siwo bu la dim hele wo kple Mawu dome dzram ɖo.