Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 98

Apostoloawo Gadi Nɔƒe Gã Ake

Apostoloawo Gadi Nɔƒe Gã Ake

MATEO 20:17-28 MARKO 10:32-45 LUKA 18:31-34

  • YESU GAƑO NU TSO ALE SI WÒAVA KUI ŊU

  • APOSTOLOAWO ƑE NƆƑE GÃ DIDI KUXIA GBƆ KPƆKPƆ

Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo le anyiehemɔ si wozɔ to Perea ɖo ta Yerusalem la ƒe nuwuwu gogom la, wotso Yordan-tɔsisia le afi si te ɖe Yeriko ŋu. Ame bubuwo hã le mɔa zɔm kpli wo hena ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu.

Yesu le ŋgɔ na nusrɔ̃lawo, eye eɖoe kplikpaa be yeaɖo Yerusalem kaba hena Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu. Gake eƒe nusrɔ̃lawo nɔ vɔvɔ̃m. Do ŋgɔ esi Lazaro ku eye Yesu le mɔ dze ge tso Perea ayi Yudea la, Toma gblɔ na etɔ nusrɔ̃lawo be: “Mina míawo hã míayi, ne míaku kplii.” (Yohanes 11:16, 47-53) Esia fia be afɔku ate ŋu ado tso Yerusalem yiyi me, eya ta eme kɔ be nusrɔ̃lawo nɔ vɔvɔ̃m.

Be Yesu nadzra eƒe apostoloawo ɖo ɖe nu si ava dzɔ ŋu la, eɖe kpɔ wo hegblɔ na wo be: “Míeyina Yerusalem, eye woade Amegbetɔvi la asi na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo. Woatso kufia nɛ, eye woadee asi na dukɔwo me tɔwo woaɖu fewu le eŋu, woaƒoe kple atam, eye woahee ɖe ati ŋu; gake woafɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃a gbe.”—Mateo 20:18, 19.

Esiae nye zi etɔ̃lia Yesu gblɔ eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu nya na eƒe nusrɔ̃lawo. (Mateo 16:21; 17:22, 23) Fifia ya egblɔe na wo be woahe ye ɖe ati ŋu. Wonɔ to ɖomee, gake womese nya si gblɔm wònɔ la gɔme o. Ðewohĩ wonɔ mɔ kpɔm be woagaɖo Israel fiaɖuƒea anyi ɖe anyigba dzi ake, eye wodi ŋutikɔkɔe kple bubu le anyigba dzi fiaɖuƒe me kple Kristo.

Apostolo Yakobo kple Yohanes dada, si anɔ eme be eyae nye Salome la hã nɔ mɔzɔlawo dome. Yesu tsɔ ŋkɔ si gɔmee nye “Dziɖegbeviwo” la na apostolo eve siawo va yi, eye ɖikeke mele eme o be esi woƒe mo mefa o tae. (Marko 3:17; Luka 9:54) Ɣeyiɣi aɖee nye esia ame eve siawo le didim be yewoanɔ ɖoƒe kɔkɔwo le Kristo ƒe Fiaɖuƒea me. Wo dada nya nu tso esia ŋu. Azɔ eva Yesu gbɔ ɖe wo nu eye wòdze klo nɛ hetsɔ eƒe biabia la ɖo eŋkume. Yesu biae be: “Nu ka dim nèle?” Eɖo eŋu be: “Na be vinyeŋutsu eve siawo dometɔ ɖeka nanɔ anyi ɖe wò ɖusime eye evelia ɖe wò miame le wò Fiaɖuƒe la me.”—Mateo 20:20, 21.

Le nyateƒe me la, Yakobo kple Yohanes ye to wo dada dzi nɔ nu sia biam. Esi wònye be Yesu ƒo nu tso ŋukpe kple vlodoame si ava edzi la ŋu vɔ koe nye ema ta la, egblɔ na wo be: “Mienya nu si biam miele o. Ðe miate ŋu ano kplu si no ge malaa?” Woɖo eŋu be: “Míate ŋui.” (Mateo 20:22) Edze ƒãa be womese nu si gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe wo dzi la gɔme ŋutɔŋutɔ haɖe o.

Ke hã Yesu gblɔ na wo be: “Miano nye kplu la baa, gake anyinɔnɔ ɖe nye ɖusime alo miame ya la, menye tɔnye be mana o, ke boŋ ame siwo Fofonye dzrae ɖo ɖi na la tɔe.”—Mateo 20:23.

Esi apostolo ewo susɔeawo se nu si Yakobo kple Yohanes bia la, dzi ku wo. Ðe wòanye be Yakobo kple Yohanes ƒe gbe sẽ wu esime apostoloawo ʋli nya va yi ku ɖe ame si nye gãtɔ ŋua? (Luka 9:46-48) Aleke kee wòɖale o, nu si wole biabiam fifia la ɖee fia be Ame Wuieveawo mewɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame ku ɖe ame ɖokui wɔwɔ suetɔ ŋu la dzi o. Nɔƒe gã didi ƒe dzodzroa gale wo me kokoko.

Yesu ɖe afɔ be yeatsɔ akpɔ nyaʋiʋli sia kple ale si wòna dɔme le wo vem ɖe wo nɔewo ŋu la gbɔ. Eyɔ Ame Wuieveawo va eɖokui gbɔ hexlɔ̃ nu wo lɔlɔ̃tɔe ale: “Mienyae be ame siwo wobuna dukɔwo dzi ɖulawo la ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woƒe amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi. Meganɔ alea le mia dome o; ke boŋ ame sia ame si di be yeanye gã le mia dome la nanye miaƒe subɔla, eye ame sia ame si di be yeanye gbãtɔ le mia dome la nanye mi katã miaƒe kluvi.”—Marko 10:42-44.

Yesu he woƒe susu yi kpɔɖeŋu si wòle be woasrɔ̃ la dzi—eyae nye eya ŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu. Egblɔ na wo be: “Amegbetɔvi la meva be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ eye yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafe na ame geɖewo.” (Mateo 20:28) Anɔ abe ƒe etɔ̃e nye ema Yesu le ame bubuwo subɔm. Eye mese ɖe afi ma o, aku ɖe ameƒomea ta gɔ̃ hã! Ehiã be nɔnɔme ma ke si le Kristo si, si nye be yeasubɔ ame bubuwo, ke menye be woasubɔ ye o, be wòawɔ eɖokui suetɔ, ke menye be wòadi nɔƒe gã o la nasu wo si.