Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 08

Àte Ŋu Anye Yehowa Xɔlɔ̃

Àte Ŋu Anye Yehowa Xɔlɔ̃

Yehowa di be nànya ye nyuie wu. Nu ka tae? Ele mɔ kpɔm be, ne èva nya nu geɖe wu tso yeƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, eye nèva nya ale si yewɔa nu ɖe amewo ŋu kple nu si yeɖo be yeawɔ na wò la, àdi vevie be yeanye ye xɔlɔ̃. Ðe nèxɔe se be anya wɔ be nànye Mawu xɔlɔ̃a? (Xlẽ Psalmo 25:14.) Nu kae nàte ŋu awɔ be nànye exɔlɔ̃? Biblia ɖo biabia mawo ŋu, eye wòna míenya nu si tae Yehowae nye Xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake si ate ŋu anɔ asiwò.

1. Nu kae Yehowa le kpewòm be nàwɔ?

“Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Nu kae nya sia fia? Yehowa le gbɔgblɔm na wò be nànye ye xɔlɔ̃. Ewɔna na ame aɖewo be yewomate ŋu anye Mawu xɔlɔ̃ gbeɖe o, le esi womate ŋu akpɔ Mawu o ta. Ke hã, le eƒe Nya, Biblia me la, Yehowa ɖe nu sia nu si wòhiã be míanya tso ye ŋu ale be míate ŋu ate ɖe ye ŋu la fia mí. Ne míexlẽa Mawu ƒe gbedeasi si le Biblia me na mí la, mía kple Yehowa dome va nɔa kplikplikpli wu, togbɔ be míekpɔe kpɔ o gɔ̃ hã.

2. Nu ka ta Yehowae nye Xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake si ate ŋu anɔ asiwò?

Yehowae nye Ame si lɔ̃ wò wu ame bubu ɖe sia ɖe. Edi be nàkpɔ dzidzɔ, eye edi be nàƒo nu kpli ye ɣesiaɣi si nèhiã kpekpeɖeŋu. Àte ŋu ‘adro wò dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi, elabena eléa be na wò.’ (1 Petro 5:7) Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe ye xɔlɔ̃wo ŋu, afa akɔ na wo, ahaɖo to woƒe nyawo.—Xlẽ Psalmo 94:18, 19.

3. Nu kae Yehowa dina tso exɔlɔ̃wo si?

Yehowa lɔ̃ amewo katã, gake “tsi metoa eya kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.” (Lododowo 3:32) Yehowa dina tso exɔlɔ̃wo si be woadze agbagba awɔ nu si nyo le ye ŋkume eye woaƒo asa na nu si yebuna nu gbegblẽ. Ame aɖewo sena le wo ɖokuiwo me be yewomate ŋu awɔ nu sia nu si Yehowa di tso yewo si la gbeɖe o eye yewomate ŋu aƒo asa na nu gbegblẽ ɖe sia ɖe o. Ke hã, Yehowa nye nublanuikpɔla. Exɔa ame sia ame si lɔ̃ eyama tso dzi me hewɔa eƒe ŋutete ɖe sia ɖe be yeadze Eŋu.—Psalmo 147:11; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Míasrɔ̃ nu bubuwo tso ale si nàwɔ anye Yehowa xɔlɔ̃ ŋu, eye míakpɔ nu si tae Yehowae nye Xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake si ate ŋu anɔ asiwò.

4. Abraham nye Yehowa xɔlɔ̃

Abraham (si woyɔna tsã be Abram) ƒe ŋutinya si le Biblia me la kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nu si wòfia be ame nanye Mawu xɔlɔ̃. Mixlẽ nu tso Abraham ŋu le 1 Mose 12:1-4, eyome miadzro nyabiase siawo me:

  • Nu kae Yehowa gblɔ na Abraham be wòawɔ?

  • Ŋugbe kae Yehowa do na Abraham?

  • Nu kae Abraham wɔ?

5. Nu si Yehowa dina tso exɔlɔ̃wo si

Zi geɖe la, míedia nanewo tso mía xɔlɔ̃wo si.

  • Nu siwo nèdina be xɔ̃wòwo nawɔ na wò la dometɔ aɖewo ɖe?

Mixlẽ 1 Yohanes 5:3, eyome miadzro biabia sia me:

  • Nu kae Yehowa kpɔa mɔ be ye xɔlɔ̃wo nawɔ?

Toɖoɖo Yehowa ate ŋu abia be míatrɔ míaƒe agbenɔnɔ. Mixlẽ Yesaya 48:17, 18, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu ka tae Yehowa biana tso exɔlɔ̃wo si be woawɔ tɔtrɔwo le woƒe agbenɔnɔ me?

Xɔlɔ̃ nyui agblɔ nu si míawɔ be míanɔ dedie eye eme nanyo na mí la na mí. Yehowa wɔa nenema ke na exɔlɔ̃wo

6. Nu si Yehowa wɔna na exɔlɔ̃wo

Yehowa kpena ɖe exɔlɔ̃wo ŋu ne wole kuxiwo me tom. Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro biabia si gbɔna me.

  • Aleke Yehowa kpe ɖe nyɔnu si le videoa me ŋu wòɖu seselelãme siwo ɖe fu nɛ la dzi?

Mixlẽ Yesaya 41:10, 13, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Nu kae Yehowa do ŋugbe be yeawɔ na ye xɔlɔ̃wo katã?

  • Ðe nèsusu be Yehowa anye Xɔlɔ̃ nyui aɖea? Nu ka tae?

Ne xɔlɔ̃ nyuiwo le asiwò la, woakpe ɖe ŋuwò ne èhiã kpekpeɖeŋu. Yehowa hã akpe ɖe ŋuwò nenema ke

7. Xɔlɔ̃dzedze Yehowa bia be míaƒo nu nɛ eye míase eƒe nyawo

Ne xɔlɔ̃wo ɖoa dze kple wo nɔewo la, wo dome va nɔa kplikplikpli. Mixlẽ Psalmo 86:6, 11, eye miadzro nyabiase siawo me

  • Aleke míate ŋu aƒo nu na Yehowa?

  • Aleke Yehowa ƒoa nu na mí?

Míeƒoa nu na Yehowa ne míedo gbe ɖa nɛ; eya hã ƒoa nu na mí to Biblia dzi

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Manya wɔ gbeɖe be ame nanye Mawu xɔlɔ̃ o.”

  • Mawunyakpukpui kae nàte ŋu azã atsɔ aɖee afia be míate ŋu anye Yehowa xɔlɔ̃?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Yehowa di be yeanye Xɔ̃wò, eye akpe ɖe ŋuwò be wò kplii dome nanɔ kplikplikpli.

Numetoto

  • Aleke Yehowa kpena ɖe exɔlɔ̃wo ŋui?

  • Nu ka tae Yehowa biana tso exɔlɔ̃wo si be woawɔ tɔtrɔwo le woƒe agbenɔnɔ me?

  • Ðe nèsusu be Yehowa biaa nu geɖe fũu akpa tso exɔlɔ̃wo sia? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Ne ènye Mawu xɔlɔ̃ la, aleke esia ate ŋu aɖe vi na wò?

“Yehowa—Mawu Si Wòle Be Nàdze Sii” (Gbetakpɔxɔ, February 15, 2003)

Xlẽ nu tso nu si tae nyɔnu aɖe se le eɖokui me be xɔlɔ̃dzedze Yehowa xɔ ye ɖe agbe la ŋu.

“Nyemedi Be Maku O!” (Gbetakpɔxɔ No. 1 2017)

Le odio sia me la, àse nya siwo ɖekakpui kple ɖetugbuiwo gblɔ tso ale si wosena le wo ɖokuiwo me tso Yehowa ŋu la ŋu.

Nu Kae Wòfia Be Ame Nanye Mawu Xɔlɔ̃? (1:46)